Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Mawusubɔsubɔ me Nuhiahiãwo

Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Mawusubɔsubɔ me Nuhiahiãwo

Alesi Nàwɔ Akpɔ Wò Mawusubɔsubɔ me Nuhiahiãwo

“AGBALẼ 300 kple edzivɔ siwo ƒo nu tso agbenɔnɔ ɖe mawusosroɖa nu le dɔwɔƒe ŋu—tso agbalẽ si nye Jesus CEO dzi vaseɖe The Tao of Leadership dzi—yɔ agbalẽdzraƒewo le ƒe ewo siwo va yi me.” Aleae U.S.News & World Report ka nya tae. Nɔnɔme sia nye kpɔɖeŋu ɖeka aɖe ko si ɖee fia be le nyateƒe me la, mawusosroɖa ƒe mɔfiafia ƒe dɔ le ame geɖe wu wum le dukɔ siwo me kesinɔnuwo bɔ ɖo me. Asitsatsa ŋu nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Training & Development gblɔ le esia ŋu be: “Míele gɔmesese deto, si nye tameɖoɖo si le agbe ŋu, kpakple mía ŋutɔwo míaƒe dzidzemekpɔkpɔ geɖe wu dim le ɣeyiɣi sia si me mɔ̃ɖaŋununya akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi la me.”

Gake afikae nàte ŋu akpɔ gbɔgbɔmemɔfiame si naa dzidzeme ame le? Tsã la, amewo kpɔa subɔsubɔha gãwo sinu be woakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ “gɔmesese deto” kple “tameɖoɖo” si le agbe ŋu. Gake egbea ame geɖewo gbe nu le subɔsubɔha nyanyɛwo gbɔ. Agbalẽ si nye Training & Development gblɔ be numekuku siwo wowɔ tso dɔnunɔla kple dɔdzikpɔla deŋgɔ 90 gbɔ ɖee fia be “amewo kpɔa vovototo gã aɖe le mawusubɔsubɔ kple gbɔgbɔmemenyenye dome.” Amesiwo gbɔ wowɔ numekukua tsoe bu mawusubɔsubɔ be enye nusi me “nazãbubu kple mama” xɔ aƒe ɖo, gake wobu gbɔgbɔmemenyenye be “ebua amewo katã ŋu.”

Sɔhɛ geɖe siwo le dukɔ siwo me amewo medoa vivi ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le o me, abe Australia, New Zealand, United Kingdom, kple Europa ene me hã kpɔe be vovototo le mawusubɔsubɔ kple gbɔgbɔmemenyenye dome. Nufialagã Ruth Webber te tɔ ɖe nya sia dzi le eƒe agbalẽ si nye Youth Studies Australia me be: “Sɔhɛ akpa gãtɔ xɔ Mawu alo ŋusẽ si de ŋgɔ wu dzɔdzɔmetɔ aɖe dzi se gake womebua sɔlemehaa be ehiã alo kpena ɖe yewo ŋu be yewoaɖe yewoƒe gbɔgbɔmemenyenye afia o.”

Mawusubɔsubɔ Vavãtɔ Doa Gbɔgbɔmemenyenye Ðe Ŋgɔ

Eme kɔ be amewo kea ɖi mawusubɔsubɔ alea. Nusitae nye be subɔsubɔha geɖewo ƒo wo ɖokui ɖe dunyahehe ƒe ameflunuwo kple alakpanuwɔna me eye ame maɖifɔ siwo wowu le subɔsubɔhawo ƒe aʋawɔwɔ gbogboawo me ƒe ʋufɔɖiɖi le wo dzi. Gake esi ame aɖewo gbe nu le subɔsubɔhawo gbɔ ɖe woƒe alakpanuwɔwɔ kple beble ta la, wowɔ vodada gbe Biblia hã elabena wosusu be Biblia da asi ɖe nuwɔna mawo dzi.

Le nyateƒe me, Biblia tsi tre ɖe alakpanuwɔwɔ kple sedzimawɔmawɔ ŋu. Yesu gblɔ na subɔsubɔhakplɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me be: “Baba na mi, agbalẽfialawo kple farisitɔwo, alakpatɔwo; elabena mieɖi yɔdo, siwo ŋuti wosi akalo ɖo, eye wole dzedzem nyuie la, ke wo me yɔ fũ kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple ɖiƒoƒo katã. Nenema ke miawo hã miedzena ame dzɔdzɔewo le gota le amewo ƒe ŋku me; ke mia me yɔ taŋ kple alakpadada kpakple madzɔmadzɔnyenye.”—Mateo 23:27, 28.

Gawu la, Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanye akpaɖekedzimadelawo le dunyahenyawo me. Le esi wòaƒoe ɖe xɔsetɔwo nu be woawu wo nɔewo teƒe la, efia wo be woalɔ̃ faa be woaku ɖe wo nɔewo ta boŋ. (Yohanes 15:12, 13; 18:36; Yohanes I, 3:10-12) Le esi “nazãbubu kple mama” naxɔ aƒe ɖe subɔsubɔha vavãtɔ si wotu ɖe Biblia dzi me teƒe la, “ebua amewo katã ŋu.” Apostolo Petro gblɔ be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.

Biblia—Gbɔgbɔ me Lãmesẽ me Nɔnɔ ƒe Mɔfiala si Dzi Woate Ŋu Aka Ðo

Biblia gblɔ na mí be wowɔ amegbetɔwo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu. (Mose I, 1:26, 27) Togbɔ be esia mefia be amegbetɔwo ɖi Mawu le dzɔdzɔme nu o hã la, efia be ŋutete le wo si be woaɖe Mawu ƒe amenyenye ƒe nɔnɔmewo si ƒe ɖee nye gbɔgbɔmenuwo tutuɖo ƒe ŋutete, alo gbɔgbɔmemenyenye afia.

Esi wòle alea ta la, esɔ be míaxɔe ase be Mawu ana nusiwo akpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ kple mɔfiame nyui siwo dzi míato anya nusiwo aɖe vi na mí alo agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me la mí. Abe alesi Mawu wɔ dɔlélenutsiŋutete wɔnuku si wɔa avu kple dɔlékuiwo ɖe míaƒe lãme eye wòna míenɔa lãmesẽ me ene la, ena dzitsinya, alo ememe ƒe gbeɖiɖi aɖe hã mí si te ŋu kpena ɖe mía ŋu be míewɔa nyametsotso nyuiwo hetsria nuwɔna siwo gblẽa nu le mía ŋu le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me la hã mí. (Romatɔwo 2:14, 15) Míenyae be hafi míaƒe dɔlélenutsiŋutete nawɔ dɔ la, ele be míanyi míaƒe ŋutilã nyuie. Nenema ke wòle be hafi míaƒe dzitsinya nawɔ dɔ nyuie la, ele be míatsɔ gbɔgbɔ me nuɖuɖu nyuiwo anyii.

Esi Yesu nɔ susu hem yi nuɖuɖu si ƒomevi ana míanɔ lãmese me le gbɔgbɔ me dzi la, egblɔ be: “Menye abolo ɖeɖe ko ŋuti ame lanɔ agbe ɖo o, negbe ɖe nya sia nya, si dona tsoa Mawu ƒe nu me la ŋuti.” (Mateo 4:4) Woŋlɔ Yehowa ƒe nyawo ɖe eƒe Nya Biblia me eye ‘wonyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo.’ (Timoteo II, 3:16) Ekpo ɖe mía gbɔ azɔ be míadze agbagba axɔ gbɔgbɔmenunyiame ma. Vi si esia aɖe na mí le gbɔgbɔ kple ŋutilã me la nɔa te ɖe alesi gbegbe míesrɔ̃a Bibliae kple alesi míedzea agbagba wɔa eƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le míaƒe agbe me la dzi.—Yesaya 48:17, 18.

Ðe Agbagba Siwo Míadze Aɖe Via?

Nyateƒee, Biblia sɔsrɔ̃ be míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me nyuie wu bia ɣeyiɣi; evɔ ele dzedzem abe ɖe ɣeyiɣi nye nusi kpɔkpɔ le sesẽm ɖe edzi ene. Gake teƒeɖoɖo geɖe doa go tsoa esia wɔwɔ me! Se alesi dɔ gã wɔla aɖewo siwo mevona kura o ɖe nusitae ɣeyiɣi didi na woƒe gbɔgbɔ me lãmesẽ gbɔ kpɔkpɔ le vevie na woe me ɖa.

Marina, si nye ɖɔkta gblɔ be: “Le nyateƒe me, nyemebu nye gbɔgbɔmemenyenye ŋu kpɔ o vaseɖe esime mete dɔ wɔwɔ le kɔdzi eye mekpɔ alesi gbegbe ame bubuwo le fu kpemee. Meva de dzesii ɣemaɣi be hafi makpɔ dzidzeme kple susu ƒe akɔdzeanyi la, ele be madze si nye gbɔgbɔmenuhiahiãwo ahakpɔ wo gbɔ, elabena agbe me hloloetsotso kple amewo ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ƒe dɔ si mewɔna la wua tsɔtsɔ nam.

“Mele Biblia srɔ̃m kple Yehowa Ðasefowo fifia. Nusɔsrɔ̃ sia kpena ɖe ŋunye medzroa nye nuwɔnawo kple dzimedidiwo me le mɔ deamedzi nu eye metrɔa asi le nye tamesusuwo ŋu be woanɔ nukpɔsusu nyuiwo ŋu ale be mate ŋu anɔ agbe si da sɔ. Mekpɔa dzidzeme geɖe le nye dɔwɔɖuia me. Gake Biblia sɔsrɔ̃e na nye seselelãme nyo ɖe edzi eye wònana meɖua seselelãme gbegblẽwo dzi, eye nye dzimaɖitsitsiwo dzi ɖena kpɔtɔna, eye megbɔa dzi ɖi hekpɔa nublanui na amewo wu. Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔwɔwɔ ɖe vi na nye srɔ̃ɖeɖe hã. Vevietɔ meva nya Yehowa eye le mɔ sue aɖe nu la, mekpɔ eƒe gbɔgbɔ la ƒe dɔwɔwɔ ɖe dzinye si na gɔmesese geɖe wu va le nye agbe ŋu.”

Nicholas, si nye xɔtuɖaŋunyala gblɔ be: “Hafi masrɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo la, nyemetsɔa ɖeke le gbɔgbɔmenuwo me o. Nye taɖodzinu koŋ enye be makpɔ dzidzedze le nye dɔwɔɖui si metia me. Biblia sɔsrɔ̃ na menya be agbe lɔ nu geɖe wu ɖe eme kple be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ naa wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ si nɔa anyi ɖaa.

“Nye dɔwɔɖuia nya hea dzidzeme aɖe vɛ nam ya, gake Bibliae na menya vevienyenye si le agbe tsɛ nɔnɔ me be nye susu nanɔ gbɔgbɔmenuwo dzi. Ewɔwɔ alea na mía kple srɔ̃nye míeƒo asa na nuteɖeamedzi siwo tsoa ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ vivivo me. Míedze xɔlɔ̃ vavã geɖewo hã le hadede kple amesiwo si gbɔgbɔ me nukpɔsusu sia ke le me.”

Vincent, si nye senyala gblɔ be: “Dɔwɔɖui nyui ate ŋu ana dzidzeme aɖe ame ya. Ke hã meva de dzesii be be woanye dzidzɔkpɔla kple amesi ƒe dzi dze eme vavã la bia nu geɖe wu. Hafi mava nya nusi Biblia fia tso nya sia ŋu la, meɖo ŋku edzi be ewɔ nam be tofloko koe agbea nye—be woadzi ame, wòatsi, aɖe srɔ̃, awɔ dɔ akpɔ viawo dzi, ana hehe viawo be woawo hã woato agbe mɔ sia ke dzi, eye mlɔeba woaku amegã alo nyagã ahaku.

“Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo megbe ko hafi meva kpɔ ŋuɖoɖo fakɔnamewo na nye biabiawo le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti. Biblia sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye be meva nya be ame ŋutɔŋutɔe Yehowa nye eye metu lɔlɔ̃ deto ɖo na eyama. Esia kpe ɖe ŋunye mete ŋu lé gbɔgbɔ me nukpɔsusu nyui me ɖe asi eye medzea agbagba be manɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple nusi meva nya be eyae nye eƒe tameɖoɖo. Fifia mía kple srɔ̃nye ƒe dzi dze eme be míele míaƒe agbe zãm le mɔ nyuitɔ kekeake nu.”

Wò hã àte ŋu ava nya tameɖoɖo kple gɔmesese si le agbe ŋu to Biblia sɔsrɔ̃ me. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be woakpe ɖe ŋuwò. Abe Marina, Nicholas, kple Vincent ene la, àte ŋu ava kpɔ dzidzeme si tsoa nusɔsrɔ̃ tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖo na ameƒomea katã kple na ame ɖekaɖekawo abe wò ene ŋu me. Menye ɖekoe dzi adzɔ wò le esi nàte ŋu akpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ fifia ta ko evɔ o, ke boŋ agbe mavɔ nɔnɔ le lãmesẽ deblibo me ƒe mɔkpɔkpɔ—si nye mɔkpɔkpɔ si sua amesiwo ‘tsɔa ɖe le woƒe gbɔgbɔ me nuhiahiã me’ ɖeɖeko si—hã asu asiwò.—Mateo 5:3.

Mɔ siwo dzi míato atu míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo dometɔ ɖekae nye gbedodoɖa. Yesu gbɔ dzi ɖi fia alesi woado gbe ɖa eƒe nusrɔ̃lawo eye wòfia gbedodoɖa si wonya nyuie be Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa la wo. Gɔmesese kae le gbedodoɖa ma ŋu na wò egbea? Aleke wòate ŋu aɖe vi na wòe? Àkpɔ ŋuɖoɖoawo le nyati eve siwo kplɔe ɖo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Marina

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nicholas

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Vincent