Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiase Gbogbowo Ŋuɖoɖo Dzeameŋu Ʋɛwo

Nyabiase Gbogbowo Ŋuɖoɖo Dzeameŋu Ʋɛwo

Nyabiase Gbogbowo Ŋuɖoɖo Dzeameŋu Ʋɛwo

LE AME Kɔkɔewo Katã ƒe Ŋkeke, si nye November 1, 1755, ƒe ŋdime la, anyigba ʋuʋu sesĩe le Lisbon-dugã la me esime dua me tɔ akpa gãtɔ nɔ sɔleme. Xɔ akpe geɖe mu, eye ame akpe gbogbowo ku.

Le afɔku ma megbe kpuie la, Fransetɔ agbalẽŋlɔla Voltaire ta eƒe agbalẽ si nye Poème sur le désastre de Lisbonne (Lisbon-fɔkua Ŋuti Hakpanya), si me wòŋlɔ ɖo be nya si gblɔm wole be afɔkua nye to si Mawu he na ameawo ɖe woƒe nuvɔ̃wo ta la menye nyateƒe o. Esi Voltaire nɔ gbe tem ɖe edzi be amegbetɔwo mate ŋu ase afɔku mawo tɔgbe ƒe dzɔdzɔ gɔme alo aɖe wo me o la, eŋlɔ bena:

Dzɔdzɔme meƒoa nu o, eyata dzodzroe míebiaa nyae;

Míehiã Mawu aɖe si ƒoa nu na ameƒomea.

Ke hã, menye Voltaire ye nye ame gbãtɔ si bia nyawo tso Mawu ŋu o. Le amegbetɔ ƒe ŋutinya katã me la, dzɔgbevɔ̃ewo kple afɔkuwo fɔ nyabiasewo ɖe amewo ƒe susu me. Ƒe akpe geɖee nye esi va yi la, blemafofo Hiob, amesi ƒe viwo katã ku teti eye wòdze dɔ vɔ̃ɖi aɖe la, bia be: “Nukaŋuti [Mawu] na kekeli ayaɖulawo? Eye wòtsɔ agbe na nuxalawo?” (Hiob 3:20) Egbea, ame geɖe mesea nusita Mawu dɔmenyotɔ aɖe si lɔ̃a ame nadze abe ɖee wòzi kpi esime fukpekpe kple madzɔmadzɔnyenye gbogbowo xɔ aƒe ɖi ene la gɔme o.

Ne dɔwuame, aʋawɔwɔ, dɔléle, kple ku dzɔ ɖe ame geɖewo dzi ŋutɔŋutɔ la, wogbea nya si nye be Wɔla aɖe li si tsɔa ɖe le eme na ameƒomea la keŋkeŋ. Xexemenunyala aɖe si mexɔ Mawu dzi se o gblɔ be: “Ne Mawu li vavã hafi wòɖea mɔ ɖevi kpea fu la, . . . ke naneke meli si woagblɔ atsɔ ɖe fɔbuame ɖa le edzi o.” Afɔku dziŋɔwo, abe Ametsɔtsrɔ̃ Gã si yi edzi le Xexemeʋa II me ene, na woƒoa nya ta nenema. Kpɔ nya sia si Yudatɔ nuŋlɔla aɖe ŋlɔ ɖe nyadzɔdzɔlɛta aɖe me ɖa ko: “Numeɖeɖe kpuitɔ kekeake si woate ŋu ana le Auschwitz ŋu enye be Mawu aɖeke meli si ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o.” Le numekuku aɖe si wowɔ le France, si nye Katolikotɔwo koŋ ƒe dukɔ me le ƒe 1997 me la, ame abe 40 le alafa me lɔƒo ke ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ le ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ, abe esi dzɔ le Rwanda le ƒe 1994 ene, ta.

Nusi Awɔe be Xɔse Manɔ Amesi O Ye Wònyea?

Nukatae Mawu megena ɖe nyaa me tsɔ tsia afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ nui o? Katolikotɔ blemanudzɔdzɔŋutinuŋlɔla aɖe gblɔ tɔteteɖedzitɔe be nyabiase sia nye “nusi wɔe be xɔse mele” ame geɖe “si o.” Ebia be: “Le nyateƒe me la, anya wɔ be woaxɔ Mawu aɖe si daa asi ata me naneke mawɔmawɔe esime ame maɖifɔ miliɔn geɖewo le kukum eye wowua ameha gbogbo aɖewo le xexeame eye mewɔa naneke be yeatsɔ atsi enui o dzi asea?”

Katolikotɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye La Croix me nyati aɖe hã gblɔ nya ma tɔgbe be: “Eɖanye afɔku siwo dzɔ va yi o, ŋgɔyiyi siwo wɔm wole le mɔ̃ɖaŋununya mee o, dzɔdzɔmefɔkuwoe o, hlɔ̃ siwo woɖona donae o, alo ame vevi aɖe ƒe kue o, le nɔnɔmeawo dometɔ ɖesiaɖe me la, amesiwo dzidzi ƒo la wua mo dzi. Mawu ɖe? Wodina nusitae wòdzɔ ɖo. Ðe menye eyae nye Ðekematsɔlemetɔ Gãtɔ, Bemalénamela Gãtɔ oa?”

Papa John-Paul II dzro nyabiase siawo me le eƒe ƒe 1984 ƒe apostolonyenye lɛta si nye Salvifici Doloris me. Eŋlɔ bena: “Togbɔ be xexeame ƒe anyinɔnɔ ʋu ŋku na amegbetɔwo le kpɔɖeŋumɔ nu be Mawu li, be nunya, ŋusẽ kple gãnyenye le esi hã la, edze abe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe tsyɔ nu eƒe nɔnɔme dzi ene, ɣeaɖewoɣi la, le mɔ ɖedzesi aɖe nu, vevietɔ le fu madzemadze gbogbo siwo amewo kpena gbesiagbe kpakple le vo gbogbo siwo amewo dana gake womehea to si dze na wo o me.”

Ðe fu gbogbo siwo kpem amegbetɔwo le la ɖo kpe Mawu aɖe si si lɔlɔ̃ le ŋutɔ eye eƒe ŋusẽ ƒo ɖesiaɖe ta, abe alesi Biblia ɖee fia ene, ƒe anyinɔnɔ dzia? Ðe wòtsia afɔku ɖekaɖekawo alo geɖewo nua? Ðe wòwɔa nane na mí egbea? Ne míazã Voltaire ƒe nyawo la, ɖe “Mawu aɖe si ƒoa nu na ameƒomea” li aɖo nya siawo ŋua? Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo hena ŋuɖoɖoa.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 3]

Lisbon ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 1755 me ʋã Voltaire be wògblɔ kakaɖedzitɔe be nudzɔdzɔ mawo gbɔ amegbetɔwo ƒe gɔmesese ŋu

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Voltaire: From the book Great Men and Famous Women; Lisbon: J.P. Le Bas, Praça da Patriarcal depois do terramoto de 1755. Foto: Museu da Cidade/Lisboa

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ame geɖe ke ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ le nu wɔnublanui si nye ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ ɖa keŋkeŋ, abe esi dzɔ le Rwanda ene ta

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

AFP PHOTO

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER, children: USHMM, courtesy of Main Commission for the Prosecution of the Crimes against the Polish Nation