Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woti Wo Yome Le Dzɔdzɔenyenye ta

Woti Wo Yome Le Dzɔdzɔenyenye ta

 Woti Wo Yome Le Dzɔdzɔenyenye ta

“Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la.”​—MATEO 5:10.

1. Nukatae Yesu do ɖe Pontio Pilato ŋkume ɖo, eye nya kae Yesu gblɔ?

“ESIA ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Esime Yesu gblɔ nya mawo la, enɔ tsitre ɖe Pontio Pilato, Yudea ƒe Roma-mɔmefia la ŋkume. Menye Yesu ŋutɔe tia be yeayi afima o, eye menye ɖe Pilato kpee hã o. Ke boŋ enɔ afima le esi Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo tso enu alakpatɔe be enye nugbegblẽwɔla si dze na ku ta.—Yohanes 18:29-31.

2. Afɔ kae Yesu ɖe, eye nukae va dzɔ ɖe edzi?

2 Yesu nya nyuie be Pilato kpɔ ŋusẽ be wòaɖe asi le ye ŋu loo alo wòana woawu ye. (Yohanes 19:10) Gake esia mexe mɔ ɖee be wòagaƒo nu dzinɔameƒotɔe na Pilato tso Fiaɖuƒea ŋuti o. Togbɔ be Yesu ƒe agbe ɖo afɔku me hã la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ ɖi ɖase na dziɖula kɔkɔtɔ kekeake si nɔ woƒe nutoa me. Le ɖaseɖiɖi ma katã megbe gɔ̃ hã la, wobu fɔ Yesu eye wowui, wòku xɔsetaku le fuwɔameti ŋu le vevesese helĩhelĩ me.—Mateo 27:24-26; Marko 15:15; Luka 23:24, 25; Yohanes 19:13-16.

Ðasefoe loo alo Xɔsetakulae?

3. Gɔmesese kae nɔ nya “xɔsetaku” ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me?

3 Le ame geɖewo ƒe nukpɔsusu nu egbea la, xɔsetakula sɔ kple zazɛ̃nyahela, alo aglãdzela. Zi geɖe la, wobua vɔ̃ ɖe amesiwo lɔ̃na faa be yewoaku ɖe yewoƒe xɔse ta ŋu, vevietɔ ne enye woƒe subɔsubɔ ƒe dzixɔsee kple susu be wonye ŋɔdzinuwɔlawo alo wonye nuɖiaɖia na ameƒomea. Gake gɔmesese si nɔ Helagbe me nya (marʹtys) xɔsetaku ŋu le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo mee nye “ɖasefo,” amesi ɖia ɖase, ɖewohĩ le ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe le nyateƒe si dzi wòxɔ se la ŋu. Emegbe kuraa hafi wova te nyaa zazã na “amesi tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe ɖaseɖiɖi ta,” alo amesi ɖia ɖase to eƒe agbe tsɔtsɔ ɖo anyi me.

4. Gɔmesese ka koŋ nue Yesu nye xɔsetakula le?

4 Yesu nye xɔsetakula le nya la ƒe gɔmesese gbãtɔ koŋ nu. Abe alesi wògblɔe na Pilato ene la, eva ‘bena yeaɖi ɖase na nyateƒea.’ Eƒe ɖaseɖiɖi na amewo wɔ nu le mɔ vovovowo nu.  Nusiwo amehawo dometɔ aɖewo se hekpɔ la ʋã wo ale gbegbe be woxɔ Yesu dzi se. (Yohanes 2:23; 8:30) Ame hahooawo kple subɔsubɔhakplɔlawo koŋ hã wɔ nu ŋkubiãtɔe—gake le mɔ gbegblẽ nu. Yesu gblɔ na eƒe ƒometɔ siwo mexɔ edzi se o be: “Xexeame mate ŋu alé fu mi o; ke nye la eléa fum, elabena nye la meɖi ɖase le eŋuti bena, eƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.” (Yohanes 7:7) Esi Yesu ɖi ɖase le nyateƒea ŋu ta la, eƒe nu ku dzi na dukplɔlawo, eye wova wui. Le nyateƒe me la, eyae nye “ɖaseɖila (marʹtys) nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ” la.—Nyaɖeɖefia 3:14.

“Woalé Mi ɖe Ke Me”

5. Nya kae Yesu gblɔ do ŋgɔ ku ɖe yometiti ŋu le eƒe subɔsubɔdɔa me?

5 Menye Yesu ŋutɔ koe kpe yometiti sesẽ ƒe fu o, ke boŋ exlɔ̃ nu eyomedzelawo do ŋgɔ hã be esia adzɔ ɖe woawo hã dzi. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi la, egblɔ na eƒe nyaselawo le eƒe Todzimawunya me be: “Woayra amesiwo yome wotina le dzɔdzɔenyenye ŋuti la; elabena woawo tɔe nye dziƒofiaɖuƒe la. Woayra mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ bubu ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye. Dzi nadzɔ mi, eye mitso aseye; elabena miaƒe fetu sɔ gbɔ le dziƒo.”—Mateo 5:10-12.

6. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu na esime wonɔ apostolo 12-awo dɔm ɖa?

6 Emegbe esi Yesu nɔ eƒe apostolo 12-awo dɔm ɖa la, egblɔ na wo be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi ɖe mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.” Gake menye subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo ɖeɖekoe ati nusrɔ̃lawo yome o. Yesu gblɔ hã be: “Nɔvi lade nɔvi ku me, eye fofo lade vi asi, ɖeviwo latsi tre ɖe dzilawo ŋuti, eye woatsɔ wo ana woawu. Eye wo katã woalé mi ɖe ke me le  nye ŋkɔ la ŋuti; ke amesi ke ado dzi vevie vaseɖe nuwuwu la, eya lakpɔ ɖeɖe.” (Mateo 10:17, 18, 21, 22) Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya ɖo kpe nya siawo ƒe nyateƒenyenye dzi.

Dzidodo Nuteƒewɔwɔtɔe Ŋuti Nuŋlɔɖi

7. Nukae na Stefano va zu xɔsetakula?

7 Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Stefano va nye Kristotɔ gbãtɔ si wowu ɖe ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu ta. ‘Eyɔ fũ kple amenuveve kple ŋusẽ, eye wòwɔ nukunuwo kple dzesi gãwo le dukɔ la dome.’ Subɔsubɔha me futɔ siwo le eŋu ‘mete ŋu tsi tre ɖe nunya kple gbɔgbɔ, si wòtsɔ le nu ƒom la ŋu o.’ (Dɔwɔwɔwo 6:8, 10) Esi ŋuʋaʋã yɔ wo me fũ la wohe Stefano yi Sanhedrin, si nye Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la ŋkume afisi woa kple amesiwo tso enu alakpatɔe la do go le eye wòɖi ɖase sẽŋu aɖe na wo. Gake mlɔeba la, Stefano ƒe futɔwo wu eyama si nye ɖaseɖila nuteƒetɔ la.—Dɔwɔwɔwo 7:58, 59.

8. Aleke nusrɔ̃la siwo nɔ Yerusalem wɔ nui le yometiti si va wo dzi le Stefano ƒe ku megbe me?

8 Le Stefano wuwu megbe la, “yometiti gã aɖe va hame, si le Yerusalem la dzi, eye wo katã woka hlẽ ɖe Yudea kple Samaria-nutoawo me, negbe apostolowo koe mele me o.” (Dɔwɔwɔwo 8:1) Ðe yometiti na wodzudzɔ Kristotɔwo ƒe ɖaseɖiɖidɔa? Ao, ke boŋ nuŋlɔɖia gblɔ be “amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:4) Woanya se le wo ɖokui me abe alesi apostolo Petro se le eɖokui me do ŋgɔe ene be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29) Le yometitia katã gɔ̃ hã megbe la, nusrɔ̃la nuteƒewɔla dzinɔameƒotɔ mawo lé ɖaseɖiɖi le nyateƒea ŋu me ɖe asi, togbɔ be wonya be esia ahe nɔnɔme sesẽ geɖe vɛ hã.—Dɔwɔwɔwo 11:19-21.

9. Yometiti kae yi dzi dzɔ ɖe Yesu yomedzelawo dzi?

9 Le nyateƒe me la, nɔnɔme sesẽa mena wodzudzɔ o. Gbã la míese be Saul—amesi kpɔ dzidzɔ ɖe Stefano wuwu ŋuti—‘helé ŋɔdzidodo kple hlɔ̃dodo ƒe gbɔgbɔtsixe ɖe ƒo ɖe Aƒetɔ la ƒe nusrɔ̃lawo ŋuti la, yi ɖe nunɔlagã gbɔ, eye wòbia agbalẽwoe bena, yeayi Damasko ɖe ƒuƒoƒeawo me, ne yeakpɔ amesiwo le nenem mɔ sia dzi, ŋutsuwo kple nyɔnuwo la, ne yeabla wo akplɔ va Yerusalem.’ (Dɔwɔwɔwo 9:1, 2) Emegbe le ƒe 44 M.Ŋ. me lɔƒo la, “Fia Herodes ɖo asi hamevi aɖewo dzi, bena yeasẽ ŋuta le wo ŋu. Eye wòwu Yakobo, Yohanes nɔvi la, kple yi.”—Dɔwɔwɔwo 12:1, 2.

10. Yometiti ŋuti nuŋlɔɖi kawoe míekpɔ le Dɔwɔwɔwo kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽwo me?

10 Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽ me nya mamlɛawo nye nuŋlɔɖi siwo womaŋlɔ be o, siwo ku ɖe dodokpɔwo, gaxɔmenɔnɔ, kple yometiti siwo nu nuteƒewɔlawo nɔ te ɖo, siwo dometɔ ɖeka nye Paulo, amesi nye yometila tsã heva zu apostolo, si anye be eku xɔsetaku le Roma Fiagã Nero ƒe asi me anɔ ƒe 65 M.Ŋ. me lɔƒo. (Korintotɔwo II, 11:23-27; Timoteo II, 4:6-8) Mlɔeba la, le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa si woŋlɔ le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo me la, míekpɔe be wode amegãɖeɖi apostolo Yohanes game le toheƒe si nye Patmo-ƒukpo la dzi “le Mawu ƒe nya kple Yesu Kristo ƒe ɖaseɖiɖi ta.” Nyaɖeɖefia ƒo nu tso ‘Antipa, si nye nye ɖaseɖila nuteƒewɔla si wowu’ le Pergamo hã ŋu.—Nyaɖeɖefia 1:9; 2:13.

11. Aleke nusiwo me Kristotɔ gbãtɔwo to ɖo kpe nya siwo Yesu gblɔ ku ɖe yometiti ŋu dzii?

11 Esiawo katã ɖo kpe Yesu ƒe nya ƒe emevava dzi na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome.” (Yohanes 15:20)  Kristotɔ gbãtɔ wɔnuteƒeawo nɔ klalo be yewoadze ŋgɔ dodokpɔ sesẽtɔ, si nye ku—to fuwɔame me, to wo tsɔtsɔ na lã wɔadãwo me, alo to mɔ bubu ɖesiaɖe nu—kple susu be woate ŋu awɔ dɔ si Aƒetɔ Yesu Kristo de wo si be: “Mianye nye ɖaseɖilawo le Yerusalem kple Yudea katã kple Samaria, eye vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.

12. Nukatae Kristotɔwo yometiti menye blemaŋutinya aɖe ko o?

12 Anye vodada gã aɖe be ame nasusui be blema me koe ŋutasẽnuwɔna siawo dzɔ ɖe Yesu yomedzelawo dzi le. Paulo, si míeva de dzesi be eya hã to nɔnɔme sesẽwo me la ŋlɔ bena: “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã.” (Timoteo II, 3:12) Petro gblɔ le yometiti ŋu be: “Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.” (Petro I, 2:21) Vaseɖe nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛwo” me la, Yehowa ƒe amewo kpɔtɔ nye amesiwo woléa fui hesẽa ŋuta le wo ŋu. (Timoteo II, 3:1) Le anyigba dzi ƒe afisiafi la, woti Yehowa Ðasefowo dometɔ ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo siaa yome le ɣeyiɣi aɖe me le ameteteɖeanyidziɖuɖuwo kple demokrasidziɖuɖuwo te.

Nukatae Woléa Fu Wo Hetia Wo Yome Ðo?

13. Nukae le be wòanɔ susu me na egbeŋkekea me Yehowa subɔlawo le yometiti ŋu?

13 Togbɔ be ablɔɖe su mía dometɔ akpa gãtɔ si be míewɔa gbeƒãɖeɖedɔa hedea kpekpewo le ŋutifafa me hã la, ele be Biblia ƒe ŋkuɖodzinya siawo nanɔ susu me na mí be ‘xexe sia me ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.’ (Korintotɔwo I, 7:31) Nuwo ate ŋu atrɔ kpata ale gbegbe be ne míedzra ɖo le susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me o la, míate ŋu akli nu bɔbɔe. Ekema nukae míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta? Mɔ vevi aɖe si dzi míate ŋu akpɔ mía ɖokui ta le enye be míana nusita woléa fu Kristotɔ ŋutifafamewo kple sedziwɔlawo hetia wo yome la me nakɔ le susu me na mí.

14. Nya ka gɔmee Petro na míese be eyatae woti Kristotɔwo yome ɖo?

14 Apostolo Petro ƒo nu tso nya sia ŋu le eƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ me le ƒe 62-64 M.Ŋ. me, esime Kristotɔ siwo katã nɔ Roma Fiaɖuƒea me nɔ dodokpɔwo kple yometiti me tom. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, migana fiafiã ƒe tetekpɔ, si va mia dzi hena mia dodokpɔ la, nawɔ yaa ɖe mi, abe nya aɖe ƒomevie va dzɔ ɖe mia dzi ene o.” Be woase nusi wòwɔnɛ gɔme la, Petro yi edzi be: “Mia dome ame aɖeke nagakpe fu abe hlɔ̃dola alo fiafitɔ alo vɔ̃wɔla alo abe amesi doa gaglãsu ɖe ame bubuwo ƒe nya me la ene o; ke ne ame aɖe kpe fu abe kristotɔ ene la, megakpe ŋu nɛ o, ke nekafu Mawu le nya sia me boŋ.” Petro ɖee fia be menye nu gbegblẽ aɖeke wɔwɔ tae wole fu kpem ɖo o, ke boŋ woƒe Kristotɔnyenye tae wole fua kpem ɖo. Ne ɖe wonyrɔ wo ɖokui ɖe “nu vlo wɔwɔ ma ke ƒe ba me” abe amesiwo ƒo xlã wo ene la, anye ne wodo ɖoaƒe na wo hexɔ wo. Gake le nyateƒe me la, wokpe fu le esi wodze agbagba be yewoanɔ agbe abe alesi wobia tso Kristo yomedzelawo si ene ta. Alea kee nɔnɔmea le na Kristotɔ vavãwo hã egbea.—Petro I, 4:4, 12, 15, 16.

15. Nu masɔmasɔ kae wowɔna ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu?

15 Le xexeame ƒe akpa geɖe la, wokafua Yehowa Ðasefowo le dutoƒo le woƒe ɖekawɔwɔ kple nuwɔwɔ aduadu le woƒe takpekpe gãwo kple xɔtudɔwo me, le woƒe anukwareɖiɖi kple veviedodonu me, le kpɔɖeŋu nyui si woɖona le agbenyuinɔnɔ kple ƒomegbenɔnɔ me, kpakple le woƒe dzedzeme kple wo ɖokuiléle nyuie me gɔ̃ hã ta. * Ke hã woxe mɔ ɖe woƒe dɔa nu le dukɔ siwo ade 28 ya teti me le ɣeyiɣi si me wonɔ nyati sia ŋlɔm me, eye wowɔ fu Ðasefoawo  dometɔ geɖewo hena wobu woƒe nuwo ɖe woƒe xɔse ta. Nukata wowɔa nu ɖe woawo boŋ ŋu alea ɖo? Eye nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe eŋu?

16. Nukae nye susu vevitɔ si ta Mawu ɖea mɔ eƒe amewo kpea yometiti ƒe fu?

16 Vevietɔ wu la, ele be míana nya si le Lododowo 27:11 nanɔ susu me na mí be: “Vinye, dze nunya, be nado dzidzɔ na nye dzi, ne mate ŋu aɖo nya ŋu na amesiwo le alɔme ɖem le ŋunye.” Ẽ, xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya xoxo la tae. Le ame gbogbo siwo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa le ƒe alafawo me ƒe kpeɖodziwo katã megbe gɔ̃ hã la, Satana medzudzɔ alɔmeɖeɖe le Yehowa ŋu abe alesi wòwɔe le ame dzɔdzɔe Hiob ŋɔli me ene o. (Hiob 1:9-11; 2:4, 5) Mewɔ nuku o be fifia si woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea gɔme anyi sesĩe, eye tevi kple teƒenɔla siwo léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le esi le anyigba dzi godoo la, Satana ɖo adã le eƒe ŋutete mamlɛawo katã ŋudɔ wɔm be yeaɖo kpe yeƒe nyaa dzi. Ðe amesiawo alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu metsɔ le fukpekpe kple nɔnɔme sesẽ siwo me woato me oa? Biabia sia nye nya si hiã be Yehowa subɔlawo dometɔ ɖesiaɖe nabia eɖokui.—Nyaɖeɖefia 12:12, 17.

17. Nukae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ be “ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi”?

17 Esi Yesu nɔ nusi anɔ edzi yim le ‘nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu’ ŋu nya gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ susu bubu si ta Yehowa ɖe mɔ ɖe yometiti ŋu be wòava esubɔlawo dzi. Egblɔ na wo be: “Woade mi asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo le nye ŋkɔ la ŋuti. Esia ava mia dzi hena ɖaseɖiɖi.” (Mateo 24:3, 9; Luka 21:12, 13) Yesu ŋutɔ ɖi ɖase le Herodes kple Pontio Pilato ŋkume. “Wode” Paulo hã “asi na fiawo kple mɔ̃mefiawo.” Abe alesi Aƒetɔ Yesu Kristo bia tso esii ene la, Paulo dze agbagba vevie be yeaɖi ɖase na dziɖula gãtɔ kekeake si nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me esi wògblɔ be: “Kaisaro si me metsɔ nye nya dee!” (Dɔwɔwɔwo 23:11; 25:8-12) Nenema kee egbea, nɔnɔme sesẽwo nana míeɖia ɖase na dumegãwo kple ame hahoowo siaa. *

18, 19. (a) Aleke tenɔnɔ ɖe yometiti nu ate ŋu aɖe vi na míi? (b) Nya kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 Mlɔeba la, tenɔnɔ ɖe tetekpɔwo kple xaxawo nu ɖea vi na mía ŋutɔwo. Le mɔ ka nu? Nusrɔ̃la Yakobo ɖo ŋku edzi na hati Kristotɔwo be: “Nɔvinyewo, ne miege ɖe tetekpɔ bubu ƒomeviwo me la, mibui dzidzɔ sɔŋ, esi mienyae bena, miaƒe xɔse ƒe dodokpɔ wɔa dzidodo.” Ẽ, yometiti ate ŋu adzra míaƒe xɔse ɖo ahana míaƒe dzidodo nasẽ ŋu ɖe edzi. Eyata míevɔ̃na na yometiti alo dia mɔnu si mele Ŋɔŋlɔawo nu o atsɔ ƒo asa nɛ alo atsi enui o. Ke boŋ, míeɖoa to Yakobo ƒe nuxlɔ̃ame be: “Dzidodo la nakpɔ eƒe dɔwɔwɔ blibo, bena mianye ame blibowo keŋkeŋ, eye naneke nagahiã mi o.”—Yakobo 1:2-4.

19 Togbɔ be Mawu ƒe Nya na míese nusita wotia Mawu subɔla wɔnuteƒewo yome kple nusita Yehowa ɖe mɔ ɖe eŋu hã la, ema mewɔnɛ godoo be yometiti me toto nɔa bɔbɔe o. Nukae ate ŋu ado ŋusẽ mí be míate ŋu anɔ te ɖe enu? Nukae míate ŋu awɔ ne míedze ŋgɔ yometiti? Míadzro nya vevi siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 15 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, December 15, 1995, axa 27-9; April 15, 1994, axa 16-17; kple Nyɔ!, February 8, 1994, axa 6-13.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Gɔmesese ka koŋ nue Yesu nye xɔsetakula le?

• Ŋusẽ kae yometiti kpɔ ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo dzi?

• Nukatae woti Kristotɔ gbãtɔwo yome abe alesi Petro ɖe emee ene?

• Susu kawo tae Yehowa ɖea mɔ ɖe yometiti ŋu be woava esubɔlawo dzi?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10, 11]

Menye nu gbegblẽ aɖeke wɔwɔ tae ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo kpe fu ɖo o, ke boŋ le Kristotɔ si wonye la tae

PAULO

YOHANES

ANTIPA

YAKOBO

STEFANO