Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu Gɔmesese

Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu Gɔmesese

 Taɖodzinu si Le Amehehe Ŋu Gɔmesese

NUKAE vaa susu me na wò ne woƒo nu tso “amehehe” ŋu? Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe amehehe me be enye “nuwɔna si me wokpɔa egbɔ be amewo wɔ ɖe se alo agbenɔnɔ ƒe dzidzenu aɖe dzi, hehea to na wo ne wogbe edziwɔwɔ.” Togbɔ be menye esia koe nye gɔmeɖeɖe si dzi woda asi ɖo o hã la, ame geɖe bua susu vɔ̃ ɖe nusianu si lɔ amehehe ɖe eme ŋu.

Ke hã Biblia ya ƒo nu tso amehehe ŋu le mɔ si to vovo nu. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Vinye, megagbe Yehowa ƒe amehehe o, eƒe mokaname megaɖu dzi na wò o.” (Lododowo 3:11) Nya sia mefia amehehe gbadzaa aɖe ko o, ke boŋ efia “Yehowa ƒe amehehe,” si nye amehehe si wotu ɖe Mawu ƒe gɔmeɖose kɔkɔwo dzi. Amehehe sia tɔgbe koe tua ame ɖo le gbɔgbɔ me heɖea vi na ame—henyoa ame ŋu gɔ̃ hã. To vovo na esia la, amehehe si wotu ɖe amegbetɔwo ƒe nukpɔsusu dzi si tsi tre ɖe Yehowa ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu la doa vlo ame eye wògblẽa nu le ame ŋu zi geɖe. Esia na míenya nusitae nukpɔsusu gbegblẽ le ame geɖe si ku ɖe amehehe ŋu.

Nukatae woxlɔ̃a nu mí be míaxɔ Yehowa ƒe amehehe? Le Ŋɔŋlɔawo me la, woƒo nu tso Mawu ƒe amehehe ŋu be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo. Eyata Salomo yi edzi gblɔ be: “Amesi Yehowa lɔ̃na la, eya wòhea to na abe vi, si gbɔ fofoa melɔ̃a nu le o ene.”—Lododowo 3:12.

Amehehe alo Tohehe—Kae?

Akpa vovovoe le amehehe si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ŋu—mɔfiafia, nufiame, hehe, mokaname, ɖɔɖɔɖo, kple tohehe gɔ̃ hã. Ke hã le go siawo dometɔ ɖesiaɖe me la, lɔlɔ̃ mee Yehowa ƒe amehehe tsona, eye eƒe taɖodzinua enye be wòaɖe vi na exɔla. Yehowa ƒe amehehe mɔnu si wotsɔ ɖɔa ame ɖo la menyea esi wòwɔna ɖe tohehe koŋ ta gbeɖe o.

Gake to siwo Mawu hena na amewo zi geɖe la menyea esiwo wòwɔna kple susu be yeaɖɔ exɔla la ɖo alo afia nui o. Le kpɔɖeŋu me, tso gbesigbe Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ ko la, wova te woƒe tomaɖomaɖoa me tsonuwo ŋuti fu kpekpe. Yehowa nya wo tso Eden paradiso bɔa me, eye blibomademade, dɔléle, kple amegãkuku me tsonuwo te ŋusẽkpɔkpɔ ɖe wo dzi. Le anyinɔnɔ le vevesese me ƒe alafa geɖe megbe la, wotsrɔ̃ tegbetegbe. Esiawo katã nye Mawu ƒe tohehe, gake menye kple susu be wòaɖɔ wo ɖo o. Esi wònye Adam kple Xawa ɖo nuvɔ̃ wɔ eye wogbe dzimetɔtrɔ ta la, wogbɔ ɖɔɖɔɖo ŋu.

Yehowa ƒe tohehe ŋuti nuŋlɔɖi bubuwo lɔ Noa ƒe ŋkekea me Tɔɖɔɖɔ, Sodom kple Gomora tsɔtsrɔ̃, kpakple Egipte-ʋakɔawo tsɔtsrɔ̃ le Ƒudzĩa me ɖe eme. Yehowa mewɔ nusiawo be woanye mɔfiafia, nufiame, alo hehe na amesiwo dzi wodzɔ ɖo o. Apostolo Petro ŋlɔ ku ɖe Mawu ƒe tohehe siawo tɔgbe ŋu be: “Mekpɔ blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi; eye wòna Sodom kple Gomora ƒe duwo zu afi, eye wòbu fɔ wo to wo tɔtrɔtsyɔanyi me, eye wòtsɔ wo ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me.”—Petro II, 2:5, 6.

 Gɔmesese ka nue tohehe siawo nye esiwo ‘wòtsɔ ɖo kpɔɖeŋu na amesiwo ava nɔ agbe le mawumavɔ̃mavɔ̃ me’ le? Le Paulo ƒe lɛta si wòŋlɔ na Tesalonikatɔwo me la, ehe susu yi míaƒe ŋkekea dzi tsɔ fia be enye ɣeyiɣi si me Mawu ato Via, Yesu Kristo, dzi abia “hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to . . . nyanyui la o.” Paulo gblɔ kpee be: “Amesiwo akpɔ fetu vɔ̃, si nye gbegblẽ mavɔmavɔ.” (Tesalonikatɔwo II, 1:8, 9) Eme kɔ ƒã be womeɖo tohehe sia be woafia nu alo aɖɔ amesiwo wohe toa na ɖo o. Gake ne Yehowa kpe esubɔlawo be wova xɔ amehehe la, menye tohehe si wonaa ame matrɔdzimewoe wòwɔnɛ o.

Edze ƒã be Biblia meƒoa nu tso Yehowa ŋu be enye amesi hea to koŋ na ame o. Ke boŋ eƒoa nu tsoa eŋu zi geɖe be enye nufiala lɔ̃ame kple hehenala si gbɔa dzi ɖi. (Hiob 36:22; Psalmo 71:17; Yesaya 54:13) Ẽ, lɔlɔ̃ kple dzigbɔɖi kpena ɖe mawumehehe si wotsɔ ɖɔa ame ɖoe ŋu ɣesiaɣi. Ne Kristotɔwo se tameɖoɖo si le amehehe ŋu gɔme la, wote ŋu xɔnɛ alo nanɛ kple dzi nyui wu.

Dzila Lɔ̃amewo ƒe Amehehe

Le ƒomea me kple le Kristo-hamea me siaa la, ehiã be amesiame nase tameɖoɖo si le amehehe ŋu gɔme. Ele alea vevietɔ le amesiwo le ŋusẽ nɔƒewo abe dzilawo ene gome. Lododowo 13:24 gblɔ be: “Amesi vea nu le eƒe ameƒoti gbɔ la, léa fu via; ke amesi lɔ̃nɛ la, tsona ɖe tohehe ŋu bla.”

Aleke wole be dzilawo nana hehee? Biblia ɖe eme be: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Wogagblɔ nuxlɔ̃amenya sia alea: “Mi fofowo la, migado dziku na mia viwo, bene dzika nagatso wo ƒo o.”—Kolosetɔwo 3:21.

Dzila Kristotɔ siwo se tameɖoɖo si le amehehe ŋu gɔme la mawɔ nu le dzitsitsi me o. Woate ŋu azã gɔmeɖose si le Timoteo II, 2:24 atsɔ afia alesi wòle be dzilawo nana hehee. Paulo ŋlɔe be: “Ele na aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiaa nu.” Dzikudodo helĩhelĩ, ɣlidodo, amedzudzu kple gbɔɖiamenyawo mate ŋu anye amehehe si me lɔlɔ̃ le gbeɖe o, eye mesɔ be Kristotɔ nanɔ agbe nenema o.—Efesotɔwo 4:31; Kolosetɔwo 3:8.

Dzilawo ƒe ɖɔɖɔɖo lɔ nu geɖe ɖe eme wu tohehe nana enumake megbemakpɔmakpɔe.  Ðevi akpa gãtɔ hiã nuxlɔ̃ame enuenu hafi woɖɔa woƒe nukpɔsusu ɖo. Eyata ele be dzilawo nazã woƒe ɣeyiɣi ɖe wo ŋu, agbɔ dzi ɖi na wo, ahabu alesi wonaa amehehe woe la ŋu vevie. Ele be wòanɔ susu me na wo be ɖee wòle be woahe ɖeviwo le “Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” Esia bia hehenana si xɔa ƒe geɖe.

Kristotɔ Alẽkplɔlawo Naa Hehe le Dzigbɔɖeanyi Me

Gɔmeɖose siawo kee kplɔa Kristotɔ hamemegãwo hã. Esi wonye alẽkplɔla lɔ̃amewo ta la, wodzea agbagba be yewoatu alẽha la ɖo to nufiame, mɔfiafia, kple mokaname nana me ne ehiã. Tameɖoɖo si tututu le amehehe ŋu nɔa susu me na wo ne wole esiawo wɔm. (Efesotɔwo 4:11, 12) Ne woɖo susu tohehe ko ŋu la, to koe woahe na nugbegblẽwɔla la ko evɔ. Amehehe si wotu ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo dzi la lɔ nu geɖe ɖe eme wu. Lɔlɔ̃ si ʋãa hamemegãwo nana woyia dzi nɔa kpekpem ɖe nugbegblẽwɔla la ŋu. Esi wotsɔa ɖe le eme vevie ta la, wowɔa ɖoɖo ɖe dzideƒoname kple hehe geɖe nana ŋu zi geɖe.

Le nuxlɔ̃menya si le Timoteo II, 2:25, 26 me nu la, ele na hamemegãwo be woafia nu “le dzigbɔɖeanyi me” ne wole nu wɔm ɖe amesiwo mexɔa amehehe enumake o ŋu hã. Mawunyakpukpuia yi edzi gblɔ tameɖoɖo si le amehehe ŋu be: “Ðewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la, eye woaganyɔ̃ avo tso Abosam, si lé wo aboyo . . . ƒe mɔ̃ me mahĩ.”

Ɣeaɖewoɣi la, eva hiãna be woaɖe ame matrɔdzimewo le hamea me. (Timoteo I, 1:18-20) Ele be woabu afɔɖeɖe sesẽ sia gɔ̃ hã be enye amehehe, ke menye tohehe dzro ko o. Enuenu la, hamemegãwo dzea agbagba va srãa amesiwo woɖe le hamea me siwo meɖoe koŋ le nu gbegblẽ wɔm o la kpɔna. Le woƒe sasrãkpɔ siawo me la, hamemegãwo wɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple tameɖoɖo si le amehehe ŋu to afɔɖeɖe siwo wòle be amea nawɔ be wòatrɔ ava Kristo-hamea me la gbɔgblɔ nɛ me.

Yehowae Nye Ʋɔnudrɔ̃la Dzɔdzɔe La

Ele be dzilawo, Kristotɔ alẽkplɔlawo, kple ame bubu siwo wona ŋusẽe le Ŋɔŋlɔawo nu be woahe amewo la nabu agbanɔamedzi sia nya vevii. Mele be woadrɔ̃ ʋɔnu amewo le woƒe nukpɔsusu nu be tɔtrɔ manya wɔ na wo o. Le susu sia ta, mele be wo hehe nanye hlɔ̃biabia alo ŋutasesẽ o.

 Nyateƒee, Biblia yɔ Yehowa be eyae nye amesi ahe to sesẽtɔ kple mamlɛtɔ na amewo. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be “enye ŋɔdzinu, ne ame aɖe ge ɖe Mawu gbagbe la ƒe asi me.” (Hebritɔwo 10:31) Gake mele be ame aɖeke nate kpɔ be yeatsɔ ye ɖokui asɔ kple Yehowa le go sia alo bubu aɖeke me o. Eye mele be ame aɖeke nase le eɖokui me be enye ŋɔdzinu be woage ɖe dzila alo hamemegã aɖe ƒe asi me le hamea me o.

Ŋutete le Yehowa si be wòada asɔ nyuie ne ele hehe nam. Mele alea le amegbetɔwo gome o. Mawu te ŋu kpɔa ame ƒe dzime nyana nenye be amea gbɔ ɖɔɖɔɖowɔwɔ me si ta wòadze na tohehe mamlɛa mlɔeba. Gake amegbetɔwo ya mate ŋu awɔ nyametsotso ma o. Le susu ma ta la, ne ehiã be amesiwo le agbanɔamedzinɔƒewo nana hehe aɖe la, ele be woawɔe ɣesiaɣi kple susu be woaɖɔ amea ɖo.

Yehowa ƒe Amehehe Xɔxɔ

Mí katã míehiã Yehowa ƒe amehehe. (Lododowo 8:33) Le nyateƒe me la, ele be míadi amehehe si nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya dzi vevie. Ne míele Mawu ƒe Nya srɔ̃m la, míate ŋu axɔ ɖɔɖɔɖo si tso Yehowa gbɔ tẽ le Ŋɔŋlɔawo me. (Timoteo II, 3:16, 17) Gake ɣeaɖewoɣi la, míaxɔ ɖɔɖɔɖo atso hati Kristotɔwo gbɔ. Susu si tae wole ɖɔɖɔɖo ma nam la gɔmesese nyuie akpe ɖe mía ŋu míalɔ̃ faa axɔe.

Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe edzi be: “Ke le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ.” Egblɔ ƒu dzi be: “Gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.” (Hebritɔwo 12:11) Yehowa ƒe amehehe nye lɔlɔ̃ deto si le esi na mí la ɖeɖe fia. Ne míeɖale amehehe xɔm loo alo le enam o, mina tameɖoɖo si le mawumehehe ŋu nanɔ susu me na mí eye míawɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si me nunya le dzi be: “Lé amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dzɔ eŋu, elabena wò agbee wònye.”—Lododowo 4:13.

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nuvɔ̃wɔla matrɔdzimewo kpɔa Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ tohehe, ke menye eƒe amehehe si wòtsɔna ɖɔa ame ɖo o

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Esi lɔlɔ̃ ʋãa hamemegãwo ta la, wozãa ɣeyiɣi wɔa numekuku hekpena ɖe nugbegblẽwɔlawo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dzilawo tsɔa dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ hea amee “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me”