Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe Sea

Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe Sea

Kristotɔ Gbãtɔawo Kple Mose Ƒe Sea

“Se la zu mía nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.”​—GALATIATƆWO 3:24.

1, 2. Viɖe siwo Israel-vi siwo lé Mose ƒe Sea me ɖe asi nyuie kpɔ la dometɔ aɖewo ɖe?

LE ƑE 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa tsɔ se aɖewo na Israel-viwo. Egblɔ na dukɔa be ne woɖo to yeƒe gbe la, yeayra wo eye woanɔ agbe si me dzidzɔkpɔkpɔ kple dzidzeme le.—Mose II, 19:5, 6.

2 Se sia, si woyɔ be Mose ƒe Sea, alo kpuie ko be “Se la,” nɔ ‘kɔkɔe, nɔ dzɔdzɔe, eye wònyo.’ (Romatɔwo 7:12) Edo nɔnɔme nyui si dometɔ aɖewo nye dɔmenyonyo, anukwareɖiɖi, agbenyuinɔnɔ, kple havilɔlɔ̃ ɖe ŋgɔ. (Mose II, 23:4, 5; Mose III, 19:14; Mose V, 15:13-15; 22:10, 22) Se la hã ʋã Yudatɔwo be woalɔ̃ wo nɔewo. (Mose III, 19:18) Gakpe ɖe eŋu la, womeɖe mɔ na wo be woade ha kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔ siwo menɔ Sea te o la o alo aɖe srɔ̃ tso wo dome o. (Mose V, 7:3, 4) Mose ƒe Sea si nɔ abe “gli” ene nɔ Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo dome la, kpɔ Mawu ƒe amewo ta be trɔ̃subɔlawo ƒe tamebubu kple nuwɔnawo meƒo ɖi wo o.—Efesotɔwo 2:14, 15; Yohanes 18:28.

3. Esi ame aɖeke mete ŋu lé Sea me ɖe asi bliboe o ta la, ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe wo dzi?

3 Ke hã, Yudatɔ siwo doa vevie nu wu gɔ̃ hã mete ŋu lé Mawu ƒe Sea me ɖe asi bliboe o. Ðe Yehowa nɔ nu geɖe akpa biam tso wo sia? Ao. Susu siwo tae wotsɔ Sea na Israel dometɔ ɖekae nye be ‘wòana vodadawo nadze.’ (Galatiatɔwo 3:19) Sea na Yudatɔ dzianukwaretɔwo nyae be yewohiã na Ðela aɖe vevie. Esi Amesia va la, dzi dzɔ Yudatɔ wɔnuteƒewo. Woƒe ɖeɖekpɔkpɔ tso nuvɔ̃ kple ku ƒe fiƒode me la tu aƒe!—Yohanes 1:29.

4. Gɔmesese ka nue Sea nye “nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe” le?

4 Ɣeyiɣi aɖe koe woɖo be Mose ƒe Sea nanɔ anyi. Esi apostolo Paulo nɔ nu ŋlɔm na hati Kristotɔwo la, eɖɔe be enye “nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe.” (Galatiatɔwo 3:24) Nufiala siwo nɔ anyi le blema la kplɔa ɖeviwo yia suku hekplɔa wo gbɔnae. Zi geɖe la, menye eyae fiaa nua o; ɖeko wokplɔa ɖeviawo yia sukunufiala la gbɔe. Nenema kee wotrɔ asi le Mose ƒe Sea ŋu be wòakplɔ Yudatɔ mawuvɔ̃lawo ayi Kristo gbɔe. Yesu do ŋugbe be yeanɔ anyi kple ye yomedzelawo “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20) Eyata esi wonya ɖo Kristo-hamea anyi ko la, taɖodzinu aɖeke megava nɔ “nufiala” la—si nye Se la—ŋu o. (Romatɔwo 10:4; Galatiatɔwo 3:25) Gake Yudatɔ Kristotɔ aɖewo mete ŋu se nyateƒenya vevi sia gɔme kaba o. Esia wɔe be woyi edzi lé Sea ƒe akpa aɖewo me ɖe asi le Yesu ƒe tsitretsitsi gɔ̃ hã megbe. Gake ame bubuwo ya trɔ asi le woƒe tamebubuwo ŋu. Le esia wɔwɔ me la, woɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí egbea. Mina míakpɔe ɖa.

Tɔtrɔ Yeye Dodzidzɔname Siwo Wowɔ le Kristotɔwo ƒe Nufiafia Me

5. Nya kae wogblɔ na Petro le ŋutega aɖe me, eye nukata dzidzi ƒoe?

5 Le ƒe 36 M.Ŋ. me la, Kristotɔ apostolo Petro kpɔ ŋutega ɖedzesi aɖe. Ɣemaɣi la, gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ nɛ be wòawu xe kple lã siwo wobuna le Sea me be wo ŋu mekɔ o la aɖu. Dzidzi ƒo Petro! Meɖu ‘nu dzodzro kple nu makɔmakɔ aɖeke’ kpɔ o. Gake gbe la gblɔ nɛ bena: “Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megayɔe be nu dzodzro o.” (Dɔwɔwɔwo 10:9-15) Le esi teƒe be Petro nalé Sea me ɖe asi goŋgoŋ la, etrɔ asi le eƒe nukpɔsusu ŋu. Esia na wòva se Mawu ƒe tameɖoɖo wɔnuku aɖe gɔme.

6, 7. Nukae na Petro te ŋu ƒo nya ta be yeate ŋu aɖe gbeƒã na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo azɔ, eye nya ta kawoe wòanya ƒo kpee?

6 Nusi dzɔe nye si. Ŋutsu etɔ̃ yi ɖe aƒe si me Petro nɔ me be yewoabiae be wòakplɔ yewo ɖo ayi Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔ mawuvɔ̃la aɖe si ŋkɔe nye Kornelio ƒe aƒeme. Petro kpe ŋutsu siawo va aƒea me hewɔ amedzro na wo le afima. Esi Petro se ŋutega sia gɔme la, edze wo yome le ŋufɔke yi ɖe Kornelio ƒeme. Petro ɖi ɖase le Yesu Kristo ŋu tsitotsito le afima. Ɣemaɣi la, Petro gblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Menye Kornelio ɖeɖee xɔ Yesu dzi se o ke boŋ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo hã xɔ edzi se, eye “[gbɔgbɔ] kɔkɔe la dze amesiwo katã le nya sem la dzi.” Esi Petro kpɔe be Yehowa ƒe asi le nyaa me la, ‘ede se be, woanyrɔ wo le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la me.’—Dɔwɔwɔwo 10:17-48.

7 Nukae na Petro te ŋu ƒo nya ta be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo menɔ Mose ƒe Sea te o la ate ŋu azu Yesu Kristo yomedzelawo? Gbɔgbɔmenugɔmesesee. Esi Mawu ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ŋu fia hekɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe wo dzi ko la, Petro kpɔe dze sii be woadze na nyɔnyrɔxɔxɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, edze ƒã be Petro de dzesii be Mawu mekpɔ mɔ be Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo nalé Mose ƒe Sea me ɖe asi hafi adze na nyɔnyrɔxɔxɔ o. Ne ɖee nènɔ anyi ɣemaɣi la, ɖe nàlɔ̃ faa abe Petro ene atrɔ asi le wò nukpɔsusu ŋua?

Ame Aɖewo Yi Edzi Nɔ “Nufiala” la Yome

8. Aʋatsotso ŋuti nukpɔsusu si to vovo na Petro tɔ kae Kristotɔ aɖewo siwo nɔ Yerusalem la lé ɖe asi, eye nukatae?

8 Esi Petro dzo le Kornelio ƒeme la, eyi Yerusalem. Nyatakaka ɖo hame si le afima gbɔ be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo “xɔ Mawu ƒe nya la,” eye nyaa medzɔ dzi na nusrɔ̃la Yudatɔ aɖewo o. (Dɔwɔwɔwo 11:1-3) Togbɔ be “amesiwo tso aʋatsotsoa me” lɔ̃ ɖe edzi be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ate ŋu azu Yesu yomedzelawo hã la, wote tɔ ɖe edzi be ele be amesiawo siwo menye Yudatɔwo o la nawɔ ɖe Sea dzi hafi woakpɔ ɖeɖe. Gake aʋatsotsoa menye nya sesẽ aɖeke le nuto siwo me Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo sɔ gbɔ ɖo wu, afisi Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo mede ha le o me o. Nukpɔsusu evea nɔ anyi ade ƒe 13. (Korintotɔwo I, 1:10) Dodokpɔ kae nye si ema anye na Kristotɔ gbãtɔ mawo—vevietɔ na Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo le Yudatɔwo ƒe nutowo me!

9. Nukatae wòle vevie be woakpɔ aʋatsotso ƒe nyaa gbɔ?

9 Nya la nu va tso mlɔeba le ƒe 49 M.Ŋ. me esime Kristotɔwo tso Yerusalem va Siriatɔwo ƒe Antioxia, afisi Paulo nɔ gbeƒã ɖem le. Wova nɔ nu fiam be ele be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ zu Kristotɔwo natso aʋa le Sea nu. Eye masɔmasɔ kple nyaʋiʋli gã aɖe ɖo woa kple Paulo kpakple Barnaba dome! Ne womekpɔ nyaa gbɔ o la, azu nukikli na Kristotɔ aɖewo godoo, woɖanye Yudatɔwo loo alo Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo o. Eyata wowɔ ɖoɖo na Paulo kple ame ʋɛ bubuwo be woayi Yerusalem aɖabia Kristotɔwo ƒe dziɖuhaa be wòakpɔ nyaa gbɔ zi ɖeka ne nyaa natɔ.—Dɔwɔwɔwo 15:1, 2, 24.

Nukpɔsusu Nyui Siwo Le Vovovo—Emegbe Wowɔ Ðeka!

10. Nusiwo ŋu dziɖuha la de ŋugble le hafi tso nya me le nusi woadi tso Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo si ŋu la dometɔ aɖewo ɖe?

10 Anɔ eme be ame aɖewo ʋli nya de aʋatsotso dzi le kpekpe aɖe si wowɔ me, eye ame bubuwo meda asi ɖe edzi o. Gake seselelãmewo meɖu wo dzi o. Le nyaʋiʋli geɖe megbe la, apostolo Petro kple Paulo ƒo nu tso dzesi siwo Yehowa wɔ le aʋamatsomatsotɔwo dome la. Woɖe nu me be Mawu kɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo dzi. Efia be wobia be, ‘Ðe Kristo-hamea ate ŋu agbe amesiwo Mawu xɔ la wòasɔa?’ Emegbe nusrɔ̃la Yakobo xlẽ Ŋɔŋlɔa ƒe akpa aɖe si kpe ɖe kpekpea me tɔwo katã ŋu wokpɔ nusi nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu le nyaa me la dze sii.—Dɔwɔwɔwo 15:4-17.

11. Nukawoe aʋatsotsoa ŋuti nyametsotsoa wɔwɔ melɔ ɖe eme o, eye nukae fia be Yehowa yra ɖe nyametsotsoa dzi?

11 Amewo katã nɔ dziɖuha la sinu kpɔm. Ðe woƒe Yudatɔnyenye la ana woatso nya me wòade aʋatsotsoa dzia? Ao. Ŋutsu wɔnuteƒe siawo ɖoe kplikpaa be yewoawɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia dzi. Le ɖaseɖiɖi veviawo katã sese megbe la, dziɖuhaa me tɔwo katã lɔ̃ ɖe edzi be mehiã be Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo natso aʋa ahanɔ Mose ƒe Sea te o. Esi nyaa ɖo nɔviawo gbɔ la, wokpɔ dzidzɔ, eye hamea te ‘dzidziɖedzi gbesiagbe.’ Kristotɔ mawo siwo wɔ ɖe teokrasi mɔfiafia siwo me kɔ dzi la xɔ ŋuɖoɖo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔa dzi. (Dɔwɔwɔwo 15:19-23, 28, 29; 16:1-5) Ke hã, biabia vevi aɖe gakpɔtɔ li si ŋu wòle be woaɖo.

Ke Yudatɔ Kristotɔwo Ya Ðe?

12. Biabia ka ŋue womeɖo o?

12 Dziɖuha la gblɔe eme kɔ ƒã be mehiã be Trɔ̃subɔdukɔ me Kristotɔwo natso aʋa o. Ke Yudatɔ Kristotɔwo ya ɖe? Dziɖuhaa ƒe nyametsotsoa metɔ asi biabiaa ƒe akpa ma dzi tẽ o.

13. Nukatae mesɔ be woate tɔ ɖe edzi be ehiã be woalé Mose ƒe Sea me ɖe asi hafi woakpɔ ɖeɖe o?

13 Yudatɔ Kristotɔ aɖewo siwo ‘ʋãa ŋu ɖe Sea ŋu’ yi edzi tsoa aʋa na wo viwo heléa Sea ƒe akpa aɖewo me ɖe asi. (Dɔwɔwɔwo 21:20) Bubuwo wɔ esi wu ema eye wotea tɔ ɖe edzi gɔ̃ hã be ele vevie be Yudatɔ Kristotɔwo nalé Sea me ɖe asi ale be woate ŋu akpɔ ɖeɖe. Le esia me la, wonɔ vodada gã aɖe wɔm. Le kpɔɖeŋu me, aleke Kristotɔ aɖe atsɔ lã asa vɔe hena nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke? Kristo ƒe vɔsaa na vɔsasa siawo nu va yi. Ke Sea ƒe nudidi si nye be Yudatɔwo naƒo asa na hadede kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo kplikplikpli ya ɖe? Anye ne asesẽ na Kristotɔ nyanyuigblɔla dovevienuwo ŋutɔ be woawɔ ɖe mɔxeɖenu mawo dzi eye le ɣeyiɣi ma ke me la, awɔ ɖe dɔ si wode wo si be woafia nusiwo katã Yesu fia la Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo la dzi. (Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8; 10:28) * Kpeɖodzi aɖeke meli be wokɔ nya sia me le dziɖuhaa ƒe kpekpea me o. Ke hã, hamea metsi anyi kpekpeɖeŋu manamanae o.

14. Sea ŋuti mɔfiafia kae Paulo ƒe lɛta siwo tso gbɔgbɔ me la na?

14 Woxɔ mɔfiame, menye le lɛta si atso dziɖuhaa gbɔ me o, ke boŋ le lɛta bubu siwo tso gbɔgbɔ me siwo apostoloawo ŋlɔ me. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ɖo gbedasi sẽŋu aɖe ɖe Yudatɔ kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ siwo le Roma. Le lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe wo me la, eɖe nu me be Yudatɔ akuakua ‘enye amesi nye Yudatɔ le ememe, eye eƒe aʋatsotsoa nye dzimetɔ le gbɔgbɔ me.’ (Romatɔwo 2:28, 29) Le lɛta ma ke me la, Paulo zã kpɔɖeŋu aɖe tsɔ ɖo kpe edzi be Kristotɔwo megale Sea te o. Eɖe eme be nyɔnu mate ŋu aɖe ŋutsu eve zi ɖeka o. Gake ne srɔ̃aŋutsu ku la, ate ŋu aɖe srɔ̃ bubu. Paulo zã kpɔɖeŋua tsɔ ɖee fia be Kristotɔ amesiaminawo mate ŋu anɔ Mose ƒe Sea te aganye Kristo tɔ le ɣeyiɣi ma ke me o. Ele be ‘woaku na se la’ ale be woate ŋu awɔ ɖeka kple Kristo.—Romatɔwo 7:1-5.

Womese Egɔme Kaba O

15, 16. Nukatae Yudatɔ Kristotɔ aɖewo mete ŋu se Sea ŋuti numeɖeɖea gɔme o, eye nukae esia fia ku ɖe alesi wòhiãe be míanɔ ŋudzɔ le gbɔgbɔ me ŋu?

15 Kpɔtsɔtsɔ aɖeke mele Paulo ƒe numeɖeɖe ku ɖe Sea ŋu la ŋu o. Ekema aleke wòdzɔe be Yudatɔ Kristotɔ aɖewo mete ŋu se egɔme o? Nusiwo tae la dometɔ ɖekae nye be gbɔgbɔmenugɔmesese menɔ wo si o. Le kpɔɖeŋu me, woŋe aɖaba ƒu gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽwo ɖuɖu dzi. (Hebritɔwo 5:11-14) Womedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã edziedzi o. (Hebritɔwo 10:23-25) Susu bubu si tae wo dometɔ aɖewo manya se egɔme o ye nye alesi Sea ŋutɔ nɔ. Nusiwo wokpɔna kple ŋku, sena le lã me, kple esiwo ŋu woate ŋu aka asii, abe gbedoxɔa kple nunɔlanyenye ene la, dzie wotui ɖo. Enɔ bɔbɔe be amesi si gbɔgbɔmemenyenye mele o naxɔ Sea ade eme wu be wòaxɔ Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖose goglo siwo wotu ɖe nusiwo womekpɔna o siwo li ŋutɔŋutɔ dzi la ade eme.—Korintotɔwo II, 4:18.

16 Paulo yɔ susu bubu siwo hã tae amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo la dometɔ aɖewo di vevie be yewoawɔ ɖe Sea dzi la ɖe eƒe lɛta si wòŋlɔ ɖo ɖe Galatiatɔwo me. Eɖe nu me be amesiawo di be woabu yewo bubumewoe, abe subɔsubɔha si me ame akpa gãtɔ le la me tɔwo ene. Le esi teƒe be woato vovo le nutoa me la, wolɔ̃ faa be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe nusianu kloe me ne yewoanɔ ɖeka. Wotsɔ ɖe le amewo ŋudzedze me vevie wu Mawu ŋudzedze.—Galatiatɔwo 6:12.

17. Ɣekaɣie Sea me léle ɖe asi ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ me va kɔ keŋkeŋ?

17 Kristotɔ nugɔmesela siwo srɔ̃ Paulo kple ame bubuwo ƒe nuŋlɔɖi siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me nyuie la te ŋu ƒo nya ta nyuiwo le Sea ŋuti. Ke hã, ƒe 70 M.Ŋ. mee Mose ƒe Sea ŋuti nukpɔsusu nyui si ŋu vodada mele o la me va kɔ na Yudatɔ Kristotɔwo katã. Ema dzɔ esime Mawu ɖe mɔ wotsrɔ̃ Yerusalem, eƒe gbedoxɔa, kple nunɔlanyenye ŋuti nuŋlɔɖi siwo le eme la. Esia wɔe be wòva sesẽ be ame aɖe nalé Sea ƒe akpawo katã me ɖe asi.

Nusɔsrɔ̃ si Le Eme la Zazã Egbea

18, 19. (a) Nɔnɔme kawoe wòle be míatu ɖo eye nɔnɔme kawoe wòle be míaƒo asa na ale be míate ŋu ayi edzi anɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me? (b) Nukae Paulo ƒe kpɔɖeŋua fia mí ku ɖe wɔwɔ ɖe mɔfiame siwo míexɔna tsoa nɔviŋutsu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo gbɔ la dzi ŋu? (Kpɔ aɖaka si le axa 24.)

18 Le blema nudzɔdzɔ sia me dzodzro megbe la, ɖewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be: ‘Ne ɖe menɔ anyi ɣemaɣi la, aleke mawɔ nui ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si wonɔ ɖeɖem fia vivivi la ŋui? Ðe malé nukpɔsusu siwo li xoxo la me ɖe asi goŋgoŋua? Alo ɖe magbɔ dzi ɖi vaseɖe esime gɔmesese nyuitɔ la me nava kɔ nyuiea? Eye ne eme va kɔ la, ɖe makpe asi ɖe eŋu tso dzi blibo mea?’

19 Le nyateƒe me la, míate ŋu anya alesi míawɔ nui ne ɖe míenɔ anyi ɣemaɣi o. Gake míate ŋu abia mía ɖokui be: ‘Aleke mewɔa nui ɖe alesi woɖea Biblia mee ŋu egbeae? (Mateo 24:45) Ne wona Ŋɔŋlɔa ƒe mɔfiafia la, ɖe medzea agbagba be matsɔe awɔ dɔea, alé gɔmesese si le eŋu la me ɖe asi tsɔ wu eŋuti nyakui nyakuiwo me léle ɖe asi wo ŋu mabumabu ayi ŋgɔea? (Korintotɔwo I, 14:20) Ðe mekpɔa Yehowa sinu dzigbɔɖitɔe ne ewɔ abe biabia siwo le fu ɖem na mí la ƒe ŋuɖoɖo le megbe tsima?’ Ele vevie be míawɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu si li egbea la ŋudɔ nyuie, ale be ‘míagatra gbeɖe o.’ (Hebritɔwo 2:1) Ne Yehowa to eƒe Nya, eƒe gbɔgbɔ, kple eƒe anyigba dzi habɔbɔa dzi na mɔfiafia la, mina míalé to ɖe eŋu nyuie. Ne míewɔe nenema la, Yehowa atsɔ agbe si nuwuwu meli na o si me dzidzɔ kple dzidzeme siaa le la ayra míi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Esi Petro yi Siriatɔwo ƒe Antioxia la, ede ha kple Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ xɔsetɔwo kple dzidzɔ. Gake esi Yudatɔ Kristotɔwo tso Yerusalem va la, Petro ‘he eɖokui ɖe megbe, eye wòɖe eɖokui ɖa le vɔvɔ̃ na amesiwo tso aʋatsotsoa me la ta.’ Míate ŋu akpɔ alesi wòave Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ trɔdzime mawo vevie esime apostolo si ŋu wodea bubui la gbe be yemagaɖu nu kpli wo o la le susu me.—Galatiatɔwo 2:11-13.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Gɔmesese ka nue Mose ƒe Sea le abe “nufiala, si kplɔa mí yia Kristo gbɔe” ene le?

• Aleke nàɖe vovototo si le alesi Petro kple amesiwo “tso aʋatsotsoa me” wɔ nui ɖe asitɔtrɔ si wowɔ le gɔmesese si le nyateƒea ŋu la ŋu mee?

• Nukae nèsrɔ̃ tso alesi Yehowa ɖea nyateƒea fiana egbeae la ŋu?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 24]

Paulo Tsɔ Ðokuibɔbɔ Nɔ Te Ðe Dodokpɔ aɖe Nui

Le dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ kpɔdzidzedze aɖe megbe la, Paulo yi Yerusalem le ƒe 56 M.Ŋ. me. Dodokpɔ aɖe nɔ elalam le afima. Nyatakaka ɖo hamea gbɔ be ele nu fiam be woɖe Sea ɖa. Ame tsitsiawo nɔ vɔvɔ̃m be nusi fiam Paulo nɔ ku ɖe Sea ŋu la aɖia Yudatɔ Kristotɔ yeyewo nu eye be woaƒo nya ta be Kristotɔwo medea bubu Yehowa ƒe ɖoɖowo ŋu o. Yudatɔ Kristotɔ ene aɖewo siwo ɖe adzɔgbe, si anya nye Nasiretɔwo ƒe adzɔgbe, la nɔ hamea me. Ele be woayi gbedoxɔa me aɖawɔ nusi woƒe adzɔgbeɖeɖea bia.

Ame tsitsiawo bia tso Paulo si be wòakplɔ ame eneawo ayi ɖe gbedoxɔa me ne woaɖawɔ woƒe dɔwo. Paulo ŋlɔ lɛta eve ya teti siwo tso gbɔgbɔ me siwo me wòɖe nu me le be mehiã be woalé Sea me ɖe asi hafi akpɔ ɖeɖe o. Ke hã, ebu ame bubuwo ƒe dzitsinya ŋu. Do ŋgɔ la, eŋlɔ bena: “Mezu abe amesi le sea te ene hena amesiwo le sea te, . . . bene asinye nasu amesiwo le sea te la dzi.” (Korintotɔwo I, 9:20-23) Togbɔ be Paulo mena ta le afisiwo Ŋɔŋlɔa ƒe gɔmeɖose veviwo hiã le o hã la, ese le eɖokui me be yeate ŋu awɔ ɖe hamemegãwo ƒe aɖaŋuɖoɖowo dzi. (Dɔwɔwɔwo 21:15-26) Menye nu gbegblẽ be wòawɔ esia o. Naneke megblẽ le adzɔgbeɖeɖe ƒe ɖoɖoa ŋu le Ŋɔŋlɔawo nu o, eye wozã gbedoxɔa hena tadedeagu dzadzɛ, menye na trɔ̃subɔsubɔ o. Ekema esi Paulo medi be yeanye nuɖianu o ta la, ewɔ ɖe woƒe biabiaa dzi. (Korintotɔwo I, 8:13) Ðikeke mele eme o be esia bia be Paulo nabɔbɔ eɖokui ŋutɔ, si nye nyateƒenya si naa míedea bubu eŋu ɖe edzi.

[Nɔnɔmetata si le axa 22, 23]

Mose ƒe Sea ŋuti nukpɔsusu vovovowo nɔ Kristotɔwo dome hena ƒe aɖewo