Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo

Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo

Nane Si wu Egiptetɔwo Ƒe Kesinɔnuwo

MOSE nye amesiwo ƒe ŋkɔ de dzi wu le ŋutinya me katã dometɔ ɖeka. Biblia-gbalẽ Ene—tso Mose ƒe Agbalẽ Evelia vaseɖe Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia—me nyawo katã kloe ku ɖe alesi Mawu wɔ nu kple Israel-viwo le Mose ƒe kpɔkplɔ te ŋu. Efia mɔ wo le woƒe mɔzɔzɔ tso Egipte me, nɔ dukɔa kple Mawu dome le Se ƒe nubablaa me, eye wòkplɔ Israel-viwo yi ɖe Ŋugbedodonyigbaa ƒe liƒo dzii. Farao ƒemee wonyi Mose le, gake eva zu Mawu ƒe amewo kplɔla si wona ŋusẽe, kpakple nyagblɔɖila, ʋɔnudrɔ̃la, kple agbalẽŋlɔla si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã. Ke hã eyae ‘fa wu amesiwo katã nɔ anyigba dzi.’—Mose IV, 12:3.

Nya siwo Biblia gblɔ le Mose ŋu la dometɔ akpa gãtɔ ku ɖe eƒe agbenɔƒe 40 mamlɛawo ŋu, si tso ɣeyiɣi si me woɖe Israel-viwo tso kluvinyenye me vaseɖe Mose ƒe kuɣi esime wòxɔ ƒe 120. Tso esime wòxɔ ƒe 40 vaseɖe 80 la, enye alẽkplɔla le Midian. Gake agbalẽ aɖe gblɔ be, “ɖewohĩ eƒe agbenɔƒe ƒe akpa si do dzidzɔ na ame wu, evɔ wònye esi ŋu ame geɖe menya nu le o” enye eƒe ƒe 40 gbãtɔwo, tso edziɣi va ɖo esime wòsi le Egipte. Nuka koŋue míate ŋu anya tso ɣeyiɣi sia ŋu? Aleke nɔnɔme si me Mose tsi le la anya kpɔ ŋusẽ ɖe amesi wòva nye dzii? Ŋusẽkpɔɖeamedzi kawo tee wòanya tsi le? Kuxi kawo mee wòanya to? Eye nukae esiawo katã ate ŋu afia mí?

Kluvinyenye le Egipte

Mose ƒe Agbalẽ Evelia gblɔ be Farao aɖe va nɔ vɔvɔ̃m na Israel-vi amedzrovi siwo nɔ Egipte la, le alesi wònɔ dzidzimee ta. Edze agbagba ‘ayetɔe’ te kpɔ be yeaɖe woƒe agbɔsɔsɔ dzi akpɔtɔ to kluvidɔ sesẽwo—siwo nye agbatetsɔtsɔ, anyinyanya, kple anyikpe meme—dede asi na wo ne woawɔ le dɔdzikpɔla ameƒolawo ƒe dzikpɔkpɔ te me.—Mose II, 1:8-14; 5:6-18.

Alesi woɖɔ Egipte si me wo dzi Mose ɖo la sɔ ɖe blemaŋutinya me kpeɖodzi siwo li. Blemagbalẽwo kple yɔdo dzi nutata ɖeka ya teti ƒo nu tso kluviwo ƒe anyikpe meme le ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. me ŋu. Kpememe dzikpɔlawo maa kluviwo ɖe ƒuƒoƒo siwo me ame 6 va ɖo 18 nɔ me eye ŋgɔnɔla alo dɔdzikpɔla nɔa wo nu. Ele be woaku anyi ahatso gbe atsɔ ayi kpea meƒee. Dɔwɔla siwo tso dukɔ vovovowo me dea tɔme, eye wozãa kodziwo tsɔ blua anyia kple gbea tsakanae. Wotsɔa kpetsoganugoe siwo le dzogoe ene me tsoa anyikpewo ɖe fli gbogbowo me. Emegbe kluvidɔwɔlaawo lɔa anyikpe siwo wosia ɖe ŋdɔgbe wòƒu la ɖe kusi eve me, hetsɔa ati dea kusiawo me tsɔna ɖe abɔta ɖina abui ɣeaɖewoɣi, yina xɔa tuƒee. Egiptetɔ dɔdzikpɔlawo, siwo lé ameƒoti ɖe asi la, nɔa anyi alo nɔa tsatsam le wo dzi ne wole dɔa dzi kpɔm.

Blema akɔntabubu nuŋlɔɖi aɖe ƒo nu tso anyikpe 39,118 siwo kluvidɔwɔla 602 me ŋu, si fia be ame ɖeka mea anyikpe 65, le mama dedie nu, le dɔwɔɣi ɖeka me. Eye ƒe alafa 13 lia D.M.Ŋ. me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ be: ‘Ameawo nɔ anyikpe xexlẽme si wodi tso wo si la mem gbesiagbe.’ Esiawo katã sɔ pɛpɛpɛ kple dɔ si wobia tso Israel-viwo si be woawɔ si woɖɔ le Mose ƒe Agbalẽ Evelia me.

Ameteteɖeanyia mete ŋu ɖe Hebritɔawo ƒe agbɔsɔsɔ dzi kpɔtɔ o. Ke boŋ ‘zi alesi Egiptetɔawo te wo ɖe anyii la, zi nenemae wonɔ dzidzim ɖe edzii, si na ɖeko wode asi Israel-viwo vɔvɔ̃ me.’ (Mose II, 1:10, 12) Le esia ta, Farao de se na Hebritɔwo ƒe vixelawo eye emegbe na eƒe amewo katã be woawu Israel-viŋutsu siwo katã woadzi la. Nɔnɔme dziŋɔ sia mee Yoxebet kple Amram dzi vidzĩ dzeɖekɛ, Mose, le.—Mose II, 1:15-22; 6:20; Dɔwɔwɔwo 7:20.

Woɣlae, Wofɔe, eye Woxɔe Nyi

Mose dzilawo gbe wɔwɔ ɖe Farao ƒe amewuwusea dzi heɣla wo viŋutsuvi suea. Ðe wowɔ esia togbɔ be ŋkutsalawo kple aƒemetsalawo nɔ tsatsam henɔ vidzĩwo dima? Míate ŋu aɖo eŋu kakaɖedzitɔe o. Ke hã le ɣleti etɔ̃ megbe la, Mose dzilawo megate ŋu ɣlae o. Eyata dada si tsi dzi la lɔ̃ aƒlakusi, tsɔ aŋɔ tree be tsi nagage ɖe eme o, hetsɔ via mlɔ eme. Le gɔmesese aɖe nu la, Yoxebet wɔ ɖe Farao ƒe se si wòde be woatsɔ Hebri-viŋutsuvi yeye siwo woadzi la aƒu gbe ɖe Nil-tɔsisi me dzi. Emegbe Miryam, si nye Mose nɔvinyɔnu tsitsi ɖatɔ ɖe adzɔge nɔ eŋu dzɔm.—Mose II, 1:22–2:4.

Míenya ne ɖee Yoxebet ɖoe be Farao vinyɔnu nafɔ Mose ne eva tsi le ge le tɔa to ya o, gake numae dzɔ. Fiavinyɔnua de dzesii be ɖevia nye Hebritɔawo ƒe vi. Nukae wòawɔ? Ðe wòawɔ fofoa ƒe gbe dzi ahaɖe gbe be woawuia? Ao, ewɔ nu abe alesi nyɔnu akpa gãtɔ awɔ nui ene. Ewɔ nu veveseɖeamenutɔe.

Miryam te ɖe eŋu enumake. Ebia be: ‘Mayi aɖayɔ Hebri-nyɔnu aɖe vɛ be wòana no ɖevia na wòa?’ Ame aɖewo bua akpa sia be etsi tre ɖe (Farao) ƒe tameɖoɖoa ŋu. Mose nɔvinyɔnu ƒe susu mewɔ ɖeka kple Farao tɔ o, amesi kple eƒe aɖaŋuɖolawo ɖo nugbe be yewoawɔ ‘ayemenu’ ɖe Hebritɔawo ŋu. Gake esi fiavinyɔnua lɔ̃ ɖe edaa ƒe ɖoɖoa dzi ko hafi kakaɖedzi te ŋu ɖo Mose ƒe dedienɔnɔ ŋu. Farao ƒe vinyɔnua ɖo eŋu be: “Heyi!,” eye Miryam yi ɖayɔ dadaa vɛ enumake. Le asiƒoƒo megbe la, wohaya Yoxebet be wòana no eya ŋutɔ via le fiaƒomea ƒe takpɔkpɔ te.—Mose II, 2:5-9.

Le nyateƒe me la, fiavinyɔnua ƒe nublanuikpɔkpɔa to vovo kura tso fofoa ƒe ŋutasesẽa gbɔ. Menye ɖee menya nu tso ɖevia ŋu alo ɖe woble enu o. Dɔmetɔtrɔ vavãe ʋãe be wòxɔe nyi, eye eƒe lɔlɔ̃ be Hebri-nyɔnu nana noe la ɖee fia be melɔ̃ ɖe fofoa ƒe nugbeɖoɖoa dzi o.

Enyinyi Kple Sukudede

Yoxebet “xɔ ɖevi la, eye wòna noe. Esi ŋutsuvia tsi la, ekplɔe vɛ na Farao vinyɔnu la, eye wòxɔe wɔ viae.” (Mose II, 2:9, 10) Biblia megblɔ ƒe alesinu Mose tsɔ nɔ edzila ŋutɔŋutɔwo gbɔe o. Ame aɖewo bui be anye vaseɖe esime wòtso no ya teti—anɔ ƒe eve alo etɔ̃—gake anya adidi wu ema. Ðeko Mose ƒe Agbalẽ Evelia gblɔ kpuie ko be ‘etsi’ le dzilawo gbɔ, si ate ŋu afia ƒe ɖesiaɖe. Aleke kee wòɖale o, ɖikeke mele eme o be Amram kple Yoxebet zã ɣeyiɣia tsɔ na wo via nya be Hebri-vie wònye hefia nui ku ɖe Yehowa ŋu. Nenye be xɔse kple nudzɔdzɔewɔwɔ si woƒã ɖe Mose me la li ke tututu la, ɣeyiɣiwo koe ava yi hafi míanya.

Esi wotrɔ Mose yi na Farao vinyɔnua la, ‘wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katãe.’ (Dɔwɔwɔwo 7:22) Ema ate ŋu afia hehe si ŋu wotrɔ asi le be Mose nasu te na dziɖuɖudɔ wɔwɔ. Nusiwo Egiptetɔwo srɔ̃na la lɔ akɔntabubu, fliwo kple dzogoewo ŋuti kɔntabubu, xɔtuɖaŋu, kpakple aɖaŋudɔ bubuwo kple dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe eme. Ðewohĩ fiaƒomea adi be wòasrɔ̃ nu tso Egiptetɔwo ƒe subɔsubɔwo ŋu.

Anɔ eme be Mose kple fiaƒomea me vi bubuwoe wofia nu tɔxɛ siawoe. Amesiwo kpɔ gome le ame ŋkutawo ƒe nusɔsrɔ̃ siawo ƒomevi me la nye “duta dziɖulawo ƒe vi siwo woɖo ɖa alo lé aboyoe kplɔ yi Egipte be ‘woƒe ŋku naʋu’ emegbe woatrɔ adzo aɖanye Farao teƒenɔla le wo de.” (The Reign of Thutmose IV, si Betsy M. Bryan ŋlɔ) Ðeviwo Dzikpɔƒe siwo le fiasãwo me anya nye teƒe siwo wonaa hehe ɖeviwo le wotsina va nyea ʋɔnudrɔ̃ƒe dɔwɔlawo. * Egiptetɔwo ƒe Titina kple Fiaɖuƒe Yeye ɣeyiɣiwo me nuŋlɔɖiwo ɖee fia be bubuŋkɔ si nye “Fiasã me Sukuvi” kpɔtɔ nɔ Farao ŋu mewo kple dziɖuɖumegã deŋgɔ geɖewo ŋu le woƒe tsitsime gɔ̃ hã.

Fiasã me gbenɔnɔ ado Mose akpɔ. Atsɔ kesinɔnuwo, agbeɖunuwo, kple ŋusẽ aɖo eŋkume. Afɔ agbenyuinɔnɔ ƒe afɔkuwo hã ɖe te. Aleke Mose awɔ nu ɖe wo ŋui? Afikae wòada eƒe nuteƒewɔwɔ ɖo? Ðe wònye Yehowa subɔla, Hebritɔ siwo wote ɖe anyi la nɔvi tututua, alo ɖee wòtiae be yeati nusiwo trɔ̃subɔdukɔ Egipte ate ŋu anae la yomea?

Nyametsotso Vevi aɖe Wɔwɔ

Esi Mose xɔ ƒe 40, si nye ɣeyiɣi si wòate ŋu azu Egiptetɔ keŋkeŋ la, ‘eyi be yeaɖakpɔ dɔ sesẽ si wɔm ye nɔviwo le ɖa.’ Afɔ si wòɖe le eyome ɖee fia be menye ɖeko wòdi be yeanya ko o; edi vevie be yeakpe ɖe wo ŋu. Esi wòkpɔ Egiptetɔ aɖe nɔ Hebri-vi aɖe ƒom la, exɔ nɛ hewu ameteɖeanyila la. Nuwɔna ma ɖee fia be Mose ƒe dzi nɔ nɔviawo ŋu. Anɔ eme be amesi ku la nye dɔnunɔla, si wòwu esi wònɔ eƒe dɔwo wɔm. Le Egiptetɔwo gbɔ la, ele be Mose nawɔ nuteƒe na Farao le nusianu me. Ke hã nusi ʋã Mose hãe nye lɔlɔ̃ si le esi na dzɔdzɔenyenye, si nye nɔnɔme si wògaɖe fia esime wòhe nya kple Hebritɔ aɖe si nɔ nɔvia ƒom madzemadzee le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Edzro Mose be yeaɖe Hebritɔawo tso kluvinyenye me, gake esi Farao se be egbe ye, hetee kpɔ be yeawui la, eva hiã be Mose nasi ayi Midian.—Mose II, 2:11-15; Dɔwɔwɔwo 7:23-29. *

Ɣeyiɣi si Mose di be yeaɖe Mawu ƒe amewo la mesɔ kple Yehowa tɔ o. Ke hã eƒe nuwɔnaa ɖe xɔse fia. Hebritɔwo 11:24-26 gblɔ be: “Le xɔse me, esi Mose tsi la, egbe be, womegayɔ ye be Farao ƒe vinyɔnuvi la vi o; elabena elɔ̃ be, yeakpe fu akpe ɖe Mawu ƒe dukɔ la ŋuti wu esi yeakpɔ nuvɔ̃ ƒe vivisese le ɣeyiɣi vi aɖe ko me.” Nukatae? ‘Elabena ebu ŋukpe si wodo Kristo la kesinɔnu wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo; elabena ekpɔ teƒeɖoɖofetu la ɖa.’ Nyagbɔgblɔ tɔxɛ sia si wozã be “Kristo la,” si gɔmee nye “amesiamina,” sɔ na Mose le susua nu be eva xɔ dɔdasi tɔxɛ aɖe tso Yehowa gbɔ tẽ emegbe.

Bu eŋu kpɔ ko! Wonyi Mose le mɔ aɖe si Egiptetɔ ame ŋkutawo koe wòle be woanyi nenema la nu. Ðoƒe si nɔ esi la ana wòakpɔ dɔ nyui aɖe kple dzidzɔdonamenu ɖesiaɖe si ŋu ame ate ŋu abu, ke hã egbe wo katã. Mete ŋu tsaka agbenɔnɔ le Farao, ameteɖeanyila la, ƒe fiasã me kple lɔlɔ̃ na Yehowa kple na dzɔdzɔenyenye o. Ŋugbe siwo Mawu do na tɔgbuiawo, Abraham, Isak, kple Yakob la nyanya kple ŋugbledede le wo ŋu kpe ɖe Mose ŋu wòtia be yeadze Mawu ŋu. Esia wɔe be Yehowa te ŋu zã Mose le akpa si le vevie wu me tsɔ na Eƒe tameɖoɖowo va eme.

Mí katã míedzea ŋgɔ nusiwo le vevie wu ƒe tiatiawo wɔwɔ. Ðewohĩ èdze ŋgɔ nyametsotso sesẽ aɖe wɔwɔ abe Mose ene. Ðe wòle be nàɖe asi le nuwɔna alo viɖenu aɖewo ŋu, metsɔ le nusiwo wòabia me oa? Ne tiatia ma wɔwɔe dze ŋgɔ wò la, ɖo ŋku edzi be Mose bu Yehowa ƒe xɔlɔ̃nyenye nu xɔasii wu Egiptetɔwo ƒe kesinɔnuwo, eye meva vee o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 Suku sia anya ɖi esi tɔgbe Daniel kple eƒe zɔhɛwo de be woava zu dziɖuɖumegãwo le Babilon. (Daniel 1:3-7) Tsɔe sɔ kple Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, ta 3, si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 20 Alesi Mose lɔ̃ dzɔdzɔenyenye gadze le alesi wòxɔ na nyɔnu alẽkplɔla wɔnamanɔŋutɔwoe esime wònye sisila le Midian.—Mose II, 2:16, 17.

[Aɖaka si le axa 11]

Nonana Vi ƒe Ðoɖowo

Le dzɔdzɔmenu la, vidadawoe naa no woa ŋutɔwo ƒe viwo. Gake agbalẽnyala Brevard Childs gblɔ le Journal of Biblical Literature me be, “le go aɖewo me la, [Ɣedzeƒe Nutome] ame ŋkutawo ƒe ƒomewo dometɔ aɖewo hayaa ame bubu be woana no yewo viwo. Wowɔa nusia hã ne vidadaa ŋutɔ mate ŋu ana no via o alo ne womenya vidadaa o. Nonalaa xɔa ɖevia dzikpɔkpɔ kple nonanae ƒe agbanɔamedzi vaseɖe esime ɣeyiɣi si woɖo ɖi la nade.” Blema Ɣedzeƒe Nutometɔwo ƒe blemagbalẽ geɖe siwo dzi nonana vi ƒe ɖoɖowo le la li vaseɖe fifi. Nuŋlɔɖi siawo ɖo kpe nuwɔna si bɔ ɖe Egipte, tso Sumeriatɔwo ƒe ɣeyiɣiwo me va ɖo Helatɔwo ƒe ɣeyiɣia ƒe nuwuwu, la dzi. Nusiwo nɔa agbalẽ siawo dzi zi geɖee nye amesiwo wòlɔ ɖe eme la ŋuti nyawo, ɣeyiɣi didime si ɖoɖoa axɔ, ɖoɖo siwo nu woawɔ dɔa ɖo, nuɖuɖu si wodi be vidzikpɔlaa nana ɖevia, fe si woaxe ne ame aɖe da le ɖoɖoa dzi, fetu si woaxe, kple alesi woaxe feae. Childs ɖe eme be, zi geɖe la, “nonana vi xɔa ƒe eve alo etɔ̃. Noa nala la nyia ɖevia le eya ŋutɔ ƒeme, gake ɣeaɖewoɣi la, wobiana tsoa esi be wòatsɔ ɖevia ayi na edzilawo be wòakpɔe ɖa.”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Anyikpememe le Egipte metrɔ tso alesi wònɔ le Mose ŋɔli gbɔ boo o, abe alesi blema nutatawo ɖee fia ene

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Above: Pictorial Archive (Near Eastern History) Est.; below: Erich Lessing/Art Resource, NY