Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameƒomea ƒe Kuxiwo Wo Nu Ayi Gbaɖegbea?

Ameƒomea ƒe Kuxiwo Wo Nu Ayi Gbaɖegbea?

Ameƒomea ƒe Kuxiwo Wo Nu Ayi Gbaɖegbea?

“XEXEAME nɔlawo ƒe akpa enelia nye ame dahewo, ga si ŋu ame biliɔn 1.3 nɔa agbe ɖo gbesiagbe mede dɔlar 1 o, ame biliɔn 1 nye agbalẽmanyalawo, biliɔn 1.3 mekpɔa tsi nyui nona o, eye dɔ wua ame biliɔn 1 gbesiagbe.” Nenemae nyatakaka aɖe si tso Ireland gblɔ le nɔnɔme si me xexeame le ŋu.

Nublanuinya ka gbegbee nye si wònye be amegbetɔ mete ŋu ke ɖe nusiwo akpɔ xexeame ƒe kuxiwo gbɔ tegbee la ŋu o! Kuxi mawo gawɔa nublanui wu ne èkpɔe be amesiwo ŋu woƒo nu tsoe le nyatakaka ma me la ƒe akpa gãtɔ nye nyɔnu kple ɖevi siwo ŋu wɔna aɖeke mele o. Fifia gɔ̃ hã si míele ƒe alafa 21 lia me la, ɖe mewɔ nublanui ŋutɔ be “ezu gbesiagbe nuwɔna be womegabua ame gbogbo aɖewo ƒe gomenɔamesiwo ɖe ɖeke me oa”?—The State of the World’s Children 2000.

“Xexe Yeye aɖe Li le Dzidzime Ðeka aɖe Me”

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ðeviwo Ŋu Nyagbɔkpɔha ɖee fia be kakaɖedzi li be “woate ŋu aɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame si me ŋutasẽnuwɔna siawo . . . kplɔ amewo dee le xexeame godoo la ɖa.” Habɔbɔ sia gblɔ be nɔnɔme wɔnublanui siwo nu wòle be wɔnamanɔŋuitɔ biliɔn nane siawo nanɔ te ɖo fifia la “menye nɔnɔme siwo ŋu womate ŋu awɔ naneke le alo womate ŋu atrɔ o.” Le nyateƒe me la, edoe ɖe ‘amewo katã gbɔ be woakpɔe adze sii be xexe yeye aɖe li le dzidzime ɖeka aɖe me.’ Habɔbɔa kpɔ mɔ be esia anye xexe aɖe si me amegbetɔƒomea katã “avo tso hiãkame kple vovototodedeameme, ŋutasesẽ kple dɔléle me.”

Nyateƒenya si wònye be fifia gɔ̃ hã la, fafanamelawo dzea agbagba geɖe be yewoaɖe “aʋawɔwɔ kple xaxa vovovo siwo dzena abe ɖe wo nu mayi o” la me tsonu wɔnublanuiawo dzi akpɔtɔ lae dea dzi ƒo na amesiwo le nukpɔsusu siawo ɖem fia. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 15 siwo va yi me la, Chernobyl Ðeviwo Dzikpɔɖoɖoa “wɔe be ɖevi alafa geɖe siwo xɔ kansa le nukliaŋusẽnamɔ̃a ƒe wowó ta la ƒe fukpekpewo dzi ɖe kpɔtɔ.” (The Irish Examiner, April 4, 2000) Le nyateƒe me la kpekpeɖeŋunaha gãwo kple sueawo wɔa akpa gã aɖe le ame gbogbo aɖewo siwo ŋu aʋawɔwɔ kple afɔkuwo gblẽ nu le la ƒe agbe me.

Ke hã amesiwo kpɔa gome le kpekpeɖeŋunadɔ siawo me la nya alesi tututu dɔa ƒe nɔnɔme le. Wonya be kuxi siwo yewodzea ŋgɔe la “keke ta heƒo ke ɖe to sesĩe wu alesi wonɔ le ƒe ewo siwo va yi me.” David Begg, si nye Ireland Dɔmenyohabɔbɔ ƒe amegã, gblɔ be esime tsiɖɔɖɔ gblẽ nu le Mozambique ŋu vevie la, “habɔbɔa ƒe dɔwɔlawo, fafanamelawo, kple nunalawo wɔ nu wòdze kafukafu ale gbegbe.” Egblɔ kpee be, “gake míawo ɖeɖe míete ŋu kpe akɔ kple afɔku siawo ƒomevi bliboe o.” Le kpekpeɖeŋunadɔwo wɔwɔ le Afrika gome la, elɔ̃ ɖe edzi nyateƒetɔe be: “Mɔkpɔkpɔ ƒe dzoxi ʋɛ siwo kpɔtɔ li la le tsitsim kwasiɖa siaa kwasiɖa.” Ame geɖe ase le wo ɖokui me be eƒe nyaa ɖɔ nɔnɔme si le xexeame godoo wòsɔ nyuie ŋutɔ.

Ðe míate ŋu akpɔ mɔ na ‘xexe yeye aɖe le dzidzime ɖeka aɖe me’ nyateƒea? Togbɔ be dɔmenyodɔ siwo wowɔna egbea dze na kafukafu hã la, ɖikeke mele eŋu o be susu le eme be míade ŋugble le mɔkpɔkpɔ bubu aɖe na xexe yeye aɖe si me dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa anɔ la ŋu. Biblia ƒo nu tso mɔkpɔkpɔ ma ŋu, abe alesi nyati si kplɔe ɖo aɖe emee ene.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Page 3, children: UN/DPI Photo by James Bu