Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ne ame aɖe wu eɖokui la, ɖe wòasɔ be subɔla Kristotɔ naƒo kunuƒoa?

Ele be subɔla Kristotɔ ɖesiaɖe natso nya me na eɖokui ne eyama si si dzitsinya nyui le aƒo ku nuƒo le amesi dze abe ɖe wòwu eɖokui ene ƒe kuteƒe. Ne ele nyametsotsoa wɔm la, ele be wòade ŋugble le biabia siwo gbɔna ŋu: Aleke Yehowa bua ameɖokuiwuwui? Amea ŋutɔe wu eɖokui nyateƒea? Tagbɔdɔléle alo seselelãmekuxi aɖee na wòwu eɖokuia? Aleke wobua ameɖokuiwuwu le nutoa me?

Esi míenye Kristotɔwo ta la, míetsɔa ɖe le alesi Yehowa bua ameɖokuiwuwui me. Amegbetɔ ƒe agbe xɔ asi eye wòle kɔkɔe na Yehowa. (Mose I, 9:5; Psalmo 36:10) Eyata eɖoɖo koŋ aɖe ame ŋutɔ ƒe agbe ɖa medzea Mawu ŋu o. (Mose II, 20:13; Yohanes I, 3:15) Ðe nyateƒenya sia fia be masɔ be woaƒo kunuƒo le ameɖokuiwula aɖe ƒe kuteƒe oa?

De ŋugble le nusi Israel-fia Saul wɔ ŋu kpɔ. Esi wòkpɔe be yematsi agbe le woa kple Filistitɔwo ƒe aʋa mamlɛa me o, eye le esi wòaɖe mɔ eƒe futɔwo nado vloe teƒe la, “Saul tsɔ eƒe yi, eye wòdze enu.” Esi Filistitɔwo ke ɖe eƒe kukua ŋu la, wotsɔe ku gli ŋu le Bet-San. Esi Yabes-Gilead tɔwo se nusi Filistitɔwo wɔ la, woɖe ame kukua eye wotɔ dzoe. Emegbe wofɔ eƒe ƒuwo heɖi wo. Wotsi nu dɔ ŋkeke adre sɔŋ, si nye kɔnu si Israel-viwo wɔna ne wole konyi fam. (Samuel I, 31: 4, 8-13; Mose I, 50:10) Esi Dawid, amesi nye Yehowa ƒe amesiamina se nusi Yabes-Gilead tɔwo wɔ la, egblɔ be: “Yehowa ayra mi, elabena mieve miaƒe aƒetɔ Saul nu, eye mieɖii! Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi.” (Samuel II, 2:5, 6) Ŋɔŋlɔawo megblɔ be wobu fɔ Yabes-Gilead tɔwo be wowɔ nusi woate ŋu agblɔ be enye kunuwɔwɔ na Fia Saul o. Tsɔ nudzɔdzɔ sia sɔ kple ame kuku siwo wogblẽ ɖi maɖimaɖii le woƒe nugbegblẽwɔwɔ ta ŋu kpɔ. (Yeremya 25:32, 33) Subɔla Kristotɔ ate ŋu abu nuŋlɔɖi sia ŋu ne ele ŋugble dem le kunuƒo ƒoƒo le ameɖokuiwula aɖe ƒe kuteƒe ŋu.

Subɔlaa adi be yeade ŋugble le taɖodzinu si le kunuwɔwɔ ŋu. Yehowa Ðasefowo mewɔa kunu kple taɖodzinu be woatsɔ ado mɔ ame kukua ayi xexe bubu aɖe me abe alesi amesiwo xɔ luʋɔ makumaku dzi se bunɛ ene o. Taɖodzinu si le kunuwɔwɔ ŋu koŋ enye be woafa akɔ na amesiwo dzi kua dzɔ ɖo eye be woaɖi ɖase le nɔnɔme si me ame kukuwo le ŋu na vavalawo ke menye be wòaɖe vi na ame kukua o. (Nyagblɔla 9: 5, 10; Korintotɔwo II, 1: 3-5) Susu vevi bubu si ta woƒoa kunuƒo enye be wòakpe ɖe vavalawo katã ŋu woade ŋugble le alesi agbe le kpui la ŋu. (Nyagblɔla 7:2) Ðe kunuƒoa ƒoƒo le ameɖokuiwula aɖe ƒe kuteƒe aɖo taɖodzinu siawo gbɔa?

Anɔ eme be, ame aɖewo abui be ɖe amea ɖoe koŋ wu eɖokui, togbɔ be enya nyuie be enye nuvɔ̃wɔwɔ ɖe Yehowa ŋu hã. Gake ɖe woate ŋu aɖo kpe seselelãme ma dzi ɣesiaɣia? Ðe wòate ŋu anye be ɖe wòtsi klokloklo wɔ nua eŋu mabumabuia? Amesiwo te kpɔ be woaɖe woƒe agbe ɖa dometɔ ɖewo trɔa woƒe susu. Ne amea ku la, magate ŋu atrɔ dzi me tso nusi wòwɔ me o.

Nu vevi bubu enye susu me kple seselelãme ƒe kuxi siwo nana wowua ameɖokui zi geɖe. Woate ŋu agblɔ be ameɖokuiwuwu ŋutɔŋutɔe nuwɔna siawo nye. Akɔntabubu aɖewo ɖee fia be, tagbɔdɔ, seselelãme, alo atikevɔ̃ɖizazã si ma ame ƒe kuxiwoe nɔa amesiwo wua wo ɖokui 90 le alafa me ŋu. Ðe Yehowa atsɔe ake ameɖokuiwula siwo le susu ƒe nɔnɔme ma tɔgbe mea? Míate ŋu atso nya me agblɔe nenye be ame kukua wɔ vodada si Yehowa matsɔ akee o. Subɔla Kristotɔ adi be yeade ŋugble le nɔnɔme si me amea nɔ hafi ku kple eƒe atikewɔwɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo ŋu ne ele edam kpɔ nenye be aƒo kunuƒo le ameɖokuiwula aɖe ƒe kuteƒe loo alo maƒoe o ŋu.

Nu ɖeka hã gali si ŋu wòle be woabu: Aleke amesiwo le nutoa me bua ameɖokuiwuwu kple amea ƒe kui? Hamemegã, siwo tsɔa ɖe le ŋkɔ nyui si anɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le nutoa me ŋu koŋue nya sia ka. Le alesi amewo bua ameɖokuiwuwu le nutoa me, kple ku si dzɔ fifia ŋu la, hamemegãawo madi be yewoaƒo yewo ɖokui ɖe ku ŋu wɔnaawo me le gaglãgbe alo awɔe le Fiaɖuƒe Akpataa me o.

Ke hã ne wobia tso subɔla Kristotɔ si be wòaxɔ ŋgɔ le kua ŋu wɔnaawo me la, asee le eɖokui me be yeate ŋu awɔe wòanye nyametsotso si yewɔ le ye ɖokui si. Ne etso nya me be yeawɔe nenema la, ele nɛ be wòadze aɖaŋu be wòagagblɔ kpeɖodzinya aɖeke nenye be amea afɔ ɖe tsitre alo mafɔ o. Yehowa si mee ame kukuwo ƒe etsɔme mɔkpɔkpɔ ɖesiaɖe le, eye ame aɖeke mate ŋu agblɔe kɔte be woafɔ amesi ku la ɖe tsitre alo womafɔe o. Subɔlaa ate ŋu aƒo nu tso Biblia me nyateƒe si ku ɖe ku ŋu ŋuti eye wòafa akɔ na amesiwo dzi kua dzɔ ɖo.