Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Keke Ðe Nyateƒea Ŋu le Afisi Womekpɔ Mɔ Nɛ Le O

Keke Ðe Nyateƒea Ŋu le Afisi Womekpɔ Mɔ Nɛ Le O

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Keke Ðe Nyateƒea Ŋu le Afisi Womekpɔ Mɔ Nɛ Le O

ENYE Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” ( Timoteo I, 2:3, 4) Le esia ta, Yehowa Ðasefowo ta Biblia kple Biblia-srɔ̃gbãle miliɔn geɖe hema wo na amewo. Ɣeaɖewoɣi la, agbalẽ siawo kpena ɖe dzianukwaretɔwo ŋu wosrɔ̃a nyateƒea le mɔ siwo womekpɔ mɔ nɛ le kura o nu. Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo le Freetown, Sierra Leone, ka nya ta ku ɖe esia ŋu le nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la me.

Osman ye nye ŋutsuvi evelia le ƒome si me vi asieke le me. Esi wòtsi le ƒome si kpɔa dzidzɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu me ta la, edea sɔleme edziedzi kple fofoa. Ke hã nusi Osman ƒe subɔsubɔha fiana ku ɖe dzomavɔ ŋu la ɖea fu nɛ vevie. Mese nusita Mawu si kpɔa nublanui na ame la nafiã ame vɔ̃ɖiwo le dzo me atsɔ awɔ funyafunya woe la gɔme o. Numeɖeɖe siwo katã wona Osman be wòakpe ɖe eŋu wòase dzomavɔnufiafiaa gɔme mena wòɖe dzi ɖi o.

Esime Osman xɔ ƒe 20 la, ekpɔ agbalẽ blɔ aɖe si ƒe akpa aɖe nɔ dzedzem la le gbeɖuɖɔ me gbeɖeka. Esi agbalẽwo xexlẽ doa dzidzɔ nɛ ta la, etsɔe, tutu eŋu, helé ŋku ɖe eƒe tanya si nye—Nyateƒe, Si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ̃ Mee * la ŋu.

Osman bia be: ‘Nyateƒe kae nye esia?’ Osman di vevie be yeanya, eyata etsɔ agbalẽa yi aƒeme vanɔ anyi ɖe eŋu xlẽ ye katã hafi tso. Aleke gbegbe wòkpɔ dzidzɔe nye esi esi wòsrɔ̃e be ŋkɔ ŋutɔŋutɔ le Mawu si—si nye Yehowa! (Psalmo 83:19) Osman va nya hã be Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔe nye lɔlɔ̃ eye be funyafunyawɔwɔ amewo le dzomavɔ me ƒe susu gɔ̃ hã nye ŋunyɔnu Nɛ. (Yeremya 32:35; Yohanes I, 4:8) Mlɔeba la, Osman va srɔ̃e be madidi o Yehowa awɔ anyigbaa paradiso si me amewo anɔ agbe le tegbee. (Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Nyateƒe wɔnuku ka gbegbee nye esi tso lɔlɔ̃ Mawu si kpɔa nublanui la gbɔ! Osman da akpe na Yehowa tso dzime be wòna yeke ɖe nyateƒea ŋu le afisi womakpɔ mɔ nɛ le kura o.

Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, Osman xɔlɔ̃wo kpe ɖe eŋu wòkpɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata eye wòde kpekpe zi gbãtɔ le afima. Esime wònɔ kpekpea me la, ebia Ðasefo aɖe be wòasrɔ̃ Biblia kpli ye. Togbɔ be Osman ƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, eyi edzi wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ. (Mateo 10:36) Hamemegãe Osman nye egbea le hamea me. Aleke gbegbe wòwɔ nukue nye esi be Biblia-srɔ̃gbãle si wofɔ le gbeɖuɖɔ mee na nusiawo katã dzɔ!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Yehowa Ðasefowoe tae le ƒe 1968 me.