Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Ðe wòhiã kokoko be woanyrɔ ame ɖe tsi me keŋkeŋ ne lãmesẽkuxi sesẽ aɖe le amesi di be yeaxɔ nyɔnyrɔa ŋu alo lãme gblẽ nɛ vevie, si ana be enyɔnyrɔ ɖe tsi me keŋkeŋ asesẽa?

Nya “nyɔnyrɔxɔxɔ” tso Helagbe me dɔwɔnya si nye baʹpto si gɔmee nye “woanyrɔ nu ɖe nane gɔme” la me. (Yohanes 13:26) Le Biblia me la, nya “nyɔnyrɔxɔxɔ” fia “be woanyrɔ amea wòabu keŋkeŋ.” The Emphasised Bible, si Rotherham ta gblɔ le nyɔnyrɔ si Filipo na Etiopiatɔ aƒedzikpɔla la ŋu be: “Filipo kple aƒedzikpɔlaa—wo ame evea siaa—yi ɖe tsia me eye wònyrɔe.” (Dɔwɔwɔwo 8:38) Eyata ɖe wodea amesi nyrɔm wole la tsia me ŋutɔŋutɔ wòbuna ɖe eme keŋkeŋ.—Mateo 3:16; Marko 1:10.

Yesu de se na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, [mianyrɔ, NW ] wo.” (Mateo 28:19, 20) Esia ta Yehowa Ðasefowo wɔa ɖoɖo nyrɔa amewo le tsixaɖoƒewo, tawo, tɔsisiwo alo le teƒe bubu siwo tsi sɔ gbɔ ɖo hena amenyɔnyrɔ wòabu ɖe tsia me keŋkeŋ. Esi nyɔnyrɔxɔxɔ bia le Ŋɔŋlɔawo nu be woanyrɔ ame ɖe tsi me wòabu ɖe eme keŋkeŋ ta la, amegbetɔ aɖeke mekpɔ mɔ aɖe ame aɖe le nyɔnyrɔxɔxɔ me o. Eyata ele be woanyrɔ ame ɖe tsi me ne wòhiã be woawɔ ɖoɖo tɔxɛwo le nɔnɔme si me amea le ta gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, ame nyɔnyrɔ le tsilégba gãwo me dea ame tsitsiwo alo amesiwo ŋu lãmesẽ kuxi sesẽwo le la dzi. Woate ŋu adzro tsia wòanɔ gbɔgblɔe le tsilégbaa me, woakɔ nyɔnyrɔxɔlaa ɖɔɖɔɖɔ ade tsia me vivivi, eye ne wòɖe dzi ɖi le tsia me ko la, woate ŋu anyrɔe keŋkeŋ azɔ.

Wona nyɔnyrɔ amesiwo ŋu lãmesẽkuxi sesẽwo le gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, wonyrɔ amesiwo ƒe vehlo woko si na be do le woƒe vehlo me, alo amesiwo zãa yagbɔmɔ̃. Gake ele be woawɔ dzadzraɖo geɖe hafi anyrɔ amesiawo le nɔnɔme siawo me. Nunya anɔ eme be dɔnɔdzikpɔla bibi alo ɖɔkta nanɔ anyi ne woli. Ke hã le ɖoɖo nyui wɔwɔ alo ŋuɖɔɖɔɖo me la, woate ŋu anyrɔ nɔnɔme ɖesiaɖe kloe me nɔlawo. Eyata ele be woadze agbagba ɖesiaɖe si me nunya le be woanyrɔ amesi di le anukware me be yeaxɔ nyɔnyrɔ la ɖe tsi me ne wòlɔ̃ be yeatsɔ afɔku siwo ado tso eme la ƒe agba.