Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èkpɔ ŋudzedze ɖe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la xexlẽ ŋua? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

• Nukatae wòsɔ egbea be woade ŋugble le nyabiabia siwo wofɔ ɖe te le Hiob ta 38 lia me ŋu?

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gɔ̃ hã mate ŋu ase dɔ wɔnuku geɖe siwo dzi Mawu he míaƒe susu yii la gɔme bliboe o. Esiawo nye alesi nuheŋusẽ naa anyigba trona, nusi tututu kekeli nye, nusita sno kakɛwo meɖi wo nɔewo o, alesi tsi gege toŋtoŋ zua tsidzadzae, kple alesi ŋusẽ ƒoa ƒu zua dziɖegbee.—4/15, axa 4-11.

Biblia me kpɔɖeŋu kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpe akɔ kple dziɖeleameƒo ƒe seselelãmewo?

Asaf, Barux kple Naomi siaa to dziɖeleameƒo alo blanuiléle ƒe seselelãme bubuwo me kpɔ, eyata alesi wokpe akɔ kple nɔnɔme mawo dzidzedzetɔe ƒe nuŋlɔɖi siwo le Ŋɔŋlɔawo me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu.—4/15, axa 22-4.

Mɔ nyui kawo dzie woate ŋu ato akpe ɖe Kristotɔ ahosiwo ŋu?

Xɔlɔ̃wo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu faa. Ƒometɔwo alo ame bubuwo ate ŋu ana ga alo ŋutilãmenuwo ƒe kpekpeɖeŋu amesiwo hiãe ŋutɔŋutɔ. Hati Kristotɔwo hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu to nunana lɔlɔ̃tɔe me tsɔ kpe ɖe gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu kple akɔfafa ŋu.—5/1, axa 5-7.

Nukatae wòle vevie be woaɖe srɔ̃ “le Aƒetɔ la me,” abe alesi Korintotɔwo I, 7:39 xlɔ̃ nu ene?

Zi geɖe la, dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe hea afɔku geɖe vɛ. Gawu la, mawumeɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa Mawu. Ne míewɔ ɖe Mawu ƒe Nya dzi la, míaƒe dziwo mabu fɔ mí o. (Yohanes I, 3:21, 22)—5/15, axa 20-1.

Esi Yehowa koe nye amesi ate ŋu atsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí ta la, nukatae wòle be Kristotɔwo naʋu woƒe nuvɔ̃ gãwo me na hamemegã siwo le hamea me?

Nyateƒee, Yehowa ƒe nuvɔ̃tsɔtsɔkee wòle be Kristotɔ nabia. (Samuel II, 12:13) Gake abe alesi nyagblɔɖila Natan na kpekpeɖeŋu Dawid ene la, nenema ke hamemegã siwo le hamea me hã ate ŋu ana kpekpeɖeŋu nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo. Hamemegãwo gbɔ yiyi nye nusi sɔ le mɔfiame si wona le Yakobo 5:14, 15. 6/1, axa 31.

Nukae ɖee fia be ele be woalé be na tsyɔ̃evi kple ahosi siwo ɖo xaxa me?

Nuŋlɔɖiwo ɖee fia be beléle na amesiawo tɔgbe na blema Hebri nyateƒe tadeagulawo kple Kristotɔ gbãtɔwo siaa ɖe dzesi. (Mose II, 22:22, 23; Galatiatɔwo 2:9, 10; Yakobo 1:27) Apostolo Paulo na Kristotɔwo Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame siwo me kɔ be woakpɔ ahosi siwo ɖo xaxa me dzi. (Timoteo I, 5:3-16)—6/15, axa 9-11.

Nu vevi kae naa dzidzɔkpɔkpɔ kple gɔmesese nɔa agbe ŋu?

Ele be míatu ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple mía Fofo si le dziƒo Yehowa ɖo ahalé eme ɖe asi. Biblia sɔsrɔ̃ nye mɔ vevi si dzi míate ŋu ato awɔ esia.—7/1, axa 4-5.

Ðe gbɔgbɔ makumaku le amegbetɔ ɖesiaɖe si si nɔa agbe le ku megbea?

Togbɔ be ame aɖewo xɔe se be gbɔgbɔ aɖe—menye luʋɔ o—mekuna o hã la, Biblia meda asi ɖe nukpɔsusu sia dzi o. Eɖee fia be ne ame ku la, egbugbɔna zua anyi eye meganɔa agbe o. Gake ŋutete le Mawu si be wòagbɔ agbee, eyata agbenɔnɔ le etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ to tsitretsitsi dzi kpɔ Mawu ŋku me. (Nyagblɔla 12:7)—7/15, axa 3-6.

Afikae Daniel nɔ esime wodo Hebrivi etɔ̃awo kpɔ le Dura-bali me?

Biblia megblɔe o. Anye be womebia tso Daniel si be wòanɔ afima o le ɖoƒe kɔkɔ si nɔ esi ta, alo anya yi dɔ tɔxɛ aɖe gbe. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be ewɔ nuteƒe na Yehowa tamanamanatɔe.—8/1, axa 31.