Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyanyuiawo—Wogale Glãkahehea Dzi

Nyanyuiawo—Wogale Glãkahehea Dzi

Nyanyuiawo​—Wogale Glãkahehea Dzi

Ðe Yesu Kristo ƒe dzidzi ŋuti nuŋlɔɖi siwo le Nyanyuigbalẽawo me nye nyateƒea?

Eyae gblɔ Todzimawunya la?

Ðe wofɔ Yesu ɖe tsitre nyateƒea?

Eyae gblɔe nyateƒe be: “Nyee nye mɔ la kple nyateƒe la kpakple agbe la”?​—YOHANES 14:6.

AGBALẼNYALA 80 aɖewo dzro nya siawo tɔgbe me le Yesu Ŋuti Numedzrokpekpe si wowɔna zi eve le ƒe ɖeka me tso ƒe 1985 me la me. Agbalẽnyalawo ƒe hatsotso sia ɖo nya siawo ŋu wòwɔ mo yaa ŋutɔ. Kpekpea me nɔlawo da akɔ ɖe Nyanyuiawo me nya ɖesiaɖe si wobe Yesu gblɔ dzi. Akɔdakpe dzĩ fia be Yesue gblɔ nyaa nyateƒe. Akɔdakpe si le hɛ̃ fia be nyaa ɖi esi Yesu anya gblɔ. Akɔdakpe si fu kpii fia be susu si le nyawo me de Yesu tɔwo ɖi ge, gake menye eyae gblɔ nyaa o. Akɔdakpe yibɔ ya menyo kura o, si fia be xotutu mee wova kpɔ nyaa tsoe emegbe.

Yesu Ŋuti Numedzrokpekpea me nɔlawo to mɔ sia dzi gbe nya ene siwo míetsɔ wɔ biabiae le gɔmedzedzea me la katã. Le nyateƒe me la, wotia akɔdakpe yibɔ na Nyanyuiawo me nya siwo wobe Yesu gblɔ la ƒe alafa memama 82 sɔŋ. Le woƒe nya nu la, nudzɔdzɔ siwo wogblɔ tso Yesu ŋu le Nyanyuigbalẽawo kple agbalẽ bubuwo me ƒe alafa memama 16 koe dze abe kakaɖedzi le wo ŋu ene.

Ðikeke le Nyanyuiawo ŋu alea menye nu yeye o. Ðikeke le Nyanyuiawo ŋu do mo ɖa le ƒe 1774 me esime wota axa 1,400-gbalẽ aɖe si Hermann Reimarus ŋlɔ le eƒe ku megbe; amesia nye Ɣedzeƒegbegbɔgblɔwo fialagã le Hamburg, Germany. Le agbalẽ ma me la, Reimarus gblɔ ɖikenya goglo aɖewo le Nyanyuiawo me nudzɔdzɔwo ƒe nyateƒenyenye ŋu. Ŋkuléle ɖe nya siwo wotsɔ ŋlɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋutinya le Nyanyuigbalẽ eneawo me ŋu kpakple nusiwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu dzie wònɔ te ɖo gblɔ eƒe nyawo. Tso ɣemaɣi la, ɖikelawo kea ɖi zi geɖe le Nyanyuiawo ƒe nyateƒenyenye ŋu, eye wòna amewo megava ka ɖe nuŋlɔɖi siawo dzi o le mɔ aɖewo nu.

Nya si agbalẽnyala siawo gblɔna le Nyanyuigbalẽawo me nuŋlɔɖiwo ŋue nye be wonye mawusubɔsubɔ me nyakpakpa siwo ame ɖekaɖeka aɖewo to vɛ. Nya siwo agbalẽnyala ɖikela siawo biana zi geɖe enye be: Ðe wòanye be woƒe dzixɔsewo wɔe be Nyanyuigbalẽ eneawo ŋlɔlawo ɖe ami ɖe nyateƒea ŋutɔŋutɔa? Ðe wòanye be ɖoɖo si nɔ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ƒuƒoƒoa si wɔe be wogbugbɔ trɔ asi le Yesu ƒe ŋutinyaa ŋu alo kpa ɖewo kpeea? Nyanyuiawo ƒe akpa kawoe ate ŋu anye nyateƒetoto ke menye nyakpakpawo o?

Amesiwo wonyi le mawudzimaxɔselawo alo xexemetɔwo dome xɔe se be Biblia—Nyanyuigbalẽawo hã le eme—nye agbalẽ si yɔ fũ kple xotutuwo kple nyakpakpawo. Azɔ hã Kristodukɔa ƒe ʋukɔkɔɖi, ameteteɖeanyi, ɖekamawɔmawɔ, kple mawumavɔ̃mavɔ̃ ŋutinyawo wɔa mo yaa na ame bubuwo. Amesiawo mekpɔ susu si ta woalé fɔ ɖe nuŋlɔɖi siwo wobua nu kɔkɔewoe le Kristodukɔa me ŋu o. Wose le wo ɖokui me be glitoto gbɔlowo dzi kokokoe woanya tu agbalẽ siwo to alakpasubɔsubɔha vɛ ɖo.

Nukae nèsusu? Ðe wòle be nàɖe mɔ na agbalẽnyala aɖewo siwo kea ɖi Nyanyuiawo me nyawo ƒe nyateƒenyenye nana wò susu nawɔ evevea? Ne èse wogblɔ be ɖe Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo kpa nyaawo la, ɖe wòle be nàɖe mɔ esia nana màgaka ɖe woƒe nuŋlɔɖiwo dzi oa? Ðe wòle be Kristodukɔa ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ ŋutinya nana nàke ɖi kakaɖedzi si le Nyanyuiawo ŋua? Míekpe wò be nàdzro nyateƒenya aɖewo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Glitotowoe le Nyanyuiawo me loo alo nyateƒenyawoe?

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Yesu Le Zɔzɔm le Atsiaƒu Dzi/The Doré Bible Illustrations/Dover Publications

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Megbe ɖaa, axa 3-5 kple 8: Le Freer Gallery of Art, Smithsonian Institution, Washington, D.C. ƒe mɔɖeɖe nu