Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Yudatɔwo ƒe nuwɔna kae wɔe be Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nutàta ŋu?

LE Mose ƒe Sea nu la, nutàta ƒe wɔƒe li. Gake nutàta va bɔ le Yudatɔ siwo nɔ anyi le Yesu ƒe ŋkekea me la ƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me ale gbegbe be wotàa nu ɖe nya sia nya si dzi wodi be yewoaɖo kpee be enye nyateƒe la dzi. Numame dzro ma ƒe taɖodzinue nye be wòana kakaɖedzi nanɔ ame ƒe nyawo ŋu; ke hã, Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nuwɔna sia ŋu zi eve. Efia nu be: “Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao.”—Mat. 5:33-37; 23:16-22.

Le mawusubɔsubɔ ŋuti nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ƒe nya nu la, woate ŋu akpɔ ale si gbegbe “Yudatɔwo dina be yewoatsɔ nutàta aɖo kpe nya sia nya dzi” la le Yudatɔwo ƒe agbalẽ si nye Talmud la me nyawo me. Woƒo nu tso nutàta siwo ate ŋu abla ame kple esiwo mabla ame o la ŋu tsitotsito le agbalẽ ma me.—Theological Dictionary of the New Testament.

Menye Yesu ɖeka koe ƒo nu tsi tre ɖe nuwɔna ma ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔ blemaŋutinyaŋlɔla si ŋkɔe nye Flavius Josephus gblɔ tso Yudatɔwo ƒe kɔmama aɖe ŋu be woƒoa asa na nutàta, elabena wobunɛ be evloe wu aʋatsokaka. Wobui be ne ame aɖe kpɔe be ehiã be yeatà nu hafi amewo naxɔ yeƒe nyawo dzi ase la, ke anye be aʋatsokalae ame ma nye. Yudatɔwo ƒe agbalẽ aɖe si woyɔna be Wisdom of Sirach, alo Ecclesiasticus, (ƒe ta 23:11) hã gblɔ be: “Ne ame aɖe lɔ̃a nutàta la, ekema sedzimawɔla gã aɖee wònye.” Yesu ƒo nu tsi tre ɖe nutàta ɖe nya maɖinyawo dzi ŋu. Ne míetoa nyateƒe ɣeawokatãɣi la, mahiã be míatà nu ɖe míaƒe nyawo dzi hafi amewo naka ɖe mía dzi o.