Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Mawu Subɔsubɔ Navivi Nunye?

Aleke Mawɔ Mawu Subɔsubɔ Navivi Nunye?

Sɔhɛwo Biana Be

Aleke Mawɔ Mawu Subɔsubɔ Navivi Nunye?

Josh, si xɔ ƒe 16 la, dra ɖe eƒe aba dzi. Dadaa va tɔ ɖe eƒe xɔ mɔnu hegblɔ nɛ movevieɖoɖotɔe be: “Joshua, fɔ! Ènya be míele kpekpe yi ge fiẽ sia ɖe!” Yehowa Ðasefowoe Josh dzilawo nye, eye Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede nye ƒomea ƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Gake ŋkeke aɖewoe nye esia la, Josh megava le dzidzɔ kpɔm ɖe kpekpeawo dede ŋu o.

Edo ɣli nuteɖeamedzitɔe be: “Oo, Dada, ɖe wòle be nye hã mayi kokokoa?” Eɖo eŋu nɛ be: “Zi ɖoɖoe ne nàdzra ɖo míadzo. Nyemedi be magatsi megbe egbea o lo!” Emegbe etrɔ hedzo yina. Esime Josh dada mekpɔ yi adzɔge boo o la, Josh gblɔ dzikutɔe be, “Dada, gake menye subɔsubɔha si me nèle mee wòle kokoko be nye hã manɔ o ɖe.” Enya be ye nɔ se nya sia, elabena eƒe afɔziwo ƒe ɖiɖi tɔ. Emegbe etrɔ zɔ dzo nya aɖeke magblɔmagblɔe. Ete ɖe Josh dzi vie be yegblɔ nya ma. Menye ɖe wòɖoe be yeado dziku na dadaa hafi o. Gake medi be yeaɖe kuku nɛ hã o. Nu si ko Josh te ŋu wɔe nye be . . .

Eɖe hũu, efɔ le abaa dzi hete dzadzra ɖo. Kasia ete gbɔgblɔ na eɖokui be, “Eteƒe madidi o, nye ŋutɔ mawɔ nye nyametsotso. Nyemele abe ame siwo vaa Fiaɖuƒe Akpata me ene o. Nyemeka ɖe edzi be nye ya mate ŋu anye Ðasefo o!”

ÐE NÈSE le ɖokuiwò me abe Josh ene kpɔa? Ðe wòwɔna na wò ɣeaɖewoɣi be esime ame aɖewo le dzidzɔ kpɔm le Kristotɔwo ƒe dɔwɔnawo me la, ɖeko wò ya nèdzea wo yome le esi wòle be nawɔe ko ta? Le kpɔɖeŋu me:

▪ Ðe nèbua Biblia sɔsrɔ̃ abe sukudɔdeasi bubu si nàwɔ le aƒe me enea?

▪ Ðe gomekpɔkpɔ le ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me doa ŋɔdzi na wòa?

▪ Ðe Kristotɔwo ƒe kpekpewo tia wò ɣeaɖewoɣia?

Ne àɖo biabia siawo tɔgbi ŋu be “Ɛ̃” la, dzi megaɖe le ƒowò o. Asitɔtrɔ vi aɖewo ko wòle be nàwɔ be nàse vivi le Mawu subɔsubɔ me. Na míakpɔ ale si nàte ŋu awɔ esiae ɖa.

Kuxi gbãtɔ: Biblia Sɔsrɔ̃

Nu si ta mele bɔbɔe o. Ðewohĩ nusɔsrɔ̃ mevivia nuwò tututu o. Mète ŋu tsɔa wò susu ɖoa nu ɖeka ŋu hena ɣeyiɣi didi o—esesẽna na wò be nànɔ anyi asrɔ̃ nu! Gakpe ɖe eŋu la, sukunu geɖewo li wòle be nàsrɔ̃, alo?

Nu si ta wòle be nàsrɔ̃ Biblia. Menye ɖeko Biblia tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me o, ke hã, “[enyo] hena nufiafia tso nu siwo nye nyateƒe la ŋu kple ale si wòana míadze si nu siwo nye nu vɔ̃ le míaƒe agbenɔnɔ me. Edaa mí ɖe mɔ dzɔdzɔe dzi eye wòkpena ɖe mía ŋu be míawɔ nu si nyo eye wòdze.” (2 Timoteo 3:16, Agbenya La) Biblia sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le nu siwo nèxlẽ le eme ŋu ana nàva se nu gbogbo aɖewo ŋutɔ siwo gɔme mese tsã o la gɔme. Ele be nànya be nu nyui aɖeke mate ŋu asu asiwò agbagbamadzemadzee o. Ne èdi be yeawɔ kamedefefe aɖe nyuie la, ele be nàsrɔ̃ eŋutisewo ahanɔ gome kpɔm le eme edziedzi. Ne èdi be yeanɔ lãmesẽ me la, ehiã be nànɔ kame dem edziedzi. Ne èdi be yeasrɔ̃ nu tso Wɔwòla ŋu la, ehiã be nàsrɔ̃ Mawu ƒe Nya la.

Nya siwo hawòti aɖewo gblɔ. “Esi meɖo sekɛndrisuku (lycée) la, eva hiã be mawɔ nyametsotso vevi aɖewo. Míatɔ sukuviwo wɔa nu gbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi, eye enɔ nam be mawɔ nyametsotso: ‘Nu siawoe nye hã medi be mawɔa? Nyateƒea fiamee dzinyelawo lem vavã?’ Ehiã be nye ŋutɔ makpɔ kakaɖedzi le nya siawo ŋu.”—Tshedza.

“Menya be nyateƒea ye wofiam, gake ehiã be nye ŋutɔ makpɔ kakaɖedzi le eŋu. Ele be nye ŋutɔ mawɔ nyateƒea tɔnyee, ke mele be mabui ko be enye míaƒe ƒomea ƒe subɔsubɔ o.”—Nelisa.

Nu si nàte ŋu awɔ. Wɔ ɖokuisinusɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo na ɖokuiwò ku ɖe nu siwo nàdi be yeanya alo nu siwo ŋu nètsi dzi ɖo la ŋu. Wò ŋutɔ tia nu si ŋu nèdi be yeasrɔ̃ nu tso tsitotsito la. Afi kae nàdze egɔme tso? Ðe manyo be nàku wò dzixɔsewo me tsitotsito, ɖewohĩ to agbalẽwo abe Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? * ene sɔsrɔ̃ me oa?

Ale si nàwɔe. Be nàdze egɔme la, tia Biblia me nyati siwo woɖo ɖe ete la dometɔ eve alo etɔ̃, siwo ŋu nèdi be yeanya nu geɖe wu tso—alo, ne èlɔ̃ la, ŋlɔ bubu siwo wò ŋutɔ nèdi la ɖi.

□ Ðe Mawu aɖe lia?

□ Aleke mawɔ aka ɖe edzi be Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia?

□ Nu ka tae wòle be maxɔ edzi ase be ɖe wowɔ nuwo ke menye ɖe wova dzɔ le wo ɖokui si o?

□ Nu kae nye Mawu Fiaɖuƒe la, eye alekee mate ŋu aɖo kpe edzi be enye nu si li ŋutɔŋutɔ?

□ Alekee mawɔ aɖe nye dzixɔse ku ɖe nu si dzɔna le ku me ŋu me na amewo?

□ Nu ka tae wòle be maka ɖe edzi be woava fɔ ame kukuwo ɖe tsitre?

□ Aleke mawɔ aka ɖe edzi be subɔsubɔha vavãtɔa ŋue meke ɖo?

□ ․․․․․

Kuxi evelia: Gomekpɔkpɔ Le Gbeƒãɖeɖedɔa Me

Nu si ta mele bɔbɔe o. Biblia me gbedeasia gbɔgblɔ na amewo—alo gododo sukuhati aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me—ate ŋu ado ŋɔdzi na ame.

Nu si ta wòle be nàɖe gbeƒã. Yesu de se na eyomedzilawo be: “Miheyi ɖawɔ . . .  nusrɔ̃lawo . . . , miafia nu wo be, woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la.” (Mateo 28:19, 20) Gake susu geɖewo gali siwo tae wòle be nàɖe gbeƒã ɖo. Numekukuwo ɖee fia be le teƒe aɖewo la, sɔhɛ akpa gãtɔ xɔ Mawu kpakple Biblia dzi se. Ke hã, mɔkpɔkpɔ aɖeke mele sɔhɛ siawo si ku ɖe etsɔme ŋu o. Esi nèsrɔ̃ Biblia ta la, gbeadeasi si tututu dim sɔhɛ siawo le vevie la le asiwò nàgblɔ na wo!

Nya siwo hawòti aɖewo gblɔ. “Mía kple xɔ̃nye míedzraa dzeɖonya nyui aɖewo ɖo, eye míesrɔ̃a ale si míawɔ akpe akɔ kple amewo ƒe dzeɖonyanutsinyawo kple ale si míawɔ tɔtrɔyiwo. Esi meva le agbagba dzem le gbeƒãɖeɖedɔa me geɖe wu ko la, eva le nunye vivim ŋutɔ.”—Nelisa.

“Nɔvinyɔnu aɖe kpe ɖe ŋunye geɖe ŋutɔ! Etsi wum ƒe ade, eye enana mía kplii míeɖaɖea gbeƒã eye ɣeaɖewoɣi la, ekplɔam míeɖaɖua ŋdinu. Efiam mawunyakpukpui dedziƒoname aɖewo siwo kpe ɖe ŋunye nukpɔsusu nyui va su asinye. Fifia, le nu siwo mesrɔ̃ tso nɔvinyɔnua gbɔ ta la, mekpɔe be mete ŋu ɖea ɖetsɔleme fiaa amewo geɖe wu. Nyemate ŋu aɖo eteƒe nɛ wòade edeƒe gbeɖe o!”—Shontay.

Nu si nàte ŋu awɔ. Gblɔe na dziwòlawo woakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ame aɖe le hamea me, si tsi wu wò, si anɔ kpekpem ɖe ŋuwò le gbeƒãɖeɖedɔa me. (Dɔwɔwɔwo 16:1-3) Biblia gblɔ be: ‘Ale si wotsɔa ga nyrea gae la, nenema ame nyrea nɔviae.’ (Lododowo 27:17) Eɖea vi geɖe ŋutɔ be woade ha kple ame tsitsi siwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe su. Alexis, si xɔ ƒe 19, gblɔ be: “Ame tsitsiwo dome nɔnɔ naa ame ƒe dzi dzea eme ŋutɔ.”

Ale si nàwɔe. To vovo na dziwòlawo la, ŋlɔ ame aɖe si le hamea me si ate ŋu anɔ kpekpem ɖe ŋuwò le gbeƒãɖeɖedɔa me la ƒe ŋkɔ ɖi.

․․․․․

Kuxi etɔ̃lia: Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Dede

Nu si ta mele bɔbɔe o. Le anyinɔnɔ ɖe sukuxɔ me ŋkeke bliboa megbe la, anyinɔnɔ gaƒoƒo ɖeka alo eve hena nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi sese ate ŋu adze nu sesẽ aɖe ŋutɔ.

Nu si ta wòle be nàde kpekpewo. Biblia de dzi ƒo na Kristotɔwo be: “Mina míanɔ mía nɔewo ŋu bum, bene míado ŋusẽ mía nɔewo hena lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe ƒuƒoƒewo gblẽm ɖi, abe ale si wòzu numame na ame aɖewo ene o, ke boŋ míanɔ dzi dem ƒo na mía nɔewo, eye míawɔe geɖe wu, esi miekpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom ta.”—Hebritɔwo 10:24, 25.

Nya siwo hawòti aɖewo gblɔ. “Ehiã godoo be nàsrɔ̃ nu siwo me woadzro le kpekpeawo me do ŋgɔ. Ɣeaɖewoɣi la, aɖo kuvia na wò, gake ahiã be nàdo ŋusẽ ɖokuiwò. Ne èsrɔ̃ nuawo do ŋgɔ la, kpekpeawo avivi nuwò elabena ènya nu siwo me dzro ge woala, eye àte ŋu akpɔ gome le eme.”—Elda.

“Va ɖo ɣeyiɣi aɖe la, meva kpɔe be kpekpe siwo me mekpɔ gome le la vivia nunye ŋutɔ.”—Jessica.

Nu si nàte ŋu awɔ. Di ɣeyiɣi nàsrɔ̃ nuawo do ŋgɔ, eye nàdze agbagba akpɔ gome le numedzodzroa me. Esia akpe ɖe ŋuwò nàse le ɖokuiwò me be ye hã yele akpa aɖe wɔm le kpekpea me.

Le kpɔɖeŋu me: Be nàkpɔ bɔl le television dzi alo be wò ŋutɔ nàƒo bɔl la, kae vivia ame nu wu? Ðikeke mele eme o be bɔlƒoƒo vivina wu ekpɔkpɔ ko. Eya ta ɖe manyo be wò ŋutɔ nànɔ gome kpɔm le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me oa?

Ale si nàwɔe. Ŋlɔ ɣeyiɣi si me nàte ŋu azã miniti 30 ya teti kwasiɖa sia kwasiɖa atsɔ adzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpe aɖe ŋu la ɖe fli si le ete la dzi.

․․․․․

Sɔhɛ geɖewo va le nya si le Psalmo 34:9 ƒe nyateƒetenyenye kpɔm dze sii be, “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo.” Ado dzidzɔ na wò ŋutɔ ne èse nuɖuɖu vivi aɖe ŋutinya. Gake ɖe mado dzidzɔ na wò wu be wò ŋutɔ naɖɔe kpɔ oa? Nenema kee wòle le tadedeagu na Mawu gome. Wò ŋutɔ ɖɔe kpɔ bene nàkpɔ viɖe si gbegbe dona tso gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwo me la me. Biblia gblɔ be ame si tsɔa nu si wòse dea dɔwɔwɔ me, eye menye nyasela ko o la, “akpɔ dzidzɔ le ewɔwɔ me.”—Yakobo 1:25.—g08 07-E.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Yehowa Ðasefowoe tae.

BU NYA SIAWO ŊU

▪ Nu ka tae gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmedɔwo me ate ŋu aɖo kuvia na sɔhɛ?

▪ Kuxi etɔ̃ siwo me wodzro le nyati sia me la dometɔ ka ŋue nàdi be yeadze agbagba le, eye alekee nàdi be yeawɔe?

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Ne èdi be yeanɔ lãmesẽ nyui me la, ehiã be nànɔ kame dem edziedzi. Ne èdi be yeanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me la, ehiã be nànɔ Mawu ƒe Nya la srɔ̃m