Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Ƒe Nukpɔsusu

Nu Si Ta Wòle Be Nàƒo Asa Na Gbɔgbɔyɔyɔ

Nu Si Ta Wòle Be Nàƒo Asa Na Gbɔgbɔyɔyɔ

AMEHA gbogbo aɖewo le azã aɖe si woɖuna tsɔ kafua gbɔgbɔwo la ɖum le Asia dukɔ aɖe me. Wova ɖo azãa ƒe akpa vevi aɖe esime wotia nyɔnu eve be woakpɔ gome le gbɔgbɔdzeamedzi nuwɔna aɖe me. Woƒe ŋkuwo tro le ŋkutome na wo, eye woƒe ameti bliboa te ƒoƒo kpakpakpa abe elektrikŋusẽe le wo ƒom ene.

Le Puerto Rico la, gbɔgbɔyɔla (santero) aɖe le kɔnu wɔm le gbɔgbɔyɔtakpekpe aɖe me be yeaƒo nu kple gbɔgbɔ aɖe si woyɔna be Changó, si nye dziɖegbe ƒe mawu. Gbɔgbɔyɔlaa le nu siwo kpɔm wòle le vivime la ɖɔm, eye ame siwo katã va ƒo ƒu ɖe xɔa me la te ƒoƒo abe ɖee gbɔgbɔ dze wo dzi ene.

Gbɔgbɔyɔyɔ alo vivimenuwɔwɔ bɔ ɖe dukɔ geɖe me. Amewo va le vivi dom ɖe gbɔgbɔmeŋusẽ triakɔwo dzi xɔxɔ se ŋu, eye ame geɖewo va le didim be yewoanya nu geɖe tso wo ŋu. Agbalẽwo, kɔmpiutadzifefewo, television dzi wɔnawo, kple sinema siwo me woɖea gbɔgbɔ vɔ̃wo, adzewɔwɔ, kple nukunuwo fiana le va bɔ ɖe xexea me wu tsã.

Gake Biblia ya fia nu be gomekpɔkpɔ le vivimenuwɔnawo me nye gbɔgbɔyɔyɔ koŋ. Gbɔgbɔyɔyɔ menye fefenu alo dzidzɔdonamenu aɖe si me afɔku mele o. Menye kadodo kple nane si womenya o dzro koe o. Ke boŋ enye kadodo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, siwo nye mawudɔla vɔ̃ɖi siwo dze aglã ɖe Mawu ŋu.—Nyaɖeɖefia 12:9, 12.

Le nyateƒe me la, ale si mɔ̃gbɔɖonu le na adelae la, nenemae gbɔgbɔyɔyɔ le na gbɔgbɔ vɔ̃woe. Adela zãa mɔ̃gbɔɖonu ƒomevi vovovowo tsɔ léa lã ƒomevi vovovowo. Nenema kee gbɔgbɔ vɔ̃wo hã zãa gbɔgbɔyɔyɔ ƒe mɔnu vovovowo tsɔ blea ame ƒomevi vovovowo nu hekpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi. Woƒo nu tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe tatɔ ŋu be enye “xexe [vɔ̃ɖi] sia me mawu.” Ekpɔ dzidzedze le ŋkugbagbã na dzimaxɔsetɔwo me bene woagakpɔ nyateƒe si le Mawu ƒe Nya la me kpakple eƒe tameɖoɖo adze sii o.—2 Korintotɔwo 4:4.

Afi Si Gbɔgbɔyɔyɔ Kplɔa Ame Yinae

Taɖodzinu si koŋ le gbɔgbɔ vɔ̃wo sie nye esi: Wodi be yewoable mí ahahe míaƒe susu ɖa le mía Wɔla ŋu be ƒomedodo nyui naganɔ mía kplii dome o. Wokpɔa ŋusẽ ɖe amewo dzi be woaɖoe koŋ ada Mawu ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo dzi alo ada wo dzi le manyamanya me. Eya ta gbɔgbɔyɔyɔ nana Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe ame ŋu o, mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame, eye wòkplɔa ame yia tsɔtsrɔ̃ me mlɔeba.—Nyaɖeɖefia 21:8.

Luis, si tso Puerto Rico la, gblɔ be: “Tso nye ɖevime ke la, míaƒe ƒomea kpɔa gome le gbɔgbɔyɔyɔ me. Enye míaƒe ƒomea ƒe subɔsubɔ kple mɔ si nu míenɔa agbe ɖo ƒe akpa aɖe. Mexɔ se be dzɔdzɔmenue nye etsɔmenyanya kple afakagbalẽviwo xexlẽ ƒe ŋutetea nye. Zi geɖe la, metea ŋu kpena ɖe amewo ŋu woɖua loto. Gake meva kpɔe be mɔxenu boŋ ye ŋutete siawo si mesusu be wonye dzɔdzɔmenunana la nye nam bene magake ɖe sidzedze si le Biblia me la ŋu ale be ƒomedodo nava nɔ mía kple Mawu dome o.”—Yohanes 17:3.

Ame geɖewo ate ŋu asusu be afɔku aɖeke mele kadodo kple gbɔgbɔwo me o, eye woasusu gɔ̃ hã be eɖea vi na ame. Ðewohĩ woagblɔ be gbɔgbɔ aɖewo nyoa dɔme na ame, alo woagblɔ kakaɖedzitɔe be gbɔgbɔyɔyɔ nana ame nyaa nu geɖewo, zua kesinɔtɔ, alo kpɔa dzidzɔ. Alakpa sɔŋue nya siawo nye. Luis gblɔ be: “Egblẽa nu le ame ŋu godoo.”

Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Chad la va te ɖeɖefia dziŋɔwo kpɔkpɔ eye wòkpea fu le esi mete ŋu dɔa alɔ̃ o ta. Egblɔ be: “Gbɔgbɔwo va te fuɖeɖe nam hewɔa fum zã sia zã.” Nu kae míawɔ be woakpɔ mía ta tso fuɖename siawo tɔgbi me?

Ale Si Míawɔ Akpɔ Ametakpɔkpɔ

Be míakpɔ mía ɖokuiwo ta la, ele be míaƒo asa na nu sia nu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la keŋkeŋ. (Galatiatɔwo 5:19-21) Esia tae Yehowa Mawu xlɔ̃ nu esubɔlawo be: ‘Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Ame sia ame, si le nu siawo wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.’—5 Mose 18:10-12.

Le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, ame geɖewo ɖe afɔ siwo na wokpɔ wo ɖokuiwo ta, esi wogblẽ agbalẽ alo nu bubu ɖe sia ɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ la dome. Ken si va ɖe asi le gbɔgbɔyɔyɔ ŋu la gblɔ be: “Metsa nye nuwo me ƒitsoƒitso ɖe nu siwo katã mekpɔ be womenyo o la do go hegblẽ wo dome.”—Kpɔ Dɔwɔwɔwo 19:19, 20.

Ametakpɔnu gãtɔe nye ƒomedodo nyui me nɔnɔ kple Mawu vavã, Yehowa. Kpɔ aɖaŋuɖoɖo si dze le Yakobo 4:7, 8 ɖa: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu te; gake mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ. Mite ɖe Mawu ŋu, eye ate ɖe mia ŋu. Miklɔ miaƒe asiwo, mi nu vɔ̃ wɔlawo, eye mikɔ miaƒe dziwo ŋu, mi dzimevesusulawo.”

Yehowa Mawu fiaa nu ame siwo tena ɖe eyama ŋu eye wòkpɔa wo ta. ‘Satana ƒe nugbeɖoɖowo’ mele manyamanya na wo o, eye gotagomenuwo meflua wo o. (2 Korintotɔwo 2:11; 11:14) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Ŋusẽkatãtɔe Yehowa nye. Yehowa akpɔ ame ɖe sia ɖe si ayɔe le xɔse me la ta tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe fuɖename me. Chad si ŋu míeƒo nu tso le etame la gblɔ be: “Esi menya be gbɔgbɔ vɔ̃woe nɔ fua ɖem nam eye meyɔa Yehowa Mawu be wòakpɔ tanye ta la, wova dzudzɔ fuɖeɖe nam.”—Psalmo 91:1, 2.

Eme kɔ ƒãa be, Mawu ƒe ametakpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi na ame siwo si dzi nyui le la fifia, eye woate ŋu anɔ dzidzɔ kpɔm le nyanya be eteƒe madidi o woatsrɔ̃ gbɔgbɔ vɔ̃wo kple ame siwo katã ɖe mɔ wokpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi la ɖa ta. Wò ya bu dzidzɔ kple dzidzeme si wòanye na ameƒomea ne woɖe nu siwo gbɔgbɔyɔyɔ gblẽna le ame ŋu la ɖa le anyigba dzi ŋu kpɔ!—Yesaya 11:9; Nyaɖeɖefia 22:15.—g08 07-E.