Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Míaƒe Anyigba si Wole Fu Wɔmee

Míaƒe Anyigba si Wole Fu Wɔmee

Míaƒe Anyigba si Wole Fu Wɔmee

LE ƑE 1805 me la, anyigbayeyedila xɔŋkɔ Meriwether Lewis kple William Clark ɖo Columbia-tɔsisi si le egbegbe Washington State, U.S.A., la gbɔ. * Nusi wɔ dɔ ɖe wo dzi wu tɔsisia ŋutɔ si ŋu woke ɖoe nye sama alo salmɔn gbogbo siwo nɔ eme. Woŋlɔ ɖe woƒe mɔzɔzɔ ŋuti nuŋlɔɖigbalẽ me be: “Tɔmelãawo sɔ gbɔ wu gbɔgblɔ. Tsia kplɔa wo hoo va yinae, eye wokakana ɖe goawo dzi ale gbegbe be Indiatɔ siwo le afima la tɔ koe nye be woafɔ wo, afe wo me, asia ɖe agba dzi.” Le nyateƒe me la, salmɔnawo sɔ gbɔ ale gbegbe be Indiatɔ siwo le afima la siaa wo tsɔ doa dzoe abe nake ene!

Egbea ya nuwo trɔ kura. Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Newsweek gblɔ be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nya ƒe ewo kple edzivɔ enye esia be wole tɔmelãwo ɖem le atsiaƒu gã la me wu alesi woate ŋu adzi ɖe eteƒee.” Le kpɔɖeŋu me, wobu akɔnta be le Dziehe Atlantik la, salmɔn siwo nɔ tsia me la dometɔ 90 le alafa me vɔ.

Gake menye tɔmelãwo ɖeɖekoe le vɔvɔm o. Wole dzɔdzɔmenuwo, abe tomemiwo, tomenu xɔasiwo, kple avemetiwo zãm agbadre wòwɔ mo yaa ale gbegbe. Xexeame Katã ƒe Dzɔdzɔmenuwo Dzikpɔha bu akɔnta be anyigba ƒe dzɔdzɔmenuwo dometɔ 30 le alafa me bu tso ƒe 1970 va ɖo ƒe 1995 me. Nusiwo dona tsoa anyigbaa ƒe dzɔdzɔmenuwo zazã me kpɔa ŋusẽ ƒomevi eve ɖe ame dzi, ɖeka ɖea vi, eye evelia gblẽa nu, elabena alesi wozãa woe ate ŋu agblẽ nu le wo nɔƒe ŋu.

Ame aɖewo susunɛ be esi wònye amegbetɔe he kuxi siawo vɛ ta la, ate ŋu akpɔ wo gbɔ hã. Eƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye be le ƒe siawo me la, ɖiƒoƒo yame dzi ɖe kpɔtɔ le dugã geɖe siwo me mɔɖaŋudɔwɔƒewo le me. Ðe mɔkpɔkpɔ ƒe dzesi sue siawo fia be ameƒomea te ŋu le ta kpɔm na nuwoa?—g05 1/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Wodɔ Lewis kple Clark be woava lé ŋku ɖe anyigba si woƒle yeyee le Mississippi-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome la ŋu ahata anyigba la ƒe nɔnɔme.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 15]

© Kevin Schafer/CORBIS