Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Asitelefon Ðe Wòɖea Vi alo Gblẽa Nu le Mía Ŋu?

Asitelefon Ðe Wòɖea Vi alo Gblẽa Nu le Mía Ŋu?

 Asitelefon Ðe Wòɖea Vi alo Gblẽa Nu le Mía Ŋu?

ETSO NYƆ! ŊLƆLA SI LE AUSTRALIA GBƆ

ƑE AÐEWO va yi la, ‘telefon siwo wotsɔna ɖia tsae’ la mele abe egbegbe asitelefonwo ene o. Blema tɔwo ƒe batri kpena ale gbegbe be ele be ŋusẽ nanɔ ŋuwò alo be woade telefon sia wò ʋu me hafi nàte ŋu ‘akɔe atsae.’ Wololona wua afɔkpaɖaka eye woxɔa dɔlar akpewo.

Gake asitelefon siwo li egbea la ƒe xexlẽme ade biliɔn ɖeka kple miliɔn 350. Le dukɔ aɖewo me la, amesiwo si asitelefon le la sɔ gbɔ wu dukɔa me tɔwo ƒe afã. Wote ŋu léa akpa gãtɔ ɖe asi me ko, eye ɣeaɖewoɣi la, wonanɛ ame femaxee gɔ̃ hã. * Australiatɔwo ƒe magazine The Bulletin gblɔ be: “Ne wotsɔ television kple kɔmpiuta siwo le amewo si ƒo ƒui la, nu vi aɖe koe asusɔ asitelefonwo ƒe agbɔsɔsɔ nade wo nu.” Le dukɔ siwo wu 20 me la, asitelefon siwo zãm wole fifia la sɔ gbɔ wu telefon siwo nɔa aƒewo me kple dɔwɔƒewo. Mɔɖaŋunyala bibi aɖe gblɔ le asitelefonwo ŋu be menye mɔɖaŋu me nu wɔnuku koe wònye o ke ezu “hadomegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe” hã.

Ŋusẽ ka kpɔm asitelefonwo le ɖe amewo dzi? Vie wòɖena loo alo nue wògblẽna le ame ŋu?

Ede Adzɔhawo Dzi

Alesi asitelefon dzadzra le dzidzim ɖe edzii la nye nusi de adzɔha geɖewo dzi. Adzɔha gã aɖe gblɔ be: “Asitelefonwoe nye mɔ̃ si woƒlena le elektrɔnik mɔ̃wo me wu va de asi na fifia.” Efia be wole ga geɖe zãm ɖe asitelefonwo ŋu tsɔ wu esi wozãna ɖe elektrɔnik mɔ̃ bubu siwo wowɔ va yi ŋu.

Le kpɔɖeŋu me, le Australia la, dukɔa me tɔ siwo ƒe xexlẽme nye ame miliɔn 20 la dometɔ siwo wu miliɔn 15 sie asitelefon le. Dukɔ ma me telefon dzɔdoha gbogboawo dometɔ ɖeka ƒe telefon zãlawo ƒo ka zi gbɔ zi biliɔn 7 kple afã le nyitsɔ laa ƒe aɖe me. Asitelefonwo naa telefon dzɔdohawo wɔa ga dɔlar biliɔn geɖe ƒe sia ƒe le xexeame godoo. Eyata mewɔ nuku o be adzɔha gãwo bua asitelefon be eɖea vi.

Ele Nyagbɔgblɔmɔnu Yeye aɖe Tom Vɛ

Nya miliɔn geɖe siwo mɔ̃ɖaŋu deŋgɔ me nutovɛ siawo xɔna yina na amewo la dometɔ geɖe menye nuƒo ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ eyina na amewo le mɔ aɖe si li tso gbaɖegbe ke abe ŋkuʋuʋu ke ene nu—eyae nye nuŋɔŋlɔ. Le nuƒoƒo le telefon la dzi teƒe la, asitelefon zãla siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi—vevietɔ sɔhɛwo—zãa nusi woyɔna be Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnu boŋ. Mɔnu sia kpena ɖe wo ŋu be ga sue aɖe ko wozãna tsɔ ɖoa gbedasi kpuiwo ɖe wo nɔewo. Esi wònye be enye nu sesẽ be woazã telefon la ƒe teƒe si ŋɔŋlɔdzesiwo le atsɔ aŋlɔ nya aɖo ɖe wo nɔewo ta la, Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnu sia zãlawo zãa ŋɔŋlɔdzesi kple xexlẽdzesiwo tsakana tsɔ ŋlɔa nyawoe.  Togbɔ be nuƒoƒo na ame bɔbɔ sã wu esi woaŋlɔ nu ɖe asitelefon la dzi hã la, wozãa nuŋɔŋlɔmɔnu sia tsɔ ɖoa gbedasi siwo ade biliɔn 30 ɖa ɣleti sia ɣleti le xexeame godoo.

Nya ka koŋ gblɔm wonɔna na wo nɔewo ya? Wokpɔ le numekuku aɖe me le Britain be sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 18 va ɖo 24 dometɔ 42 le alafa me zãa Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnua tsɔ dzea ahiãe, wo dometɔ 20 le alafa me zãa mɔnu bɔbɔ sia tsɔ ɖoa gododo wo nɔewo ƒe gbe ɖii, eye wo dometɔ 13 le alafa me zãnɛ tsɔ tsoa wo nɔewo dome kadodo mee.

Amesiwo dea ŋugble le hadomegbenɔnɔ ŋu dometɔ aɖewo tsi dzimaɖi be nuŋɔŋlɔmɔnu si tɔtɔ kple nuƒoƒo masɔɖegbeŋutisedzi siwo wozãna le Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnua me ate ŋu anɔ nu gblẽm le ɖeviwo ƒe agbalẽnyanya ŋu. Gake ame aɖewo hã melɔ̃ ɖe woƒe susua dzi o. Wogblɔna boŋ be Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnua le “nuŋɔŋlɔgbɔgbɔ nyɔm ɖe egbeviwo me.” Dɔwɔƒe aɖe si wɔa nyagɔmeɖegbalẽ le Australia la ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ na Sun-Herald nyadzɔdzɔgbalẽ dɔwɔƒe be: “Ƒã hafi mɔnukpɔkpɔ sua mía si míetoa [gbegbɔgblɔ] mɔnu yeye si to vovo kura vanɛ . . . Nyakpuiɖoɖoɖa Mɔnua kple internet zazã fia be sɔhɛwo ŋlɔa nu geɖe ŋutɔ. Ele be nu nanya ƒo na wo bɔbɔe hafi woate ŋu azã nyagbɔgblɔ mɔnu sia ahasrɔ̃ nya siwo bɔ wozãna fifia kple wo ŋɔŋlɔmɔnu . . . la tɔgbewo.”

Eŋuti Nu Madeamedzi Aɖewo

Togbɔ be asitelefon kpena ɖe ame ŋu le kadodo kple ame nɔewo kple dɔwɔnyawo me hã la, ewɔna na dɔwɔvi geɖe be edea ga yewo ɖe yewoƒe dɔwɔƒe—eye be menye viɖenu na yewo o. Wokpɔ le numekuku aɖe me be boblodohawo ƒe dɔwɔvi 80 le alafa me kple xɔtudɔwɔla 60 le alafa me senɛ le wo ɖokui me be ezu dzizizi na yewo be yewoaxɔ yewoƒe asisiwo alo yewoƒe dɔtɔwo ƒe kaƒoƒowo ɣeawokatãɣi. Alesi amewo sena le wo ɖokui me be ezu dzizizi na yewo be yewoaxɔ ka siwo woƒona na yewo le asitelefon dzi eɖanye afika ke yewole alo nuka ke wɔm yewole o la na be abe alesi numekula aɖe gblɔe ene la, ‘fuɖeɖename le amewo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me’ va zu nusi le bɔbɔm. Esia na be xɔtuɖaŋunyalawo va to xɔtunu siwo ana be asitelefonwo magate ŋu awɔ dɔ le xɔ me o be woazã le nuɖuɖudzraƒewo kple fefewɔƒewo la vɛ.—Kpɔ aɖaka si nye “Asitelefon Zazã Ŋu Ðaŋuɖoɖo Aɖewo.”

Menye dziku koe mɔ̃ siawo siwo nɔa ame ŋu le afisiafi kloe ƒe fuɖeɖe dona na ame o ke boŋ woate ŋu agblẽ nu le amewo ŋu hã. Wokpɔ le numekuku aɖe me le Canada be ʋukuku anɔ asitelefon zãm nye afɔku abe alesi ahanono atsɔ anɔ ʋu kumee nye afɔkui ene. Nufialagã Mark Stevenson si wɔa dɔ le Nuveviwɔame Ŋuti Numekuƒe le Ɣetoɖoƒe Australia Yunivɛsiti la ɖe nu me be be woanɔ ʋu kum aganɔ nu ƒom le asitelefon dzi sesẽ wu dze ko ɖoɖo kple ame le ʋu me. Togbɔ be afɔku siawo le eme eye kpovitɔwo te ŋu doa fe na ʋukula siwo zãa asitelefon le ʋukuku me hã la, numekuku yeye aɖe si wowɔ fia be Australiatɔ ʋukula 1 le 5 ɖesiaɖe me ɖoa nya kpuiwo ɖe amewo eye ame 1 le wo dometɔ 3 ɖesiaɖe me xɔ kaƒoƒo le edzi alo woawo boŋ ƒo ka na amewo esime wole ʋu kum.

Afɔku siwo le asitelefon zazã le afisiwo mesɔ o me ɖo keke yameʋuwo ke hã me. Togbɔ be wowɔ yameʋu yeyewo be asitelefon dzi kaƒoƒo mate ŋu aɖo wo me o hã la, wogblɔ be asitelefon dzi kaƒoƒowo te ŋu ɖoa yameʋu  xoxo siwo zãm wogale la me eye kaƒoƒo mawo ɖea fu na yameʋu kuku ŋuti gbedasiwo ɖoɖoɖa alo wo xɔxɔ. Agbalẽ si nye New Scientist ka nya ta be: “Dodokpɔ siwo Britain ƒe Yameʋu Mɔzɔnyawo Dzikpɔƒe [Eŋlisigbe me, CAA] wɔ le yameʋu eve siwo nɔ yame ŋu ɖo kpe edzi be asitelefon dzi kaƒoƒowo tɔtɔa mɔ̃ siwo hiã vevie hena yameʋua kuku dedie la ƒe dɔwɔwɔ.” Dɔdzikpɔƒea ƒe nyanuɖela aɖe gblɔ le afɔku gã aɖe si asitelefonwo nye ŋu be: “Ŋusẽ si dona le asitelefonwo me dzina ɖe edzi ne afisi wole ezãm le kple woƒe nyatakakaɖoɖadɔwɔƒe dome didi. Eyata alesi yameʋua le dzi yimee la, nenemae ŋusẽ si dona le asitelefon la me dzina ɖe edzii, ale be wòɖea fu na yameʋua le ɣeyiɣi aɖe si me wòle be wòaxɔ nya aɖe si hiã vevie le mɔzɔzɔa me.” Edze le numekuku aɖe me le Australia be elektrɔnik mɔ̃wo, si me asitelefonwo hã le, na ametsɔyameʋuwo do go kuxi geɖe le yame le esi mɔzɔlawo gbe wɔwɔ ɖe se siwo wode na wo be womegaʋu mɔ̃ mawo le yameʋua me o dzi ta.

Asitelefonwo Kple Kansa Léle

Wogale nya hem kokoko nenye be radio ŋusẽ si tsoa asitelefonwo ƒe nyatakakaɖoɖadɔwɔƒe va toa telefon la me ate ŋu ana amewo nalé kansa. Esi ame miliɔn geɖe zãa mɔ̃ siawo ta la, ne ame ʋɛ aɖewo ŋu koe wògblẽa nu le gɔ̃ hã la, ate ŋu agblẽ nu geɖe. Eyata dzɔdzɔmeŋutinunyalawo wɔ numekuku deto geɖe be yewoakpɔ nusi ŋusẽ si tsoa asitelefon me wɔa ame ƒe ŋutilã. Nuka ŋue woke ɖo?

Asitelefonwo Ŋunyala Bibiwo ƒe Ðokuisi Habɔbɔ [Eŋlisigbe me, IEGMP] ta nyatakaka aɖe be: “Eŋunyala Bibiwo ƒe Habɔbɔa xɔe se be le ɖaseɖiɖi siwo li fifia nu la, mehiã be amewo navɔ̃ le asitelefon zazã ŋu o.” New Scientist hã gblɔ be: “Togbɔ be wogblɔ dzikatsoƒoenyawo le ƒe siawo me hã la, ɖaseɖiɖi siwo ŋu woke ɖo vaseɖe fifia ƒe akpa gãtɔ fia be radio ƒe nyakakaŋusẽ si nɔa asitelefonwo me la megblẽa nu le ame ƒe lãmesẽ ŋu o. Kpeɖodzi aɖeke megadze le numekuku siwo me wòdze le gbã be egblẽa nu le ame ŋu la me esi wogagbugbɔ wɔ dodokpɔa ake o.”

Gake esi wònye ɖikeke gali kokoko le alesi wòate ŋu agblẽ nu le ame ƒe lãmesẽ ŋui ŋu ta la, wogale dɔlar miliɔn geɖe ŋutɔ zãm ɖe numekuku bubuwo ŋu. Vaseɖe esime woakpɔ ŋuɖoɖo si ŋu kakaɖedzi le na nya sia la, Eŋunyalawo ƒe Habɔbɔa ɖo aɖaŋu si gbɔna be: “Zã [asi] telefon la ɣeyiɣi kpui aɖe ko alesi wòanya wɔe. Zã telefon siwo ƒe radio ŋusẽ si ate ŋu age ɖe tago me na ame [Eŋlisigbe me, SAR] la le ʋɛ ko. Ne kpeɖodzi li be telefon la ƒe nyaseka si wodea tome tsɔ sea nyae kpakple nusia tɔgbe bubuwo ɖea ŋusẽ si dona tsoa telefon me dzi kpɔtɔna la, ke zã wo.” Eŋunyalawo ƒe Habɔbɔa gaɖo aɖaŋu be “mele be woana ɖevi siwo mexɔ ƒe wuiade haɖe o nazã asitelefon o;” esi woƒe lãmekawo metsi vɔ o ta la, ele bɔbɔe be “lãmesẽkuxi siwo ɖewohĩ anɔ eme la nagblẽ nu le wo ŋu.”

Togbɔ be wole nya hem le asitelefon ŋu hã la, telefon sia le ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe amewo ƒe dɔwɔnyawo kple hadomegbenɔnɔ dzi. Abe nɔvia elektrɔnik mɔ̃ siwo nye television kple kɔmpiuta ene la, asitelefon ate ŋu anye viɖenu na ezãla alo mɔ̃ si ɖua aƒetɔ ɖe amesi si wòle dzi. Ekpo ɖe ezãla gbɔ be wòana wòanye nusi ɖea vi loo alo nusi gblẽa nu le ame ŋu.—g05 2/8.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 4 Amesiwo de asi agbalẽ te be yewoazã ga home aɖe ɖe kaƒoƒo ŋu le ɣeyiɣi didime aɖe me koe telefon dɔdzikpɔƒewo naa telefon lae femaxee.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

ASITELEFON ZAZÃ ŊU ÐAŊUÐOÐO AÐEWO

1. Bɔbɔ gbe ne èle telefon la zãm le ame dome. Telefon la ƒe nuƒomɔ̃ sẽ ŋutɔ, eye amesiwo dome nèle la madi be yewoase miaƒe dzeɖoɖoa o.

2. Tsi telefon la, alo wɔ eƒe akpa si ʋuʋua ame ne woxɔ kaƒoƒo la boŋ ŋudɔ ne èle mawusubɔsubɔ kpekpewo me, le dɔmekpekpewo me, le sinima alo hadomewɔna bubuwo wɔƒe, alo le nuɖuɖudzraƒe.

3. Mègazã telefon si woléna ɖe asi ne èle ʋu kum o.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Woɖoa gbedasi kpui siwo ade biliɔn 30 ɖe amewo dzinu sia dzinu le xexeame katã

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Afɔku ate ŋu anɔ asitelefon zazã ne èle ʋu kum me abe alesi afɔku le aha nono hafi aku ʋui me ene