Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Mawu Le Afisiafia?

Ðe Mawu Le Afisiafia?

Biblia ƒe Nukpɔsusu

Ðe Mawu Le Afisiafia?

WOYƆ Mawu wòsɔ be ŋusẽkatãtɔ kple nuwokatãnyala—si fia be seɖoƒe meli na eƒe ŋutete kple nunya o. Gake esi ame aɖewo di be Mawu ƒe gãnyenye nadze ƒã ɖe edzi ta la, wotsɔ nyagbɔgblɔ etɔ̃lia—amesi le afisiafi—kpe ɖe eŋu. Woxɔe se be Mawu le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me.

Edze ƒã be Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafiawo da asi ɖe ŋkɔ eve gbãtɔawo ya dzi. (Mose I, 17:1; Hebritɔwo 4:13; Nyaɖeɖefia 11:17) Vavãe, Mawu nye ŋusẽkatãtɔ kple nuwokatãnyala le gɔmesesea nu be naneke mate ŋu anɔ ɣaɣla ɖee o. Gake ɖe wòle afisiafi nyateƒea? Ðe Mawu le afisiafi le ɣeyiɣi ɖesiaɖe mea, alo amee wònye eye nɔƒe aɖe koŋ le esi?

Afikae Mawu Le?

Wogblɔ le mawunyakpukpui geɖe me be “dziƒowo” ye nye Mawu ‘nɔƒe.’ (Fiawo I, 8:39, 43, 49; Kronika II, 6:33, 39) Gake Biblia me nuŋlɔɖi aɖe gblɔ nya siawo le Yehowa Mawu ƒe gãnyenye ŋu, be: “Nyateƒee Mawu anɔ amegbetɔwo gbɔ le anyigba dzia? Kpɔ ɖa, dziƒowo kple dziƒowo ƒe dziƒowo melolo na wò o.”—Kronika II, 6:18.

Biblia gblɔ be: ‘Mawu nye Gbɔgbɔ.’ (Yohanes 4:24) Eyata ele gbɔgbɔmenuto aɖe si to vovo na xexe si me amegbetɔwo le la me. Ne Biblia gblɔ be “dziƒowo” ye nye Mawu nɔƒe la, efia be ne wotsɔ teƒe ma sɔ kple afisi mí amegbetɔwo míele la, Mawu nɔƒe kɔ boo wu mía tɔ. Togbɔ be Biblia na eme kɔ ƒã be Mawu nɔƒe to vovo na amegbetɔwo tɔ hã la, nu vevitɔ kekeake si wòfiae hã enye be ele teƒe tɔxɛ aɖe koŋ.—Hiob 2:1, 2.

Amee Mawu Nye

Yesu ƒo nu tso Yehowa ƒe nɔƒe ŋu esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Fofonye ƒeme la nɔƒe geɖewo li. . . . Meyina, be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.” (Yohanes 14:2) Afikae Yesu yi? Mlɔeba la, “dziƒo ŋutɔ wòyi, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ le mía ta.” (Hebritɔwo 9:24) Nuŋlɔɖi sia fia nu vevi eve mí tso Yehowa Mawu ŋu. Gbã la, efia be nɔƒe ŋutɔŋutɔ le esi, eye evelia, be amee wònye, ke menye ŋusẽ dzro aɖe si si nɔnɔme mele o, si le afisiafie o.

Esia tae Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo” wòanye ame aɖe, si nye Yehowa, si le gbɔgbɔmenuto aɖe me si woyɔna be dziƒowo ye wole gbea dom ɖa na. (Mateo 6:9; 12:50) Dzixɔse sia wɔ ɖeka kple alesi wofia Mawu subɔlawo be woado gbe ɖae ƒe siwo wu 1,500 enye si va yi. Gbedodoɖa sia le nuŋlɔɖi xoxotɔ siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã amewo woŋlɔ da ɖi me be: “Kpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe la le dziƒo, eye nàyra wò dukɔ.”—Mose V, 26:15.

Mawu ƒe Gbɔgbɔ Kɔkɔe si Wɔa Dɔ le Afisiafi

Togbɔ be wogblɔna ɣesiaɣi le Biblia me be nɔƒe le Mawu si hã la, zi geɖe wogblɔna le eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ya ŋu be ewɔa dɔ le afisiafi. Hakpala Dawid bia be: “Afika madzo le wò gbɔgbɔ la gbɔ ayi, eye afika masi atso wò ŋku me ayi?” (Psalmo 139:7) Nya siawo tɔgbe flu ame aɖewo eye woate ŋu asusui be Mawu le afisiafi. Gake ŋugbledede tso nya siwo ƒo xlã mawunyakpukpui sia kple kpukpui bubuwo ŋu na eme kɔ ƒã be Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea—alo eƒe dɔwɔŋusẽ—ate ŋu awɔ dɔ tso enɔƒe ade xexeame ƒe akpa sia akpa.

Abe alesi vifofo doa asi ɖa be yeana nu viawo ahakpe ɖe wo ŋu ene la, nenemae Yehowa ƒe asi—alo gbɔgbɔ kɔkɔea—ate ŋu awɔ dɔ le gbɔgbɔmenutowo alo xexeame ƒe akpa sia akpa be wòana Yehowa ƒe tameɖoɖo nava me. Esia tae hakpala la te ŋu gblɔ be: “Ne metsɔ agudzedze ƒe aʋalawo dzoe, eye meɖanɔ atsiaƒu ƒe mlɔenu la, kpɔ ɖa, wò asi aɖakplɔm tso gama hã, eye wò nuɖusi além.”—Psalmo 139:9, 10.

Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃

Yehowa Mawu tsɔ ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ ɖe mɔ woƒo nu tso eyama kple enɔƒe ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe nyagbɔgblɔ me be wòaɖi afisi wòle kple amesi ƒomevi wònye. Le esia wɔwɔ me la, ɖeko wòle abe ɖe ‘wòbi kɔ le dziƒo kple anyigba dzi kpɔm’ ene. (Psalmo 113:6) Le nyateƒe me la, amegbetɔwo mate ŋu ase alesi Mawu le ŋutɔŋutɔ gɔme tsitotsito o.

Kpuie ko la, Yehowa ƒe gãnyenye, ŋusẽ, kple nukunyenye lolo fũ ale gbegbe be womate ŋu aƒo nu tso eŋu le amegbetɔwo ƒe nyagbɔgblɔ me wòade edeƒe o. Eyata togbɔ be Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eƒe nɔƒe ŋu be ele teƒe aɖe koŋ hã la, enye gbɔgbɔ me teƒe si gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase bliboe o.—Psalmo 139:6.

Ke hã, enye akɔfafa ŋutɔ be woanya amesi ƒomevi Yehowa nye ase ɖe afi aɖe, ahaɖo ŋku edzi be menye ŋusẽ dzro aɖe si si nɔnɔme mele o, si le xexeame ƒe afisiafi ye wònye o. Ke boŋ ame ŋutɔŋutɔ wònye, nɔƒe aɖe koŋ le esi, eye amenyenye si me lɔlɔ̃ kple amenuveve bɔ ɖo la le esi. Sidzedze sia ʋu mɔnukpɔkpɔ gãtɔ kekeake ɖi na amesiame—si nye xɔlɔ̃dzedze xexeame ƒe Dziɖulagã Ŋusẽkatãtɔ la le ame ƒe agbemeŋkekeawo katã me.—Yakobo 4:8.—g05 3/8.