Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Ne Medo Go Nye Sukuhati?

Aleke Mawɔ Ne Medo Go Nye Sukuhati?

Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Ne Medo Go Nye Sukuhati?

“Tɔtrɔ ayi suku le Dzoɖagbe zu agba. Ne xɔ̃nyewo dometɔ aɖe kpɔm la, magblɔ nya siawo nɛ aɖaŋudzedzetɔe. Le kpɔɖeŋu me, magblɔ na xɔ̃nyewo be menɔ ga dzɔm le amewo si na Dɔwɔnyawo Gbɔkpɔha la.”— James, si le England.

“Amesiwo kpɔm la ɖu fewu le ŋunye le suku. Ete ɖe dzinye ŋutɔ.”—Débora, si le Brazil.

NUKATAE sɔhɛ siawo le vɔvɔ̃m be yewo xɔlɔ̃wo ava kpɔ yewo? Dɔ manɔsenu aɖe wɔm wonɔa? Kura o, dɔ si ŋu bubu le wu eye wònye esi le vevie wu si wɔm wole le anyigba dzi egbea la wɔm wonɔ. Dɔ si ƒe se Yesu de, esi wògblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi” wɔmee wonɔ.—Mateo 28:19, 20.

United States Gallup ƒe numekuku aɖe gblɔ be, ƒewuivi siwo wu 90 le alafa me xɔ Mawu dzi se. Wo dometɔ afã lɔƒo dea sɔleme kwasiɖa ɖesiaɖe. Eye togbɔ be sɔhɛ geɖewo kpɔa gome le dɔwɔna siwo sɔlemea wɔna, abe hadziha me nɔnɔ ene, me hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe ƒoa nu tso Mawu ŋu kple woƒe sukuhatiwo. Gake wonya Yehowa Ðasefowo le xexeame godoo le woƒe ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. Ðasefo sɔhɛ akpe geɖe kpɔa gome le dɔ sia wɔwɔ me.

Ne Ðasefo sɔhɛe nènye la, ɖikeke mele eme o be wò hã nèle gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔ sia me xoxo. Gake esia mefia kokoko be esia wɔwɔ anɔ bɔbɔe na wò o. Abe alesi wòle le sɔhɛ siwo míeyɔ va yi la gome ene la, àbu gododo sukuhati aɖe le aƒea me la nu sesẽe. Jennie, si nye sɔhɛ aɖe si le Britain gblɔ be: “Nusiwo vɔ̃ɖi wu la dometɔ ɖeka enye alesi nye sukuhatiwo dometɔ aɖe nakpɔm madzra ɖo nyuie, ado skirt, alé agbalẽkplo ɖe asi—eye nye dzedzeme nanya kpɔ wu alesi menɔna le suku.”

Vɔvɔ̃ na gododo sukuhatiwo nu te ŋu sẽna ale gbegbe be Kristotɔ sɔhɛ aɖewo te ayemenu wɔwɔ. Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Leon gblɔ be: “Menya Ðasefo sɔhɛ si doa dziwui si ŋu kuku le ne ele gbeadzi, ale be wòate ŋu atsɔe atsyɔ mo ne edo go eƒe sukuxɔlɔ̃wo.” Gake sɔhɛ bubuwo ya tsri gbeƒãɖeɖe le nuto aɖewo me. Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Simon gblɔ be: “Meɖo ŋku edzi be medo gbe ɖa be míagawɔ dɔ le mɔ aɖe dzi o, elabena menya be nye sukuhatiwo sɔ gbɔ ɖe edzi.”

Ele dzɔdzɔme nu be nàtsi dzodzodzoe be yeava do go ame nyanyɛ aɖe ne èle gbeƒãɖeɖedɔa wɔm. Gake ɖeko nana be vɔvɔ̃ ma naɖu dziwò agblẽ nu le ŋuwò. Alicia, si nye ɖetugbi aɖe si le Germany gblɔ be: “Nɔnɔme gbegblẽ ma nɔ asinye ɖe gbeƒãɖeɖe ŋu ale gbegbe be egblẽ nu le nye gbɔgbɔmemenyenye ŋu.”

Gake nukatae wòle be nàɖe gbeƒã—vevietɔ ne esesẽ na wò be nàwɔe? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míade ŋugble le nusitae Mawu da agba ma ɖe dziwò la ŋu. Ekema míafia alesi agbagbadzedze kple kutrikuku ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖu vɔvɔ̃ dzii.

Gbeƒãɖeɖe ƒe Agbanɔamedzia

Gbã la, anyo be nàbu nyateƒe si wònye be menye nu yeye alo nu wɔmoyae wònye be nàgblɔ xɔse si le asiwò ŋu nya na amewo o ŋu. Ŋutsu kple nyɔnu Mawu-vɔ̃lawo wɔ esia tso blema ke. Le kpɔɖeŋu me, wonya Noa nyuie be enye aɖaka nyadri aɖe kpala. (Mose I, 6:14-16) Gake le Petro II, 2:5 ƒe nya nu la, eganye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” hã. Noa se le eɖokui me be enye yeƒe agbanɔamedzi be yeaxlɔ̃ nu amewo le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna ŋu.—Mateo 24:37-39.

Emegbe la, togbɔ be womede se gobi aɖeke na Yudatɔwo be woaɖe gbeƒã na amesiwo menye Yudatɔwo o hã la, wo dometɔ geɖe gblɔ woƒe xɔse ŋu nya na ame bubuwo. Esiae na amedzro si ŋkɔe nye Rut va srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu. Le ŋudzedze si Rut kpɔ ɖe lɔ̃xoa Yudatɔ, Naomi, ŋu ta la, egblɔ nɛ be: “Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.” (Rut 1:16) Emegbe Fia Salomo ɖee fia be ame geɖe siwo menye Yudatɔwo o ava se Yehowa ƒe “ŋkɔ gã” la ahade ta agu le Eƒe gbedoxɔa me.—Fiawo I, 8:41, 42.

Azɔ ne blema Mawu subɔla siawo ƒo nu na ame bubuwo—togbɔ be womede se aɖeke na wo tẽ be woawɔe o hã la—aleke gbegbee wòle be Kristotɔ siwo li egbea nasee le wo ɖokui me enye si be enye yewoƒe agba be yewoaɖe gbeƒã! Ne èbu eŋu kpɔ la, wode se na mí be míaɖe gbeƒã “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia.” (Mateo 24:14) Míele abe apostolo Paulo ene, le susua nu be ele na mí kokoko be míaɖe gbeƒã nyanyui sia. (Korintotɔwo I, 9:16) Elɔ mía ŋutɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ ɖe eme. Romatɔwo 10:9, 10 gblɔ be: “Ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, . . . àkpɔ xɔxɔ; elabena wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ la.”

Afikae nàte ŋu ‘atsɔ nu aʋu eme’ le? Togbɔ be vomeɖaseɖiɖi wɔɣi li hã la, tso aƒeme yi aƒeme ƒe dɔa gakpɔtɔ nye mɔ nyuitɔ siwo dzi míetona ɖoa ame bubuwo gbɔ la dometɔ ɖeka. (Dɔwɔwɔwo 5:42; 20:20) Ðe woɖe wò le gomekpɔkpɔ le dɔ sia wɔwɔ me esi nènye sɔhɛ taa? Kpao. Biblia na nuxlɔ̃ame sia le Psalmo 148:12, 13 be: “Ðekakpuiwo kple ɖetugbiwo siaa, amegã ɖeɖiwo kple ɖeviwo! Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ.”

Kuxi si Le Gbeƒãɖeɖe na Hatiwo Me

Le nyateƒe me la, gododo sukuhati aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me ate ŋu akpe ŋu na wò eye nàde vovo ge do kpoe. Ne èbu eŋu kpɔ la, ele dzɔdzɔme nu be ame nadi be yeƒe nu nadze ame bubuwo ŋu. Ame aɖeke medina be woaɖu fewu le ye ŋu, woaɖe alɔme le ye ŋu, alo adzu ye o. Eye abe alesi sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Tanya gblɔe ene la, “ɖevi siwo le suku ate ŋu avɔ̃ɖi ale gbegbe!” Eyata anye nusi le dzɔdzɔme nu be nàbu alesi wò sukuhatiwo awɔ nui ne wokpɔ wò nèdzra ɖo helé Biblia ɖe asi la ŋu. Nublanuitɔe la, adzɔ be woaɖu fewu le ŋuwò godoo. Felipe, si nye ɖekakpui Braziltɔ aɖe, gblɔ be: “Nye sukuxɔ me vi ŋutsuvi aɖe li, si nɔ míaƒe aƒe me. Egblɔna be, ‘Ègatsɔ Biblia yina! Nukawoe le akplo me na wò?’”

Menye fefenyae wònye be woaɖu fewu le ame ŋu nenema o. Biblia gblɔ na mí be Isak, si nye Abraham viŋutsu kpe nusi míagblɔ ŋutɔŋutɔ be enye fewuɖuɖu vɔ̃ɖi ƒe fu le fofoa viŋutsu, Ismael, si. (Mose I, 21:9) Apostolo Paulo mebu ŋlɔmiwɔwɔ sia nu tsɛ o. Apostoloa yɔe wòsɔ le Galatiatɔwo 4:29 be ‘yometiti.’

Nenema ke Yesu xlɔ̃ nu be ame aɖewo awɔ nu ŋutasesẽtɔe ɖe ye yomedzelawo ŋu. Egblɔ be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee. Ðe mietso xexeame la, ne xexeame alɔ̃ ye ŋutɔ tɔ; ke esi mietso xexeame o, hafi boŋ nye la metia mi tso xexeame la, eyaŋuti xexeame le fu lém mi ɖo.”—Yohanes 15:18, 19.

Eyata esi nènye Kristotɔ ta la, ele be nàdzra ɖo be yeado yometiti aɖewo ƒe dzi. (Timoteo II, 3:12) Ne mègblɔ nya aɖeke tso Biblia ŋu na hatiwòwo o hã la, wo dometɔ aɖewo ati yowòme esi nèléa agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me ɖe asi eye mèwɔa ɖeka kpli wo le agbegbegblẽnɔnɔ me o ta. (Petro I, 4:4) Gake Yesu gblɔ akɔfanya siawo be: “[Dzi nedzɔ, NW] mi, ne woadzu mi, eye woati mia yome, eye woaka aʋatso agblɔ nya vɔ̃ ƒomeviwo katã ɖe mia ŋuti le tanye.” (Mateo 5:11) Aleke fewuɖuɖu alo alɔmeɖeɖe le ŋuwò ate ŋu ana nàkpɔ dzidzɔ? Elabena ènyae be yele dzidzɔ dom na Yehowa Mawu ƒe dzi! (Lododowo 27:11) Eye to dzidzɔ dodo na Mawu me la, àte ŋu akpɔ agbe mavɔ ƒe teƒeɖoɖo la!—Luka 10:25-28.

Dzidzɔtɔe la, menye wò sukuhatiwo katã—alo wo dometɔ akpa gãtɔ—ye awɔ nu xɔlɔ̃mawɔmawɔtɔe ɖe ŋuwò ne èdo go wo le gbeadzisubɔsubɔdɔa me o. Angela, si nye ɖetugbi aɖe si le Britain gblɔ be: “Ne èdo go sukuhati aɖe le aƒeme la, zi geɖe wovɔ̃na wu wò!” Le nyateƒe me la, wo dometɔ aɖewo adi vevie be yewoase nya si gblɔ ge nàla. Aleke kee wòɖale o, sɔhɛ Kristotɔ geɖewo le dzidzedze kpɔm le ɖaseɖiɖi na wo hati sukuviwo me. Míaƒe nyati si akplɔ esia ɖo adzro mɔ aɖewo siwo dzi wò hã nàte ŋu ato awɔ esia me.

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Sɔhɛ geɖe vɔ̃na be yewoava do go sukuhati aɖe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Megana fewuɖuɖu nana wò dzixɔse nakpe ŋu na wò o