Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Atikewɔmɔnu si Nàtia

Atikewɔmɔnu si Nàtia

Atikewɔmɔnu si Nàtia

LE AGBALẼ si Ðk. Isadore Rosenfeld ŋlɔ ku ɖe atikewɔmɔnu bubuwo ŋu me la, ete gbe ɖe nya sia dzi be: “Zi geɖe la, ne wotia amewo le vome hewɔ atike na wo eye woxɔe se be ‘awɔ dɔ’ la, ate ŋu adzɔ be wo dometɔ afã kloe nakpɔ dɔdada.”

Woyɔa esia be hayahaya si metso atike gbɔ o, si fia be atikekui si wotsɔ sukli wɔe gɔ̃ hã ate ŋu awɔ dɔ ne amea xɔe se be awɔ dɔ na ye. Hayahaya sia ƒomevi ate ŋu ana woakpɔ gbɔdzɔe tso fuɖenamewo abe vevesese, dzigbɔtsɔame, ɖeɖiteameŋu, motrɔe, dzimaɖitsitsi, kple blanuiléle ene si me. Nukae nɔnɔme sia ɖe fia?

Le go ɖeka me la, efia be zi geɖe la, kakaɖedzi si anɔ ame si ɖe dɔdamɔnu si zãm wòle ŋu wɔa akpa vevi aɖe le hayahaya me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, nunya anɔ eme be woakpɔe ɖa be atikea le dɔa ŋutɔ dam ke menye be vevesese nu ko tsim wòle o mahã. Woate ŋu awɔ esia to mɔnu siwo ŋu kakaɖedzi le zazã atsɔ ado atikea ƒe dɔwɔwɔ kpɔ dzi, abe dodokpɔwo wɔwɔ le nudokpɔƒe alo X ray-fotowo ɖeɖe ene.

Ke hã nu geɖe li woate ŋu awɔ le atikewɔmɔnu tiatia me.

Afɔ Vevi Siwo Woaɖe

Nunya anɔ eme be woawɔ numekuku hafi awɔ nyametsotso. Bia nyawo. Emetsonu kawoe nàkpɔ mɔ na? Nukawoe nye eƒe viɖewo, nusiwo wòate ŋu agblẽ, kple eŋuti fe kpakple ɣeyiɣi didi si wòaxɔ? Ƒo nu kple amesiwo wɔ atike si ŋu bum nèle la kpɔ. Bia nenye be ewɔ dɔ na wo. Gake ɖo ŋku edzi be ame ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo woagblɔ ate ŋu aflu ame.

Nunya manɔ eme be woadze atikewɔmɔnu bubu, si zazã abia be woadzudzɔ atike si wonya be ewɔa dɔ la zazã gɔme o, nenye be ɖeko atikewɔmɔnu nyanyɛa kpɔa dzidzedze se ɖe afi aɖe ko gɔ̃ hã. Afɔku si wòate ŋu ahe vɛ ƒe kpeɖodzi dze le nyatakaka aɖe si dze le The New England Journal of Medicine me la me. Magazinea ƒo nu tso dɔnɔ siwo metsi o, siwo ŋu kansa gblẽ nu le esime wogbe atike nyanyɛwo zazã le ɣeyiɣi si me wonɔ atike siwo mebɔ o zãm la ŋu. Wo dometɔ ɖeka ku.

Nunya anɔ eme be wòanɔ susu me na amesiwo ŋu dɔléle si ate ŋu awu wo le ɣesiaɣi be ameflula siwo wɔa yeaɖi tikewo ate ŋu adze yewo dzi bɔbɔe. Kpɔ nyuie le atike si wobe ate ŋu ada dɔléle geɖe la ŋu. Kpɔɖeŋu aɖe dzɔ nyitsɔ laa ku ɖe lãmesẽtike aɖe si wobe “edaa dɔléle ɖesiaɖe tso gbɔgbɔtsixe kple ŋusẽmanɔameŋu dzi vaseɖe dɔléle siwo nu sẽ dzi” la ŋuti. Esi wodo “nunyiametikea” kpɔ la, wokpɔe be dzetsi koe wònye.

Ðikeke mele eme o be atikewɔmɔnu siwo mebɔ o dometɔ aɖewo ate ŋu aɖe vi le lãmesẽmenɔnɔ me. Gake ɖɔ ŋu ɖo le nusiwo nàkpɔ mɔ na me. Nunya anɔ eme be nàɖu nu nyuie, adɔ alɔ̃ sɔgbɔ, ade kame alesi dze, eye nàɖɔ ŋu ɖo ne èle atikewɔmɔnu tiam.

Woke Ðe Egbɔkpɔnua Ŋu

Edze ƒã be amegbetɔwo ƒe atikewɔwɔ aɖeke mate ŋu aɖe dɔlélewo katã kple ku si wòhena vɛ mlɔeba la ɖa o. Nusitae nye be mía dzila gbãtɔ, si nye ame gbãtɔ Adam gbɔe míenyi nusiawo ƒe dome tsoe. (Hiob 14:4; Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Atikewɔmɔnu geɖe—eɖanye kae o—ate ŋu aɖe vi aɖe, gake wo katã wonye avulénu aɖewo ko, siwo ana agbe nadidi ɖe edzi eye dzidzɔ nanɔ eme hena ɣeyiɣi aɖe. Gake lãmesẽkuxiwo gbɔ kpɔnu aɖe si ŋu kakaɖedzi le la li, eye ame miliɔn geɖe ke ɖe eŋu xoxo.

Mía Wɔla Yehowa Mawu, si nye Atikewɔla Gãtɔ gbɔe dɔyɔyɔ ma tso. Ne èxɔ edzi se eye nèɖe afɔ be Via Yesu Kristo ƒe tafevɔsa si léa avu ɖe nuvɔ̃ ta naɖe vi na wò la, àte ŋu ase vivi le lãmesẽ blibo me anɔ agbe mavɔ le xexe si me dɔléle manɔ o me! (Mateo 20:28) Biblia do ŋugbe be le xexe yeye ma me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—Yesaya 33:24.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Ame miliɔn geɖe ke ɖe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia si ŋu kakaɖedzi le hena lãmesẽ blibo me nɔnɔ la ŋu