Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dometsotso si Le Hotɔwo Kple Ame Dahewo Dome le Kekem Ðe Nu

Dometsotso si Le Hotɔwo Kple Ame Dahewo Dome le Kekem Ðe Nu

Dometsotso si Le Hotɔwo Kple Ame Dahewo Dome le Kekem Ðe Nu

“Wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le ahedada dzi ɖeɖe kpɔtɔ me le xexeame katã le ƒe blaatɔ siwo va yi me wu esi wowɔ le ƒe alafa atɔ̃ siwo va yi me.” Nya siae UNDP Today, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Ŋgɔyidɔwo ƒe nyatakagbalẽ gblɔ. Eyi edzi be: “Ðeviwo ƒe kuku dzi ɖe kpɔtɔ alafa memama 50 tso ƒe 1960 me, nunyuimakpɔɖu dzi ɖe kpɔtɔ ɖeka le etɔ̃ me, eye sukudede dzi ɖe dzi ɖeka le ene me le dukɔ madeŋgɔwo me.” Gake agbalẽ ma ke lɔ̃ ɖe edzi be togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi siawo hã la, ahedada “gakeke ta” le xexeame godoo.

Nusi gavloe wue nye be nunyuimawɔmawɔwo le dzidzm ɖe dzi le habɔbɔwo me kple le habɔbɔ vovovowo dome hã. Catherine Bertini si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Xexeame ƒe Nuɖuɖu Nyawo Gbɔkpɔha ƒe tatɔ gblɔ be: “Ne míetsɔe sɔ kple ƒe si va yi la, nunyuimakpɔɖu kple dɔwuame le fu wɔm ame geɖe wu le xexeame egbea.” Le nyateƒe me dɔ wua ame miliɔn 840 le dukɔ madeŋgɔwo me gbesiagbe, amesiwo wu biliɔn ɖeka mekpɔa tsi nyui nona o, eye ga si amesiwo de biliɔn 1.5 kloe ɖuna gbesiagbe mede dɔlar ɖeka o. Mary Robinson, si nye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi Se ƒe Dɔdzikpɔlagã, xlɔ̃ nu be “afɔku li be ɣeyiɣi aɖe ava si menye ɖeko xexeame ama ɖe dukɔ deŋgɔwo kple dukɔ madeŋgɔwo me o, ke boŋ ama ɖe [dukɔ] siwo de ŋgɔ wògbɔ eme kple esiwo mayi ŋgɔ akpɔ o me.”

Nukae wòabia tso ame biliɔn ade siwo le xexeame si be woaɖe dometsotso si le hotɔwo kple ame dahewo dome la ɖa? Nusi hiã la mede esi amewo asusu nu o. Dukɔ Ƒoƒuawo bu akɔnta be woahiã ga dɔlar biliɔn 9 (dɔlar 1.5 tso amesiame gbɔ) ƒe sia ƒe be woatsɔ akpɔ dzadzɛnyenye nyawo gbɔ ahana tsi nyui amewo le xexeame katã, eye wohiã dɔlar biliɔn 13 (dɔlar 2 tso amesiame gbɔ) ƒe sia ƒe be woatsɔ akpɔ anyigba dzi tɔwo katã ƒe lãmesẽ kple nuɖuɖu nyawo gbɔ. Togbɔ be ga home siawo sɔ gbɔ hã la, meɖi naneke o ne wotsɔ wo sɔ kple ga home si wogblẽna ɖe nuwɔna bubuwo ŋu le xexeame. Le kpɔɖeŋu me, le nyitsɔ laa ƒe aɖe me la, wogblẽ ga dɔlar biliɔn 435 (dɔlar 70 tso amesiame gbɔ) ɖe boblododo ŋu, eye wogblẽ dɔlar biliɔn 780 (dɔlar 130 tso amesiame gbɔ) ɖe aʋawɔnuwo ŋu. Eme kɔ be menye afisi woakpɔ ga home si hiã tsoe ye nye kuxi le dometsotso si le hotɔwo kple ame dahewo dome ɖeɖeɖa me o, ke boŋ eku ɖe nusiwo hiã tsɔtsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ ŋu.