Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwɔna si Dzi Wotsyɔ Nui Nyuie

Nuwɔna si Dzi Wotsyɔ Nui Nyuie

 Nuwɔna si Dzi Wotsyɔ Nui Nyuie

“Womawɔ ame aɖeke wòazu kluvi alo ablɔɖemanɔsitɔ o: woaxe mɔ ɖe kluvinyenye kple kluvisitsatsa ƒomevi ɖesiaɖe nu.”—Xexeame Katã Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesi se.

ƔEBUBUƔI si nàde sukli wò kɔfi me la, bu Prevot, si nye Haiti-ŋutsu si wodo ŋugbe na be woana dɔwɔɖui nyui aɖee le Karib-dukɔ bubu me la ŋu. Ðe dɔwɔɖuia teƒe la, wodzrae xɔ ga dɔlar enyi.

Prevot va kpe fu kple edetɔ akpe geɖe siwo wowɔ kluviwoe, eye wozia wo dzi wotsoa fofoŋ dzinu ade alo adre hena ga sue aɖe alo womexea ga aɖeke kura na wo o. Wozia kluvi siawo dzi ɖe teƒe siwo xaxa heƒo ɖi. Ne woxɔ woƒe nunɔamesiwo le wo si vɔ la, wotsɔa yiwo dea wo si. Ele be woawɔ dɔ hafi akpɔ nu aɖu. Ne wote kpɔ be yewoasi la, woate ŋu aƒo wo.

De ŋugble tso Lin-Lin, si nye nyɔnuvi aɖe tso Anyiehe Ɣedzeƒe Asia ŋu kpɔ. Exɔ ƒe 13 esime dadaa ku. Dɔwɔƒe aɖe si dia dɔ na amewo ƒlee le fofoa gbɔ hena dɔlar 480, eye wodo ŋugbe be yewoadi dɔ nyui aɖe nɛ. Wogblɔ be fe si woxe ɖe eta la nye “fetu si wòava xɔ la ƒe akpa aɖe”—enye mɔ si ŋu kakaɖedzi le si dzi woato be wòatsi eƒlelawo sime tegbee. Le esi teƒe be woana dɔ nyui aɖe Lin-Lin la, wokplɔe yi gbolowɔƒe aɖe, eye ŋutsuwo xea ga dɔlar 4 hena ezazã gaƒoƒo ɖeka ɖesiaɖe na eƒlela. Míagblɔe ko be Lin-Lin zu gamenɔla, elabena mate ŋu adzo o vaseɖe esime wòxe eƒe fea. Fea ɖewoe nye esi wònyi le gbolowɔƒe tɔawo ŋu kple deme si woaxɔ kpakple eŋutigazazãwo. Ne Lin-Lin gbe be yemawɔ yeƒe dɔtɔ ƒe gbe dzi o la, woate ŋu aƒoe alo awɔ funyafunyae. Esi gavloe wu la, ne ete kpɔ be yeasi la, woate ŋu awui.

Ablɔɖe na Amesiamea?

Ame geɖe buna be kluvinyenye megali o. Le nyateƒe me la, le nyamedzrokpekpewo, tameɖoɖo kplikpaawo kple nubabla geɖe wɔwɔ megbe la, dziɖuɖu geɖe de se ɖe enu le dukɔ geɖe me. Woƒoa nu tsia tre ɖe kluvinyenye ŋu vevie le afisiafi. Dukɔwo ƒe sewo xe mɔ ɖe kluvinyenye nu, eye woƒo nu tso eɖeɖeɖa ŋu vevie le dukɔwo dome sewo me—eƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi aɖee nye ƒe 1948 Xexeame Katã ƒe Amegbetɔwo ƒe Gomenɔamesi Se ƒe Sedede 4 lia si míeyɔ le etame.

Gake kluvinyenye gali eye wòle dzidzedze kpɔm—togbɔ be ame aɖewo bunɛ be enye nuwɔna si wowɔna le adzame hã. Tso Phnom Penh yi Paris, tso Mumbai yi Brasília la, wozia mía hati amegbetɔwo dzi—ŋutsuwo, nyɔnuwo, ɖeviwo—wonɔa agbe hewɔa dɔ abe kluviwo ene alo le kluvinɔnɔmewo me. Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye Ŋu (Anti-Slavery International), si le London, si nye habɔbɔ xoxotɔ kekeake si léa ŋku ɖe amedzizizi be wòawɔ dɔ sesẽe ŋu, bui be amesiwo wolé de kluvinyenye me ƒe xexlẽme anɔ miliɔn alafa nanewo. Le nyateƒe me la, anɔ eme be kluviwo le xexeame egbea wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe!

Ne míagblɔe la, kɔsɔkɔsɔwo, atamwo, kple asiƒoƒo ɖe kluviwo ŋu meganɔa egbe ƒe kluvisitsatsawo me o. Kluvinyenye siwo ƒomevi ko ŋu nya míesena egbea ƒe ɖewoe nye amedzizizi be wòawɔ dɔ sesẽe, kluvisrɔ̃ɖeɖe, ame tsɔtsɔ ɖo awɔba, ɖeviwo ƒe dɔ sesẽ wɔwɔ, kple zi geɖe gbolowɔwɔ. Kluviwo ate ŋu anye ahiãviwo, kposɔdolawo, fofoŋtsolawo, anyigbakuntrulɔ̃lawo, alo mɔdolawo. Nyateƒee, womedzraa wo dometɔ akpa gãtɔ le dutoƒosiƒleƒe o, gake wo tɔ menyo wu kluvi siwo woƒle do ŋgɔ na wo tɔ le mɔ aɖeke nu o. Le go aɖewo me la, woƒe agbe gavloe wu gɔ̃ hã.

Amekawoe va zua kluviwo? Aleke wowɔna va zua kluviwo? Nuka wɔm wole be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu? Ðe woava ɖe kluvinyenye ɖa keŋkeŋ kpuiea?

 [Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 4]

KLUVISITSATSA KAE LI EGBEA?

Biabia sia ŋu ɖoɖo sesẽ na Dukɔ Ƒoƒuawo gɔ̃ hã le agbagbadzedze ƒe geɖe megbe. Alesi woɖea kluvinyenye mee ɖekae nye esi dzi woda asi ɖo le ƒe 1926 ƒe Kluvinyenye Nubabla me be: “Kluvinyenye nye nɔnɔme si ne ame aɖe le eme la, ame bubu bunɛ be enye ye tɔ hekpɔa ŋusẽ aɖe alo ŋusẽ blibo ɖe edzi.” Gake woagate ŋu aɖe nyaa gɔme le mɔ bubuwo nu. Le nyadzɔdzɔŋlɔla Barbara Crossette ƒe nya nu la, “kluvinyenye nye dzesideŋkɔ si wotsɔ ɖɔa dɔwɔla siwo womexea fe dedie na o le awu kple kamedefefewuwo wɔƒe le duta kpakple dɔwɔla siwo wɔa dɔ le adzɔnuwɔƒewo gaƒoƒo geɖe hena fetu sue aɖe le Amerika-dugãwo me. Wozãnɛ tsɔ ƒoa nu tsi tre ɖe gbolodɔwɔƒewo kple dɔ sesẽ wɔwɔ le game ŋuti.”

Mike Dottridge si nye Dukɔwo Dome Habɔbɔ si Tsi Tre Ðe Kluvinyenye Ŋu ƒe amegã xɔe se be “esi kluvinyenye ƒomevi yeyewo le totom—alo esi wozãa nya la na nɔnɔme vovovowo me nɔnɔ—ta la, afɔku li be woate ŋu atɔ tsi gɔmesese si le eŋu alo womagabu eŋu kura gɔ̃ hã o.” Esusui be “kluvinyenye ƒe dzesi enye be ame aɖe nabu amegbetɔ bubu be enye ye tɔ alo akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi.” Eƒe akpa aɖee nye be woazi amea dzi ahaxe mɔ ɖe eƒe zɔzɔme nu—le go sia me be “mɔ meli be amea nadzo, alo adi dɔwɔɖui bubu o.”

A. M. Rosenthal ŋlɔ le The New York Times me be: “Kluviawo nɔa agbe abe kluviwo ene—wozia wo dzi wowɔa dɔ ŋutasesẽtɔe, wodɔa wo gbɔ sesẽe, dɔ wua wo, wowɔa funyafunya wo, woɖia gbɔ wo keŋkeŋ.” Egblɔ kpee be: “Dɔlar blaatɔ te ŋu ƒlea kluvi, eyata [wo ƒlelawo] metsi dzi ɖe ɣeyiɣi didi si woanɔ agbe hafi woatsɔ woƒe kukua aƒu gbe ɖe tɔsisi aɖe me la ŋu o.”

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Ricardo Funari