Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ameɖokuiwuwu—Dɔvɔ̃ Ɣaɣla La

Ameɖokuiwuwu—Dɔvɔ̃ Ɣaɣla La

 Ameɖokuiwuwu—Dɔvɔ̃ Ɣaɣla La

JOHN KPLE MARY * le woƒe ƒe 50-awo me, eye wole aƒe sue aɖe me le United States ƒe kɔƒe aɖe me. Dzitodzitotetedɔ kple dzi ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie ƒe dɔléle nɔ John ŋu si wɔe be ŋusẽ nɔ vɔvɔm le eŋu vivivi. Mary susui be agbe manya nɔ na ye ne John meli o, eye esesẽ nɛ be wòanɔ ekpɔm eƒe lãme nanɔ gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi ale be gbɔgbɔ hã megale esum o. Lãmesẽkuxiwo le Mary ŋutɔ hã ŋu, eye blanuiléle ɖe fu nɛ ƒe geɖe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, John nɔ vɔvɔ̃m, elabena Mary nɔa nu ƒom tso ameɖokuiwuwu ŋu. Blanuiléle si nɔ edzi kple atike siwo gbegbe zãm wònɔ la wɔe be eƒe susu gatɔtɔ ɖe edzi. Egblɔ be esesẽna na ye ne yebu eŋu be yeava tsi akogo.

Atikewo le aƒea me fũ—dzitikekuiwo, blanuilélenutsitikewo, dzitsitsinutsitikewo. Gbeɖeka fɔfɔme la, Mary ge ɖe dzodoƒea eye wòdze atikekuiwo mimi gɔme. Enɔ wo mim kaka vaseɖe esime John va kpɔe eye wòxɔ atikeawo le esi. Eyɔ atikewɔla siwo kpɔa nɔnɔme kpatawo gbɔ esime wòyi ɖime. Edo gbe ɖa be wòagaku o.

Nusi Akɔntabubuwo Ðe Fia

Woŋlɔ nu geɖe le ƒe siwo va yi nyitsɔ laa me ku ɖe sɔhɛ siwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme si le dzidzim ɖe edzi ŋu—eye esɔ nenema, elabena ne èbu eŋu kpɔ la, afɔku kae gavɔ̃ɖi wu esia be sɔhɛ si agbenɔƒe kple mɔkpɔkpɔ geɖe le ŋgɔ na la naku yakatsyɔe? Gake nane si dzi woŋea aɖaba ƒuna le nyadzɔdzɔgbalẽwo me enye be le dukɔ akpa gãtɔ me la, ameɖokuiwuwu dzina ɖe edzi ne amewo le tsitsim. Esia nye nyateƒe, eɖanye be amesiwo wua wo  ɖokui le dukɔ aɖe me ƒe xexlẽme sɔ gbɔ alo mesɔ gbɔ o, abe alesi aɖaka si le axa si do ŋgɔ me la ɖee fia ene. Ŋkuléle ɖe akɔntabubu mawo ŋu hã aɖe alesi dɔvɔ̃ ɣaɣla sia le nu gblẽm le xexeame katãe afia.

Le ƒe 1996 me la, United States ƒe Dɔléle Nutsitsi Dɔwɔƒe ka nya ta be Amerikatɔ siwo xɔ ƒe 65 kple edzivɔ siwo wu wo ɖokui dzi ɖe edzi nukutɔe alafa memama 36 tso ƒe 1980 me. Dzidziɖedzi sia ƒe akpa aɖe tso ame tsitsi siwo le Amerika ƒe dzidziɖedzi gbɔ—gake menye eya ko gbɔe wòtso o. Le ƒe 1996 me la, amesiwo xɔ wu ƒe 65 siwo wu wo ɖokui ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ hã dzi ɖe edzi alafa memama 9 zi gbãtɔ le ƒe 40 me. Le ku siwo nuveviwɔameɖokui hena vɛ dome la, gege tso dzi, kple ʋufɔkuwo koe wu Amerikatɔ tsitsiwo wu esiwo wu wo ɖokui. Le nyateƒe me la, ɖewohĩ xexlẽme dziŋɔ sia gɔ̃ hã mede amesiwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme ŋutɔŋutɔ nu o. Agbalẽ si nye A Handbook for the Study of Suicide gblɔ be: “Ewɔ abe ameɖokuiwuwu ƒe xexlẽme si dzena le akɔntabubuwo me medena kura o ene, ne wonɔ te ɖe nusi gbɔ ame ƒe ku tso ŋuti ɖaseɖigbalẽ siwo wonana le kɔdziwo dzi.” Agbalẽa gblɔ kpee be ame aɖewo susui be xexlẽmea ŋutɔŋutɔ sɔ gbɔ anɔ esi woyɔna le akɔntabubuwo me la ƒe teƒe eve gɔ̃ hã.

Nukae nye emetsonua? Dɔvɔ̃ ɣaɣla si nye ame tsitsi siwo wua wo ɖokui le nu gblẽm le United States abe alesi wòle nu gblẽm le dukɔ bubu geɖe me ene. Ðk. Herbert Hendin si nye eŋutinunyala bibi aɖe gblɔ be: “Togbɔ be amesiwo wua wo ɖokui le United States le dzidzim ɖe edzi wòɖea dzesi ɣesiaɣi ne wole tsitsim ɖe edzi hã la, womeƒoa nu tso eŋu boo o.” Nukatae? Egblɔ be ɖewohĩ kuxia ƒe akpa aɖee nye esi wònye ame tsitsi siwo wua wo ɖokui ƒe xexlẽme sɔa gbɔ ɖaa ta la, “wo ɖokuiwuwu menaa amewo ɖia vo abe sɔhɛ siwo wua wo ɖokui siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi kabakaba la tɔ ene o.”

Wobi Ðe Eme Wòwɔ Nublanui

Togbɔ be akɔntabubu siawo tso dzika ƒo na ame hã la, xexlẽdzesi gbɔlo ko wonye. Womate ŋu agblɔ akogotsitsi si ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku hena vɛ, dziɖeleameƒo si alesi womegate ŋu wɔa nu le ame ɖokui si o hena vɛ, mɔkpɔkpɔbuɖeame si dɔléle si gblẽa nu le ame ŋu vivivi hena vɛ, alesi blanuiléle si nɔa anyi didi nana nu tia kɔ na amee, kple alesi mɔkpɔkpɔ buna ɖe ame ne dɔléle vɔ̃ɖi si womate ŋu ada o dze edzi la o. Nyateƒenya si wɔ nublanui enye be le esime sɔhɛwo tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui dzimagbɔɖitɔe le esi womenya alesi woakpɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe kuxiwo gbɔe o ta la, kuxi siwo dze abe woanɔ anyi didi eye womate ŋu akpɔ wo gbɔ o ye ɖea fu na ame tsitsiwo ya. Ewɔe be zi geɖe la, ne wodi be yewoawu yewo ɖokui la, woɖonɛ kplikpaa wu sɔhɛwo, eye nublanuitɔe la, wowɔnɛ wòdzea edzi pɛpɛpɛ.

Ðk. Hendin gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Suicide in America me be: “Menye ɖeko ameɖokuiwuwu bɔ wu le ame tsitsiwo dome o, ke boŋ ameɖokuiwuwu la ŋutɔ ɖe vovototo vevi siwo le ame tsitsiwo kple sɔhɛwo dome fia. Vevietɔ amesiwo tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui kple esiwo wua wo ɖokui ŋutɔŋutɔ ƒe xexlẽme trɔna wòɖea dzesi le ame tsitsiwo dome. Le dukɔ bliboa me nɔlawo gome la, wobui be ame ɖekae wua eɖokui ŋutɔŋutɔ le ame 10 ɖesiaɖe siwo tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui la dome; le sɔhɛwo (siwo xɔ ƒe 15-24) gome la, wobui be ame ɖekae wua eɖokui ŋutɔŋutɔ le wo dometɔ 100 ɖesiaɖe siwo tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui la me; eye le amesiwo xɔ wu ƒe 55 gome la, wobui be amesiwo katã tena kpɔ be yewoawu yewo ɖokui la wua wo ɖokui ŋutɔŋutɔ.”

Akɔntabubu si na wobua tame kae nye si! Aleke dzi ɖena le ame ƒoe nye si ne wotsi, ŋusẽ vɔ le ame ŋu, eye vevesese kple dɔléle le fu ɖem na ame! Mewɔ nuku o be ame geɖe wua wo ɖokui. Gake susu nyuiwo li si ta míade asixɔxɔ agbe ŋu—le nɔnɔme sesẽtɔ kekeakewo gɔ̃ hã me. Bu nusi dzɔ ɖe Mary si míeyɔ le ŋgɔdonyaa me dzi la ŋu kpɔ.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nyaɖoɖo si le 17]

Ŋutsu kple nyɔnu siwo wua wo ɖokui le ame 100,000 ɖesiaɖe me, kple woƒe ƒewo

Ƒe 15 Vaseɖe 24 Ƒe 75 Tsɔ Yi

Ŋutsuwo/Nyɔnuwo Dukɔ Ŋutsuwo/Nyɔnuwo

8.0 / 2.5 Argentina 55.4 / 8.3

4.0 / 0.8 Greece 17.4 / 1.6

19.2 / 3.8 Hungary 168.9 /60.0

10.1 / 4.4 Japan 51.8 /37.0

7.6 / 2.0 Mexico 18.8 / 1.0

53.7 / 9.8 Russia 93.9 /34.8

23.4 / 3.7 United States 50.7 / 5.6