Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

May 2-8

HIOB 38-42

May 2-8
  • Hadzidzi 63 Kple Gbedodoɖa

  • Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME

NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI

  • Dzra Ðo Ðe Ɣleti Sia Ƒe Dzeɖonyawo Ŋu: (15 min.) Numedzodzro. Ðe kpɔɖeŋudzeɖonya videoawo dometɔ ɖe sia ɖe eye miadzro eƒe akpa veviawo me. Ne èle nu ƒom tso ale si míazã fon alo tablɛt wòaɖe vi ŋu la, he susu yi nyati si nye “Ale Si Míazã JW Library La” dzi kpuie. Ðo ŋku edzi na gbeƒãɖelawo be woabu video siwo woaɖe afia amewo le gbeadzi la ŋuti kɔnta le ɣletia ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu. De dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadzra woawo ŋutɔwo ƒe dzeɖonyawo ɖo.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

  • Hadzidzi 60

  • Èle JW Library La Zãma?”: (15 min.) Zã miniti atɔ̃ gbãtɔawo miatsɔ adzro nyatia me. Emegbe ɖe video si nye “JW Library” La eye miadzro eme kpuie. Eyome wɔe nenema ke na video siwo nye Wɔ Agbalẽwo Ƒe Kɔpiwo Eye Trɔ Nuŋɔŋlɔawo Ƒe Lolome Ale Si Nèdii la hã. De dzi ƒo na ame siwo katã ate ŋui be woada JW Library dɔwɔnua ɖe woƒe mɔ̃wo dzi hafi míava dzro akpa si nye “Ale Si Míazã JW Library La” me le May 16 lia ƒe kwasiɖaa me.

  • Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) ia ta 14 mm. 14-22, kple numetotobiabia.

  • Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)

  • Hadzidzi 77 Kple Gbedodoɖa