Hiob 41:1-34
-
Mawu ɖɔ Leviatan wɔnuku la (1-34)
41 “Ðe nàte ŋu atsɔ ƒu aɖe Leviatan*+Alo atsɔ ka abla eƒe aɖe ate ɖe nu me nɛa?
2 Ðe nàte ŋu ade ka* ŋɔti me nɛ,Alo atsɔ ƒu* aŋɔ eƒe glãa?
3 Ðe wòaƒo koko na wò zi geɖe,Alo ɖe wòaƒo nu na wò kple gbe blewua?
4 Ðe wòabla nu kpli wò,Ne nàxɔe wòazu wò kluvi le eƒe agbe me katã?
5 Ðe nàfe kplii abe xevi enea,Alo ɖe nàde kae na viwònyɔnuviwoa?
6 Ðe nudzralawo atsɔ woƒe adzɔnuwo aɖɔliia?
Ðe woamae le asitsalawo domea?
7 Ðe nàte ŋu atsɔ ʋã aŋɔ eƒe ayi+Alo atsɔ akplɔ atɔ eƒe taa?
8 Ka asi eŋu kpɔ;Àkpɔe be avu blibo wòanye, eye màgawɔe akpɔ gbeɖe o!
9 Ne ewɔ na wò be yeate ŋu akpe edzi la, ke èble ɖokuiwò.
Ekpɔkpɔ ɖeɖe dzaa adzi ŋɔ na wò.*
10 Ame aɖeke make atsɛ aʋuʋui o.
Ke ame kae ate ŋu anɔ te ɖe nunye?+
11 Ame kae tre nunanam, ne maɖo eteƒe nɛ?+
Nu siwo katã le dziƒo bliboa te la, tɔnyee.+
12 Nyemagbe nuƒoƒo le eƒe ŋutinuwo,Eƒe ŋusẽ kple eƒe nɔnɔme dzeani la ŋu o.
13 Ame kae aflo eƒe akpa le eŋu?
Ame kae ate ŋu aɖo eƒe glãwo me?
14 Ame kae ate ŋu ake eƒe nu?*
Ŋɔdzi le eƒe aɖuwo katã ŋu.
15 Tsro trikpawo ɖo ɖe eƒe dzimegbe,*Wolé ɖe wo nɔewo ŋu kpaɖikpaɖi.
16 Wodre ɖe wo nɔewo ŋu ale gbegbeBe ya gɔ̃ hã mate ŋu ato wo me o.
17 Ðe sia ɖe lé ɖe nɔvia ŋu;Woƒo ɖe wo nɔewo me ale gbegbe be womate ŋu ama wo me o.
18 Eƒe nyènye ɖeɖe dzaa kea dzo,Eye eƒe ŋkuwo klẽna hɛ̃ abe agudzedze ene.
19 Dzoƒaɖewo dona tso eƒe nu me;Dzoxiwo hlẽna ŋeŋeŋe.
20 Dzudzɔ tuna tso eƒe ŋɔti meAbe dzokpo si me wodo ketidzo ɖo ene.
21 Eƒe gbɔgbɔ naa aka léa dzo,Eye dzoƒaɖewo dona tsoa eƒe nu me.
22 Ŋusẽ geɖe le eƒe kɔ me,Eye ŋɔdzi tia kpo le eŋgɔ.
23 Eƒe ayi mlɔ wo nɔewo dzi;Wolé ɖe wo nɔewo ŋu kpaɖii be womeʋãna o.
24 Eƒe dzi sẽ abe kpe ene,Ɛ̃, esẽ abe té si dzi wotua nu le ene.
25 Ne etso la, dzidzi ƒoa ŋusẽtɔwo gɔ̃ hã;Ne eʋã eɖokui la, woluluna.
26 Ne yi va tui la, mekpea edzi o;Eye akplɔ, ga biɖoe alo aŋutrɔ hã meɖia naneke nɛ o.+
27 Gayibɔ le nɛ abe gbe ƒuƒu ko ene,Akɔbli abe ati si nyunyɔ ene.
28 Aŋutrɔ menyanɛ ɖe nu o;Akafokpe le nɛ abe ahɔ̃liti ko ene.
29 Ebua kpo abe ahɔ̃liti ene,Eye akplɔ ƒe ʋɔlulũ ɖia kokoe nɛ.
30 Eƒe dɔmegbɔ le abe sonu gaglɛ ɖaɖɛwo ene;Eɖea fli ɖe ba me abe luƒotasiaɖam ene.+
31 Enana tɔ gɔme fiẽna wlɔwlɔwlɔ abe nuɖaze me ene;Eblua atsiaƒu abe amiɖaze me ene.
32 Enana etoƒe le tɔ dzi klẽna le eyome;
Ale tɔa dzi funa kpii abe ta ƒowɔ ene.
33 Etɔgbi aɖeke mele anyigba dzi o,Nuwɔwɔ si ŋɔ medzina o lae wònye.
34 Eklẽa ŋku ɖe nu sia nu si doa eɖokui ɖe dzi la.
Fia wònye ɖe lã klitsuwo katã dzi.”
Etenuŋɔŋlɔ
^ Ðewohĩ “lo” ye wowɔnɛ.
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “keti.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋù.”
^ Alo, “ana nàɖo baba ɖe anyi.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ame kae aʋu eƒe ŋkume ʋɔtru?”
^ Agate ŋu afia, “Eƒe tsro trikpa siwo ɖo ɖe wo nɔewo nu lae nye eƒe adegbeƒonu.”