Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hadzidzi 142

Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã

Wɔ Kɔpi:

(1 Timoteo 2:4)

  1. Míedi vevie be míasrɔ̃ Yehowa,

    Be míagakpɔ amewo ŋkume o.

    Edi be woaɖe amewo katã,

    Ale be woava dzimetɔtrɔ gbɔ.

    (HAXE)

    ’Fi ka kee amea ɖatso’o,

    Ƒe ka kee amea ɖaxɔ’o,

    Míana wo katã nase nya nyui la.

    Esi míelɔ̃ wo ta la,

    Míeɖea gbeƒã na wo be:

    “Ame sia ’me nazu Mawu xɔlɔ̃.”

  2. Metsɔ le afi si míekpɔ wo le,

    Alo woƒe dzedzeme gɔ̃ hã me’o.

    Ame si wonye le dzi me ye hiã.

    Woƒe dzi mee mía Mawu la kpɔna.

    (HAXE)

    ’Fi ka kee amea ɖatso’o,

    Ƒe ka kee amea ɖaxɔ’o,

    Míana wo katã nase nya nyui la.

    Esi míelɔ̃ wo ta la,

    Míeɖea gbeƒã na wo be:

    “Ame sia ’me nazu Mawu xɔlɔ̃.”

  3. Yehowa xɔa ’me sia ’me si tiae be

    Yeagbe xexe sia kple eƒe mɔwo.

    Esia míesrɔ̃, esia míaɖe gbeƒã;

    Míagblɔe na ame ƒomevi’o katã.

    (HAXE)

    ’Fi ka kee amea ɖatso’o,

    Ƒe ka kee amea ɖaxɔ’o,

    Míana wo katã nase nya nyui la.

    Esi míelɔ̃ wo ta la,

    Míeɖea gbeƒã na wo be:

    “Ame sia ’me nazu Mawu xɔlɔ̃.”