Midzi Ha Na Yehowa—Ha Yeyewo
Se vivi na ha yeye siawo siwo wokpa be míatsɔ akafu Yehowa Mawu ahasubɔe. Wɔ haƒoƒoa kple hagbeawo ƒe kɔpi, eye nàsrɔ̃ ha vivi siawo.
HADZIDZI 136
Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum—Neva Dzro!
Wokpa ha ʋãme sia be woatsɔ akafu Yehowa Mawu ɖe eƒe Fiaɖuƒe si ƒe Fiae nye Kristo Yesu la ta.
HADZIDZI 137
Na Dzi Nanɔ Mía Ƒo
Wɔ ɖeka kpli mí míaƒo koko na Yehowa Mawu be wòana dzi nanɔ mía ƒo míaɖe gbeƒã eƒe ŋkɔ kple dzideƒo.
HADZIDZI 138
Ŋkɔwòe Nye Yehowa
Kafu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la eye na amewo katã nanya be eyae nye Dziƒoʋĩtɔ la.
HADZIDZI 139
Míefiaa Nu Wo Be Woanɔ Te Sesĩe
Kukuɖeɖe na Yehowa Mawu be wòakpɔ nusrɔ̃la yeyewo ta ahakpe ɖe wo ŋu woado dzi nuteƒewɔwɔtɔe le agbedu la ƒuƒu me.
HADZIDZI 140
Mɔɖeɖedɔa—Dɔ Vevi Aɖee Wònye
Hadzidzi sia ana nàgblɔ ale si gbegbe nèlɔ̃ Yehowa kple dzidzɔ si kpɔm nèle le dɔ vevi si wɔm nèle nɛ me.
HADZIDZI 141
Míadi Ŋutifafalɔ̃lawo
Ha tuameɖo dodzidzɔname sia ku ɖe ale si míelɔ̃ amewo hedia Mawu ƒe alẽ xɔasiawo vevie la ŋu.
HADZIDZI 142
Míaɖe Gbeƒã Na Ame Ƒomeviwo Katã
Dzi ha sia si ku ɖe Yehowa ƒe ameŋkumemakpɔmakpɔ kple ale si míakpe ɖe ame ƒomeviwo katã ŋu woava zu Mawu xɔlɔ̃ la ŋu.
HADZIDZI 144
Míagblɔ Agbenya La
Ele be míagblɔ agbenya si tso Mawu gbɔ la na amewo, elabe ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ.
HADZIDZI 145
Míaku Kutri Ayi Gbeadzi
Ele bɔbɔe be kuvia naɖo mí, gake ne míeku kutri hedo gbe ɖa la, ŋusẽ aɖo mía ŋu míayi gbeadzi.
HADZIDZI 146
Nyee Miewɔe Na
Yesu bua kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si wona nɔvia amesiaminawo kple lɔlɔ̃ si woɖe fia wo la be yee wowɔe na.
Hadzidzi 147
Mawu Ƒe Nunɔamesi Tɔxɛ
Yehowa lɔ̃ eƒe amesiaminawo vevie, eye woawo hã wolɔ̃e hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu.
HADZIDZI 148
Ètsɔ Wò Tenuvi La Na
Da akpe na Yehowa ɖe eƒe nunana gãtɔ kekeake si na mɔkpɔkpɔ ameƒomea la ta.
HADZIDZI 149
Akpedada Ðe Tafea Ta
Ale si Yesu lɔ̃ faa tsɔ eɖokui sa vɔe la nye lɔlɔ̃ɖeɖefia gãtɔ kekeake si ta míada akpe na Yehowa tegbee.
HADZIDZI 151
Mawu Viwo Ƒe Ðeɖefia La
Míele mɔ kpɔm vevie na gbe si gbe Yehowa akplɔ Kristo nɔviwo ayi dziƒo be woawɔ ɖeka kple Yesu awɔ aʋa ahaɖu dzi.
HADZIDZI 152
Wòe Nye Míaƒe Ŋusẽ Kple Míaƒe Mɔkpɔkpɔ
Ne agbemedzimaɖitsitsiwo na vɔvɔ̃ ɖo mí la, Mawu ate ŋu anye míaƒe ŋusẽ kple míaƒe mɔkpɔkpɔ kpakple ame si ŋu míaɖo ŋu ɖo.
HADZIDZI 154
Míayi Edzi Ado Dzi
Ha sia akpe ɖe mía ŋu míado dzi le nɔnɔme sesẽwo me ahasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe va se ɖe nuwuwu.

