Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ðe Ŋunye

Te Ðe Ŋunye

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Dzi ɖe le ƒonye,

    Mɔkpɔkpɔ bú ɖem; ke Mawu ve nunye.

    ’Yae nye nye Akɔfala;

    ’Yae meʋua nye dzi me na faa.

    Ɛ̃, ena mekpɔ dzidzeme

    Le nɔvi’o ƒe ƒomea me.

    (HAXE)

    Ebe: “Te ɖe ŋunye, va gbɔnye,

    Ne mate ɖe ŋuwò.

    Mana nàkpɔ nɔnɔme

    Nyui si’o katã le mewò

    Ne ète ɖe ŋunye.”

  2. 2. Ne nye dzi bua fɔm

    Vevie ɖe nu si’o katã dzɔ va yi ta hãa,

    Mawu ya mebua fɔm o.

    Ta eya gbɔ ko manɔ ɖaa.

    Menya nyuie be etsɔ gbɔnye.

    Atɔ nam; além ɖe te.

    (HAXE)

    Ebe: “Te ɖe ŋunye, va gbɔnye,

    Ne mate ɖe ŋuwò.

    Mana nàkpɔ nɔnɔme

    Nyui si’o katã le mewò

    Ne ète ɖe ŋunye.”

    (DOMETSOHA)

    Fifia mele dzidzɔ kpɔm ŋ’tɔ

    Le nye Mawu la gbɔ.

    ’Ya ŋue mate ɖo gbe sia gbe.

    Malɔ̃e yi mavɔ me.

    (HAXE)

    Ebe: “Te ɖe ŋunye, va gbɔnye,

    Ne mate ɖe ŋuwò.

    Mana nàkpɔ nɔnɔme

    Nyui si’o katã le mewò

    Ne ète ɖe ŋunye.