Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Le Xɔse Me

Le Xɔse Me

(Psalmo 27:13)

Wɔ Eƒe Kɔpi:

  1. 1. Nu ka gɔ̃e adzi ŋɔ nam?

    Dzata loo amegbetɔ?

    Yehowa le gbɔnye ɖaa,

    Dzi anɔ ƒonye ɖaa.

    Mawue nye nye Xɔnametɔ.

    (HAXE)

    Le xɔse me, makpɔ mɔ na nu nyuiwo.

    Le xɔse me, nyemavɔ̃ futɔwo’o.

    Nye ŋusẽ tso Mawu gbɔ,

    ’Ya ta ŋgɔ tẽe makpɔ.

    Menya nyuie be nye Mawu li kplim—

    Le xɔse me.

  2. 2. Blemafofo si’o do ŋgɔ

    Wɔ nuteƒe na Mawu.

    Xɔse na wodo dzi.

    Ma’u aɖo ŋku wo dzi.

    Woafɔ axɔ woƒe fetu.

    (HAXE)

    Le xɔse me, makpɔ mɔ na nu nyuiwo.

    Le xɔse me, nyemavɔ̃ futɔwo’o.

    Nye ŋusẽ tso Mawu gbɔ,

    ’Ya ta ŋgɔ tẽe makpɔ.

    Menya nyuie be nye Mawu li kplim—

    Le xɔse me.

    (DOMETSOHA)

    Le xɔse me, mate’ŋ aho towo.

    Le xɔse me, nyemaʋã o.

    ’Fi kae manɔ

    Ne xɔse mel’asinye o?

    Nye xɔse além ɖe te ɖaa.

  3. 3. Yayra mavɔwo le ŋgɔ.

    Mele mɔ kpɔm na wo.

    ’Ya ta mado dzi

    Va se ɖe nuwuwu.

    Mawu ƒ’aʋadziɖuɖu ɖo vɔ.

    (HAXE)

    Le xɔse me, makpɔ mɔ na nu nyuiwo.

    Le xɔse me, nyemavɔ̃ futɔwo’o.

    Nye ŋusẽ tso Mawu gbɔ,

    ’Ya ta ŋgɔ tẽe makpɔ.

    Menya nyuie be nye Mawu li kplim—

    Le xɔse me,

    Le xɔse me.

(Kpɔ Heb. 11:1-40 hã.)