Hakpakpawo
Ha siwo wokpa be míatsɔ aɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe míaƒe gbɔgbɔmedomenyinu la ŋu.
Wòe Sea Gbedodoɖa
Ne míeɖe míaƒe dzimenyawo gblɔ na Yehowa la, enana míekpɔa ŋutifafa si ƒo ɖe sia ɖe ta.
Nye Gbɔgbɔ Me Nuhiahiãwo
Ne míekpɔ míaƒe gbɔgbɔmenuhiãhiãwo gbɔ la, enana míekpɔa dzidzɔ vavãtɔ.
Lɔlɔ̃ Vavã
Viɖe kawoe nàkpɔ ne ètsɔ ɖokuiwò na Yehowa eye nèwɔ geɖe le esubɔsubɔ me?
Ðee Gblɔ Na Wo Faa Be Yelɔ̃ Wo
Kpɔ ale si ame siwo le nɔnɔme vovovowo me la te ŋu ɖe lɔlɔ̃ fia ame bubuwo to woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me.
Nɔvi, Míekpɔnɛ
Míedea asixɔxɔ mía nɔvinyɔnu wɔnuteƒe siwo le xexea me godoo la ŋu.
Ewɔɣi Koe Nye Esia
Ne míedea ŋugble le ale si nunana si nye agbea le kpuie ŋu la, akpe ɖe mía ŋu be míaɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo fifia, elabe míenya etsɔme o.
Wò Lɔlɔ̃ Dze Le Wò Nyaa Me
Nya nyui geɖe le Biblia me siwo na míekpɔ ale si gbegbe Mawu lɔ̃ mí. Tso gbe aɖe gbe ke la, nya mawo kpena ɖe Mawu subɔlawo ŋu eye wòdea dzi ƒo na wo.
Wò Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Doa Dzidzɔ Nam (Ƒe 2025 Takpekpe Gã Ƒe Ha)
Enyea dzidzɔ na Yesu be yeaɖo to Mawu awɔ eƒe lɔlɔ̃nu, nenema kee Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzɔa dzi na míawo hã elabe míesrɔ̃a Yesu.
Madidi O
Madidi o, míase vivi na yayra gbogbowo le xexe yeyea me.
Ŋutifafa Me Nɔnɔ Kple Amewo
Ne míenye ŋutifafamewo la, enana amewo kafua Yehowa.
Tsɔ Bubu Si Yehowa Dze Na La Nɛ
Ne míelɔ̃ Yehowa eye míekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo wòwɔna na mí ŋu la, esia aʋã mí míakafui.
Menye Nye Ŋusẽ Mee O
Kpɔ ale si Yehowa “naa nɔƒe ame tsiakogowo.”
Míanɔ Agbe Tsɛ
Míakpɔ dzidzɔ vavã ne míaƒe susu nɔa agbe me nu vevi siwo Yehowa nana mí ŋu.
Tɔ, De Ŋugble
Aleke ŋugbledede le Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu akpe ɖe mía ŋu mía tɔ sẽe abu nuwo ŋu ale be míate ŋu anɔ te ɖe agbe me kuxiwo nu nyuie wu?
“Agbe Vavã”
Ŋugbledede le míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu doa ŋusẽ mí be míedoa dzi le nɔnɔmesesẽwo me.
“Nya Nyui”! (Ƒe 2024 Takpekpe Gã Ƒe Ha)
Tso ƒe alafa gbãtɔ me va se ɖe egbea la, amegbetɔwo le gbeƒã ɖem nya nyuia kple dzidzɔ. Dɔ siae nye dɔ gãtɔ kekeake si míate ŋu awɔ, elabe Yesu ŋutɔe le ŋgɔ xɔm na dɔa eye mawudɔlawo hã le asi kpem ɖe eŋu.
‘Ŋutifafa Abe Tɔsisi Ene’
Ŋutifafa si tso Yehowa gbɔ le abe tɔsisi ene eye enɔa sisim ɖaa.
Mana Nye Xɔse Nasẽ Ŋu
Na wò xɔse nasẽ ŋu, ekema màke ɖi akpɔ o.
Ètrɔ gbɔ!
Metsi megbe akpa be nàtrɔ gbɔ o.
Míamia Nu O
Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu eye nàɖe gbeƒã ne èle vɔvɔ̃m gɔ̃ hã.
Enya Mí
Yehowa nya mía dometɔ ɖe sia ɖe; enya ale si tututu míesena le mía ɖokui me.
“Gaku Sue Eve”
Míaƒe nunanawo dzea Yehowa ŋu, ne womesɔ gbɔ o gɔ̃ hã.
Míawɔ Ðeka Akafu Yehowa
Yehowa subɔsubɔ nana míaƒe dzi dzea eme.
Te Ðe Ŋunye
Mawu tsɔa ɖe le eme na ame sia ame si te ɖe eŋua vevie, metsɔ le eme afi si wòtso o.
‘Matsi Megbe O!’ (Ƒe 2023 Takpekpe Gã Ƒe Ha)
Srɔ̃ nuteƒewɔlawo esime nègbɔ dzi ɖi le Yehowa sinu kpɔm.
Kpɔ Mɔ Na Agbe Vavãa
Míate ŋu anɔ agbe si me dzidzɔ kple dzidzeme le fifia kple le etsɔme siaa.
Mègatsɔ Anyidzeƒe Wɔ Anyimlɔƒe O
Ne èsrɔ̃ nu tso wò vodadawo mea, àgasẽ ŋu ɖe edzi.
Míagazu Xɔlɔ̃wo Ake
Tsɔ vodada ɖe sia ɖe ke faa be miagazu xɔlɔ̃wo ake!
Menya Be Yehowa Li Kplim
Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu aɖu vɔvɔ̃ ɖe sia ɖe dzi.
Ame Ka Gbɔe Madzo Ayi?
Kpɔ ale si Yehowa subɔla wɔnuteƒe aɖe ɖo to alẽkplɔla nyui la ƒe gbe le eƒe agbe me katã la ɖa.
Ŋutifafa Va Mlɔeba! (Ƒe 2022 Takpekpe Gã Ƒe Ha)
Mègatsɔ wò susu ɖo wò xaxawo ŋu o, ke boŋ wò susu nenɔ ŋutifafa vavãtɔ si ƒe ŋugbe Mawu do la ŋu.
Ðekawɔwɔ Mee Ŋusẽ Le
Le mía Mawu Yehowa kple mía nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka la ƒe kpekpeɖeŋu mea, míate ŋu ado dzi le xaxa ɖe sia ɖe me.
Yehowa Ƒe Ƒome
Amewo kpɔtɔ le xexea me siwo le nyateƒe dim. Haƒoƒo ƒe video sia aʋa wò be nàyi edzi adi ame siwo ƒe nɔnɔme le abe alẽwo ene.
Ðo Ŋku Yehowa Dzi
Dɔ geɖe wɔwɔ na Yehowa ye nye nu nyuitɔ kekeake si míate ŋu awɔ le agbe me.
Va Kpɔe Ða
Na xexe yeyea ƒe mɔkpɔkpɔa nàna dzi nadzɔ wò.
Tsɔ Wò Ŋusẽ Subɔ Yehowa
Tsɔ wò ŋusẽ subɔ Yehowa. Mave wò akpɔ o!
Kpɔ Dzidzɔ Ðaa!
Hadzidzi dodzidzɔname ate ŋu aɖo ŋku susu geɖe siwo tae wole be míakpɔ dzidzɔ ɖo la dzi na mí.
Le Xɔse Me
Bu yayra mavɔ siwo Mawu dzra ɖo ɖi na amegbetɔwo le etsɔme ŋu kpɔ.
Ƒome Wɔɖekae Míenye
Togbɔ be wotiaa mía yome hã la, míewɔ ɖeka le xexea me godoo.
Susua Ŋu Madzɔ
Ne ètsi dzimaɖi vevie la, Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàɖe dzi ɖi.
Nye Lɔlɔ̃a
Kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nunana si nye srɔ̃ɖeɖe la ŋu.
Mímana Ta O
Míaƒe xɔse ate ŋu ali ke sesĩe ne míetui ɖe gɔmeɖoanyi nyui dzi.
Ƒu Agbedua
Wɔ nyametsotso nyuiwo be nàte ŋu aƒu agbedua ade goe.
Tsɔ Ke Faa
Ðe ame aɖe wɔ nane wòve wòa? Ðe wòle sesẽm na wò be nàtsɔ akea? Hakpakpa sia ana nàkpɔ ale si nàwɔ atsɔ ake faa.
Wòe Nye Míaƒe Dzidzɔ
Yehowae nye míaƒe dzidzɔ vavãtɔ Dzɔtsoƒe ɣeawokatãɣi.
Oo, Ka Ðe Edzi
Xaxa ka ke mee míeɖale o, míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa lɔ̃ mí.
Srɔ̃ Ðevi Suewo
Aleke míanɔ abe ɖevi ene le lɔlɔ̃ɖeɖefia amewo me?
Ðo Ŋu Ðe Eŋu
Ne dzi ɖe le ƒowò la, yi edzi nàɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòado ŋusẽ wò ahafa akɔ na wò.
Masubɔ Wò Le Nye Agbe Me Katã
Lɔlɔ̃ na Yehowa ʋãa mí míewɔa tɔtrɔwo le míaƒe agbe me eye míeɖea adzɔgbe nɛ hexɔa nyɔnyrɔ.
Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O
Yehowa ƒe lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o. Enana míekpɔa dzidzɔ kple akɔfafa.
Le Xexe Yeyea Me
Nu siwo míekpɔna ɖaa le susu me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuŋububu dzi. Ha sia nana míaƒe susu nɔa xexe yeyea dzi.
Yehowa Magblẽ Mí Ði Kpɔ O
Yehowa le klalo ɣesiaɣi be yeakpe ɖe mía ŋu.
“Ʋli Xɔse Ƒe Ʋiʋli Nyui La”
Kuxi alo nɔnɔme sesẽ ka ke me tom míeɖale o, míate ŋu ayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.
Nɔviwoe Míenye
Afi ka kee míeɖale o, míenye Yehowa ƒe ƒomea me tɔwo.
Akpedada Ðe Mawu Ƒe Nuwɔwɔwo Ta
Di ɣeyiɣi nàde ŋugble le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋu eye nàdo gbe ɖa ada akpe nɛ ɖe wo ta.
Lé Dzi Ðe Ƒo Sesĩe
Ha vevi aɖe si kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi.
Ŋkeke Ðe Sia Ðe Kple Eƒe Kuxiwoe
Míate ŋu akpɔ dzidzɔ kple dzidzeme ne kuxiwo ɖe kpe na mí hã.
Nye Ŋutete Katã
Yehowa koe wòle be míatsɔ mía ɖokui ana faa ahasubɔe tso dzi blibo me nyateƒe.
Yehowa Na Míewɔ Ðeka
Togbɔ be fulelé xɔ xexea me hã, míawo ya míele nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si me ŋutifafa le la me.
Nyemagblẽ Wò Ði O
Le ɣeyiɣi nyuiwo kple vɔ̃wo siaa me la, mía xɔlɔ̃wo li na mí.
Na Dzi Naɖo Ƒonye
Yehowa ate ŋu ana dzi naɖo mía ƒo míado dzi anɔ te ɖe dodokpɔ ɖe sia ɖe si ava mía dzi la nu.
Xɔlɔ̃ Vavã
Afi kae míakpɔ xɔlɔ̃ vavãwo le?
Míedii
Ame siwo di vevie be yewoanya Mawu la ate ŋu ake ɖe eŋu ne wodze agbagba dii.
Mègavɔ̃ O
Ne kuxi sesẽwo va mía dzi le agbe me la, ele be míaɖo ŋku edzi Mawu li kpli mí.
Dadavilɔlɔ̃
Màkpɔ ale si Yehowa ƒe amewo kpena ɖe wo nɔewo ŋu la le afi aɖeke le xexea me o.
Nye Mawu Li Kplim
Esi Yehowae nye míaƒe Mawu ta la, magblẽ mí ɖi o!
Lɔlɔ̃ Vavãtɔ
Ne Yehowa Mawu le wò srɔ̃ɖeɖe me la, srɔ̃ɖeɖea ali ke!
Maɖo Ŋu Ðe Ŋuwò
Mawu ƒe Nya xexlẽ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te sesiẽ ne nɔnɔmeawo sesẽ na mí gɔ̃ hã.
Nu Vevitɔwo
Ele be míadi ɣeyiɣi na nu vevitɔwo siwo nye gbedodoɖa, nusɔsrɔ̃ kple gbeadziyiyi.
Wò Asinudɔwo Ta, Makafu Wò
Yehowa ƒe asinudɔwɔwɔwo wɔa nuku na mí eye esia ʋãa mí míekafunɛ.
Kpɔ Gbɔnye
Na ɣeyiɣi si nètsɔ le ha dem kple nɔviwò Kristotɔwo la naɖe vi na wò.
Teƒe Si Akafu Wò Ŋkɔ
Bubue wònye na mí be míakɔ teƒe aɖe si woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ gã la le la ŋu nɛ.
Na Míatee Kpɔ
Abe Yehowa subɔlawo ene la, mɔ ka ke nue míeɖakeke míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu le o, ate ŋu ahe dzidzɔ geɖe vɛ na mí.
Vinye Lɔlɔ̃a
Vifofo aɖe nɔ vianyɔnuvi kpɔm esime wònɔ tsitsim henɔ nyateƒea wɔm etɔe.
Wò Dɔwo Léa Dzi Nam
De asixɔxɔ mɔnukpɔkpɔ si su asiwò nèle dɔ wɔm kple Yehowa la ŋu!
Magate Ŋu Afɔ
Kplɔ hadzidzia ɖo be nàkpɔ ale si ŋusẽ gaɖo Yehowa subɔla aɖe si doa vevie nu tsã evɔ wòva gbɔdzɔ la ŋu be wògatrɔ va hame si me lɔlɔ̃ le la me.
Wò Seawo Dzi Mawɔ
Mina míato míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi aɖee afia be míelɔ̃ Yehowa ƒe sewo.
Xɔse Akplɔm Dedie
Ebia agbagbadzedze geɖe be míatu xɔse sẽŋu ɖo, gake Yehowa aɖo míaƒe agbagbadzedzeawo teƒe na mí.
Matu Nye Etsɔme Ðe Yehowa Dzi
Na tiatia siwo nèwɔna gbe sia gbe la nado dzidzɔ na Yehowa.
Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu, Do Gbe Ða Nɛ
Ne míele kuxiwo me tom la, nu kae míawɔ?
Wò Nya La Anɔ Anyi Ðaa
Kafu Mawu ɖe ale si wòkpɔ eƒe Nyaa ta na ameƒomeae la ta!
Nusɔsrɔ̃ Ana Nàsẽ Ŋu
Ðokuisi Biblia sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woasẽ ŋu le gbɔgbɔ me.
Tiatia Siwo Míewɔna
Nunya anɔ eme be míade ŋugble le ŋusẽ si tiatia siwo míewɔna le nu siwo nye ame ŋutɔ ƒe nya me la kpɔna ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa kple ame bubuwo dzi la ŋu.
Esiae Míenɔ Mɔ Kpɔm Na
Mɔkpɔkpɔ na Paradiso si ava le etsɔme la ate ŋu akpe ɖe míado dzi.
Míatsɔ Ake Mía Nɔewo
Di mɔnukpɔkpɔwo le wò agbe me nàsrɔ̃ Yehowa eye nàtsɔ ake amewo.
Afi Si Wòle Be Manɔ
Aleke nàwɔ atia xɔlɔ̃ nyuitɔ kekeake?
Wòe Míada Akpe Na
Yehowa toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi le nɔnɔme sesẽ siwo vaa mía dzi la me. Esia ʋãa mí míekafunɛ.
“Minɔ Amedzrowɔwɔ Dzi”
Mɔ bubu kawo nue nàgate ŋu awɔ amedzro le?
Mèganɔ Du Dzi O
Zi geɖe la, míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbea ƒe akpa bubuwo ganyona ɖe edzi wu ne míegbɔ dzi ɖi hekpɔ vovo ɖe amewo ŋu.
Yayra Geɖe Le Gbe Yeye Sɔsrɔ̃ Me
Yayra kawoe nàte ŋu akpɔ ne èsrɔ̃ gbe yeye?
Trɔ Ðe Eŋu
Zɔ aduadu kple Yehowa ƒe habɔbɔ si le ŋgɔ yim la!
Kpɔe Le Susu Me Ðaa
Xexe yeye si gbɔna kpuie la le mía lalam.
Gbɔ Dzi Ði Be Nàwɔ Tiatia Nyuitɔ
Ne míele ame si míaɖe tiam la, ele be míagbɔ dzi ɖi awɔ tiatia nyuitɔ.
Metsɔ Nye Nu Nyuitɔ Na Wò
Mele bɔbɔe be dzilawo nakpɔ wo viwo woaʋu ayi teƒe didi aɖe o.
Dzidzɔ Si Míekpɔna Le Takpekpewo Me
Ne míeyi takpekpe gãwo la, míekpɔa lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si le mía nɔviwo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔ la me.
Yehowa Le Kpewòm Be Nàtrɔ Gbɔ
Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàɖe afɔ siwo hiã ale be nàte ŋu atrɔ ava egbɔ.
Nusɔsrɔ̃ Ana Makpɔ Kesinɔnuwo
Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ kple ƒometadedeagu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi le gbɔgbɔ me.
Ko Alɔgbɔnu
Alɔgbɔnukoko ate ŋu ana míakpɔ dzidzedze le míaƒe subɔsubɔdɔa kple míaƒe agbe me.
Ɣeyiɣiae Nye Esia
Mɔɖelawo ƒe gbɔgbɔ si le mía me la ʋãa mí míekpena ɖe míaƒe aƒelikawo ŋu.
Dzi Dzɔm Be Meɖu Tetekpɔ Dzi
Nu kae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu woanɔ te ɖe nya siwo wo hatiwo ƒona ɖe wo nu le suku la ŋu?
Taflatsɛ, nya aɖeke mesɔ kple nu si dim nèle o.

