Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 10

Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?

Aleke Yehowa Ðasefowo Ƒe Kpekpewo Dede Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò?

Ðe wokpe wò be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe kpɔa? Ne mède kpɔ o la, ɖewohĩ àtsi dzi vie zi gbãtɔ si nàdi be yeade. Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be: ‘Nu kae yia edzi le kpekpeawo me? Nu ka tae kpekpeawo le vevie? Nu ka tae wòle be made?’ Le nusɔsrɔ̃ sia me la, àkpɔ ale si kpekpewo dede ate ŋu ana wò kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli eye wòaɖe vi na wò ŋutɔ hã.

1. Nu kae nye susu vevitɔ si tae Yehowa Ðasefowo kpena ɖekae ɖo?

De dzesi susu vevi si ta Biblia ŋlɔla aɖe wɔa ɖeka kple ame bubuwo le kpekpewo me. Egblɔ be: “Makafu Yehowa le ameha gãwo dome.” (Psalmo 26:12) Dzidzɔ gãe wònyena na Yehowa Ðasefowo hã be yewoakpe ta ɖekae. Le xexea me godoo la, wokpea ta kwasiɖa sia kwasiɖa kafua Mawu, dzia ha, hedoa gbe ɖa. Azɔ hã, wogakpena ɣebubuɣiwo le ƒuƒoƒo gãwo me le ƒea me hesrɔ̃a nu tso Yehowa ŋu.

2. Nu kawoe nàsrɔ̃ le míaƒe kpekpewo me?

Le kpekpeawo me la, Mawu ƒe Nyaa koŋue míesrɔ̃na, ‘woɖea eme tsitotsito, eye wonana gɔmesese si le eŋu la dzena.’ (Xlẽ Nehemiya 8:8.) Ne èdea míaƒe kpekpeawo la, àsrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu. Ne èva le nu geɖe wu srɔ̃m tso ale si gbegbe wòlɔ̃ wòe ŋu la, àdi be wò kplii dome nanɔ kplikplikpli wu. Azɔ hã, àkpɔ ale si Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ dzidzeme le agbe me.—Yesaya 48:17, 18.

3. Aleke hadede kple amewo le míaƒe kpekpewo me ate ŋu aɖe vi na wò?

Yehowa bia tso mía si be “míanɔ mía nɔewo ŋu bum, ale be míado ŋusẽ mía nɔewo na lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo wɔwɔ, eye míaganɔ míaƒe kpekpewo gblẽm ɖi [o].” (Hebritɔwo 10:24, 25) Le míaƒe kpekpeawo me la, àdo go ame siwo lɔ̃ wo nɔewo vavã eye wonye ame siwo di vevie be yewoanya nu geɖe wu tso Mawu ŋu abe wò ke ene. Woagblɔ nya dedziƒonamewo tso Biblia me nàse. (Xlẽ Romatɔwo 1:11, 12.) Àva nya ƒomewo kple ame ɖekaɖeka siwo le dzidzɔ kpɔm togbɔ be wole kuxiwo me tom gɔ̃ hã. Susu siwo tae Yehowa di be míanɔ ƒu ƒom ɖekae edziedzi la dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo!

SRƆ̃ NU BUBUWO

Míasrɔ̃ nu tso nu siwo yia edzi le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me ŋu, eye àkpɔ nu si tae wòaɖe vi na wò ne èdzea agbagba vevie dea kpekpe siawo.

4. Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo

Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ anyi le blema la ƒoa ƒu edziedzi subɔa Yehowa. (Romatɔwo 16:3-5) Mixlẽ Kolosetɔwo 3:16, eye miadzro biabia sia me:

  • Aleke Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ anyi le blema la subɔ Yehowae?

Egbea, Ðasefowo hã ƒoa ƒu edziedzi le Fiaɖuƒe Akpatawo me. Kpɔ VIDEOA be nàkpɔ ale si nuwo yia edzi le kpekpeawo me. Eyome, milé ŋku ɖe nɔnɔmetata si ɖe hame ƒe kpekpe aɖe fia la ŋu, eye miadzro biabia siwo gbɔna la me.

  • Ðekawɔwɔ kae le nu siwo yia edzi le Fiaɖuƒe Akpata me kple nu si nèxlẽ le Kolosetɔwo 3:16 la dome?

  • Nu bubu kae nède dzesi le kpekpeawo ŋu le videoa alo nɔnɔmetataa me si do dzidzɔ na wò?

Mixlẽ 2 Korintotɔwo 9:7, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae Yehowa Ðasefowo medzɔa ga le amewo si le woƒe kpekpewo me o?

Wò kple ame si le Biblia me dzrom kpli wò milé ŋku ɖe nu siwo me woadzro le kpekpeawo dometɔ ɖeka me le kwasiɖa sia me la ŋu.

  • Kpekpea ƒe akpa kae nèkpɔ be adzɔ dzi na wò alo aɖe vi na wò wu?

  1. A. Le míaƒe kpekpewo me la, woƒoa nuƒowo, wowɔa wɔwɔfiawo, eye woɖea videowo míekpɔna. Míedzia ha hedoa gbe ɖa le kpekpeawo ƒe gɔmedzedze kple woƒe nuwuwu siaa

  2. B. Wonaa mɔnukpɔkpɔ vavalawo be woaɖo nya ŋu le kpekpea ƒe akpa aɖewo

  3. D. Ame sia ame ate ŋu ade faa—ƒomewo, ame ɖekaɖekawo, ame tsitsiwo, kple ɖeviwo

  4. Ð. Míedea kpekpeawo femaxee. Yehowa Ðasefowo medzɔa ga le amewo si le woƒe kpekpewo me o, eye womexɔa ga ɖe vava ta o

5. Kpekpeawo dede bia agbagbadzedze

Bu ƒome si me Yesu tsi le la ŋu kpɔ. Ƒe sia ƒe la, hafi woate ŋu ade ŋkekenyui aɖe ɖuƒe la, ele be woazɔ mɔ ŋkeke etɔ̃ ato nuto siwo me towo le tso Nazaret ayi Yerusalem. Mixlẽ Luka 2:39-42, eye miadzro nyabiase siawo me:

  • Ðe nèkpɔe be ebia agbagbadzedze hafi woate ŋu azɔ mɔ sia ayi Yerusalema?

  • Nu ka tae wòate ŋu abia be nàku kutri hafi ate ŋu ade kpekpeawo?

  • Togbɔ be kpekpeawo dede ate ŋu abia agbagbadzedze hã la, ɖe nèsusu be aɖe vi na wòa? Nu ka tae?

Biblia gblɔ be ele vevie ŋutɔ be míaƒo ƒu asubɔ Yehowa. Mixlẽ Hebritɔwo 10:24, 25, eye miadzro biabia sia me:

  • Nu ka tae wòle be míanɔ kpekpeawo dem edziedzi?

AME AÐEWO GBLƆNA BE: “Mehiã be nàde ƒuƒoƒewo o. Wò ŋutɔ àte ŋu asrɔ̃ Biblia le aƒe me.”

  • Mawunyakpukpui alo Biblia me kpɔɖeŋu kae ɖe nu si Yehowa di tso mía si la fia?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Ne èdea kpekpeawo la, esia akpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu geɖe wu tso Yehowa ŋu eye wò kplii dome agava nɔ kplikplikpli wu, eye mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be wò kple ame bubuwo miasubɔ Yehowa ɖekae.

Numetoto

  • Nu ka tae Yehowa de dzi ƒo na mí be míanɔ ƒu ƒom ɖekae?

  • Nu kawoe nàsrɔ̃ le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me?

  • Mɔ bubu ka nue nèsusu be kpekpeawo dede aɖe vi na wò le?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Ke ne èdi be yeade míaƒe kpekpe aɖe gake vɔvɔ̃ vi aɖe le mewò ya ɖe? Kpɔ ale si wòdzɔe be ŋutsu aɖe si se le eɖokui me nenema kpɔ la va lɔ̃ kpekpeawo dede la ɖa.

Míaŋlɔ Gbedoname Ma Be Gbeɖe O (4:16)

Kpɔ ale si kpekpeawo dede do dzidzɔ na ɖekakpui aɖe kple nu si wòwɔ be wòte ŋu yi edzi le kpekpeawo dem.

Medze Agbagba Be Made Kpekpeawo Katã! (4:33)

Xlẽ nu tso ale si ame aɖewo se le wo ɖokui me tso kpekpeawo dede ŋu la ŋu.

“Nu Ka Tae Wòanyo Be Made Kpekpewo Le Fiaɖuƒe Akpata Me?” (Nyati sia le jw.org)

Ŋutsu aɖe si nye adzogliha aɖe me tɔ tsã la trɔ eƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ esi wòde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe vɔ megbe. Xlẽ nu tso eƒe ŋutinya ŋu.

“Afi Sia Afi Si Mayi La, Tu Nɔa Ŋunye Godoo” (Gbetakpɔxɔ, July 1, 2014)