Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 21

Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?

Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?

Eteƒe madidi o, Yehowa ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖe míaƒe kuxi ɖe sia ɖe ɖa. Nya nyui sia nyo ale gbegbe be mele be míamia nu ɖe edzi o. Yesu di be ye yomedzelawo nagblɔ nya nyui sia na ame sia ame! (Mateo 28:19, 20) Aleke Yehowa Ðasefowo le Yesu ƒe sedede sia dzi wɔm?

1. Aleke nya si le Mateo 24:14 la le eme vam egbeae?

Yesu gblɔ ɖi be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi.” (Mateo 24:14) Edzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewole dɔ vevi sia wɔm. Míele gbeƒã ɖem nya nyui sia le gbegbɔgblɔ siwo wu 1,000 sɔŋ me le xexea me godoo! Dɔ gã sia bia agbagbadzedze geɖe kple ɖoɖo nyui wɔwɔ. Ne menye Yehowae le kpekpem ɖe mía ŋu o la, míate ŋu awɔ dɔ sia o.

2. Agbagba kawoe míedzena be míaɖe gbeƒã na amewo?

Míeɖea gbeƒã le afi sia afi si míate ŋu akpɔ amewo le. Míeɖea gbeƒã na amewo tso “aƒe me yi aƒe me,” abe ale si Kristotɔ gbãtɔwo wɔe ene. (Dɔwɔwɔwo 5:42) Gbeƒãɖeɖe le ɖoɖo nu alea wɔnɛ be míetea ŋu gblɔa nya nyuia na ame miliɔn geɖe ƒe sia ƒe. Esi wònye be menye ɣesiaɣie amewo nɔa aƒe me o ta la, míeɖea gbeƒã na amewo le dutoƒo hã zi geɖe. Ɣesiaɣi la, míedia mɔ siwo dzi míato aƒo nu na amewo tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu.

3. Ame kawoe wòle na be woaɖe gbeƒã nya nyuia?

Ele na Kristotɔ vavãwo katã be woaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo. Dɔ sia le vevie na mí ŋutɔ. Míedzea agbagba ɖea gbeƒã na amewo le ale si míaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔe nu, elabena míenyae be esia ate ŋu axɔ amewo ɖe agbe. (Xlẽ 1 Timoteo 4:16.) Womexea fe na mí ɖe gbeƒãɖeɖedɔ sia ta o, elabena Biblia gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:7, 8) Menye ame sia amee lɔ̃na ɖoa to míaƒe gbedeasia o. Ke hã, míeyia edzi ɖea gbeƒã, elabena gbeƒãɖeɖe nya nyuia nye míaƒe mawusubɔsubɔ ƒe akpa aɖe, eye edoa dzidzɔ na Yehowa.

SRƆ̃ NU BUBUWO

Àsrɔ̃ nu geɖe tso agbagba siwo Yehowa Ðasefowo dzena be yewoaɖe gbeƒã na amewo le xexea me godoo la ŋu, eye àkpɔ ale si Yehowa kpena ɖe wo ŋu hã.

4. Míekua kutri vevie be míaɖe gbeƒã na ame sia ame

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba vevie be yewoaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo le afi sia afi. Mikpɔ VIDEOA, eyome miadzro biabia si gbɔna me.

  • Nu kae wɔ dɔ ɖe dziwò le agbagba siwo Yehowa Ðasefowo dzena be yewoagblɔ nya nyuia na amewo la ŋu?

Mixlẽ Mateo 22:39 kple Romatɔwo 10:13-15, eye miadzro biabia siawo me:

  • Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna la ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo?

  • Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo ɖea gbeƒã nya nyuia ŋu?—Kpɔ kpukpui 15 lia.

5. Míenye Mawu ƒe hadɔwɔlawo

Nudzɔdzɔ geɖewo ɖee fia be Yehowae le mɔ fiam míaƒe dɔa. Le kpɔɖeŋu me, le New Zealand la, esime nɔviŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Paul nɔ gbeƒã ɖem tso aƒe me yi aƒe me le ŋdɔ aɖe me la, edo go nyɔnu aɖe. Gake do ŋgɔ le ŋdi me la, nyɔnua do gbe ɖa na Mawu, eyɔ Mawu ƒe ŋkɔ Yehowa le gbedodoɖaa me hegblɔ nɛ be, nena ame aɖe nava ye gbɔ be wòakpe ɖe ye ŋu yeadze sii. Paul gblɔ be: “Gaƒoƒo etɔ̃ megbea, meva ɖo eƒe ʋɔtru nu.”

Mixlẽ 1 Korintotɔwo 3:9, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Aleke nudzɔdzɔ siawo tɔgbi, abe esi dzɔ le New Zealand ene la, ɖee fia be Yehowae le mɔ fiam gbeƒãɖeɖedɔa?

Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 1:8, eye miadzro nyabiase sia me:

  • Nu ka tae míehiã na Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu akpɔ dzidzedze le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me?

Ènyaa?

Le míaƒe kwasiɖa domedome kpekpe si míedena kwasiɖa sia kwasiɖa me la, míexɔa hehe si kpena ɖe mía ŋu míeɖea gbeƒã. Ne ède kpekpe mawo dometɔ aɖe kpɔ la, aleke nèkpɔ hehe si wonana mí?

6. Míewɔa se si Mawu de be woaɖe gbeƒã la dzi

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame aɖewo dze agbagba be yewoana Yesu yomedzelawo nadzudzɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia. Gake Kristotɔ gbãtɔwo ‘ʋli gome si le wo si be woaɖe gbeƒã nya nyuia la ta le se nu’ ale be woate ŋu ayi edzi aɖe gbeƒã. (Filipitɔwo 1:7) Yehowa Ðasefowo hã wɔa nenema ke egbea. a

Mixlẽ Dɔwɔwɔwo 5:27-42, eye miadzro biabia sia me:

AME AÐE ATE ŊU ABIA BE: “Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã tso aƒe me yi aƒe me?”

  • Ne ame aɖe bia nya ma la, aleke nàɖo eŋu nɛ?

NU SIWO MÍESRƆ̃

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo katã. Yehowa le kpekpem ɖe eƒe amewo ŋu be woawɔ dɔ sia.

Numetoto

  • Ame kawoe le gbeƒã ɖem nya nyuia le xexea me godoo?

  • Aleke gbeƒãɖeɖedɔ si míewɔna la ɖenɛ fiana be míelɔ̃ mía haviwo?

  • Ðe nèsusu be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔa? Nu ka tae?

Anyo Be Nàwɔ Esia

KU NU ME TSO NYATIA ŊU

Le video sia me la, àkpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã na amewo le dugãwo me.

Dutoƒoɖaseɖiɖidɔ Tɔxɛ Si Wowɔ Le Paris (5:11)

Aleke Yehowa Ðasefowo kpe ɖe sitsoƒedilawo ŋui?

Gbɔgbɔmetsi Nana Sitsoƒedilawo (5:59)

Le video sia me la, àse nu si tae nyɔnu aɖe kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esi wòtsɔ gbeƒãɖeɖe nya nyuia wɔ eƒe agbemedɔe.

Edzɔ Dzi Nam Be Metia Agbemedɔ Sia (6:29)

Xlẽ nu tso ʋɔnudrɔ̃ƒewo ƒe afiatsotso vevi siwo do nya nyui gbɔgblɔ dɔa ɖe ŋgɔ la ŋu.

“Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo Ʋlia Wo Ðokuiwo Ta Le Ʋɔnu” (Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!, ta 13 lia)

a Mawue de se be míaɖe gbeƒã. Eya ta, Yehowa Ðasefowo mehiã mɔɖeɖe tso amegbetɔwo ƒe dziɖulawo gbɔ hafi aɖe gbeƒã nya nyuia o.