Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yehowa Ðasefo Nenie Le Xexea Me Godoo?

Yehowa Ðasefo Nenie Le Xexea Me Godoo?

2023 Ƒe Akɔntabubu

Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo

8,816,562

Hamewo

118,177

Anyigba siwo dzi Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã le

239

2023 Katã Ƒe Yeyetɔ

2023 Siwo Tso Dukɔ Kple Anyigbamama Vovovowo Me Ƒe Yeyetɔ

Aleke miewɔna nyana Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme?

 Mía dometɔ siwo gblɔa Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia ɣleti sia ɣleti koe míexlẽna be wonye Yehowa Ðasefowo. (Mateo 24:14) Woawoe nye ame siwo xɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefowo kple mía dometɔ siwo dze be woagblɔ mawunya togbɔ be womekpɔ xɔ nyɔnyrɔ haɖe o.

Ðe wòle be ame nadzɔ ga hafi woabui be enye Ðasefoa?

 Ao. Menye ga si ame aɖe dzɔ dzie míenɔa te ɖo hafi bunɛ Ðasefo o. Eye menye ema hã dzie míenɔa te ɖo hafi dea dɔ asi na ame alo nanɛ mɔnukpɔkpɔ aɖe le míaƒe habɔbɔa me o. (Dɔwɔwɔwo 8:18-20) Le nyateƒe me la, míenyana ame akpa gãtɔ siwo dzɔa nu tsɔ kpea asi ɖe míaƒe dɔwo ŋu o. Ðasefo ɖe sia ɖe zãa eƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo tsɔ doa alɔ míaƒe xexea me katã ƒe dɔa le eya ŋutɔ ƒe didi kple nɔnɔmewo nu.—2 Korintotɔwo 9:7.

Aleke miewɔna nyana ame siwo ɖea gbeƒã edziedzi ƒe xexlẽme?

 Ɣleti sia ɣleti la, Ðasefo ɖe sia ɖe naa gbeƒãɖeɖedɔ si wòwɔ la ŋuti kɔnta hame si me wòle. Womezia ame aɖeke dzi be wòana akɔnta sia o.

 Hame ɖe sia ɖe ƒoa akɔnta siawo nu ƒu ɖona ɖe míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dukɔa me. Alɔdzedɔwɔƒe ɖe sia ɖe hã ɖoa woƒe dukɔa ƒe akɔnta ɖe míaƒe Dɔwɔƒegã.

 Le subɔsubɔƒe a ɖe sia ɖe ƒe nuwuwu la, míedea dzesi Ðasefowo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ siwo ɖe gbeƒã le dukɔ ɖe sia ɖe me le ƒe ma me. Míetsɔa dukɔ vovovo siawo katã tɔ ƒoa ƒu tsɔ nyana Ðasefo siwo le xexea me godoo ƒe xexlẽme. Woŋlɔ nyatakaka vevi aɖewo tso dukɔ ɖe sia ɖe ŋu ɖe míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒea ƒe akpa si nye “Míele Xexea Me Godoo.” Nyatakaka siawo dea dzi ƒo na mí abe ale si ko nyatakaka mawo tɔgbi de dzi ƒo na Kristotɔ gbãtɔwo ene.—Dɔwɔwɔwo 2:41; 4:4; 15:3.

Ðe miexlẽa ame siwo dea ha kple miaƒe habɔbɔa evɔ womeɖea gbeƒã o la hã?

 Togbɔ be mímexlẽa ame siawo dea Yehowa Ðasefowo me o hã la, míexɔa wo atuu ne wova míaƒe kpekpewo. Wo dometɔ akpa gãtɔ dea Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzi si míewɔna ƒe sia ƒe. Eya ta míate ŋu anya woƒe xexlẽme ne míeɖe Ðasefowo ƒe xexlẽme tso ame siwo katã va Ŋkuɖodzia ƒe xexlẽme me. Le 2023 me la, ame siwo de Ŋkuɖodzia ƒe xexlẽmee nye20,461,767.

 Míaƒe Biblia-sɔsrɔ̃ femaxee ƒe ɖoɖoa ɖea vi na ame geɖe siwo medea míaƒe kpekpewo o. Le 2023 me la, míewɔ Biblia nusɔsrɔ̃ 7,281,212 ɣleti sia ɣleti, eye ɣeaɖewoɣi la, ame geɖe te ŋu nɔa Biblia nusɔsrɔ̃ ɖeka me.

Nu ka tae dziɖuɖua ƒe akɔntabubuwo ɖenɛ fiana be Yehowa Ðasefowo ƒe xexlẽme sɔ gbɔ wu esi miawo miebuna?

 Dziɖuɖudɔwɔƒe siwo xlẽa amewo la biaa gbe amewo, eye subɔsubɔha siwo me ameawo be yewole dzie wonɔa te ɖo bua akɔnta. Le kpɔɖeŋu me, Amerika Amexexlẽdɔwɔƒea gblɔ be ne yewole amewo xlẽm la, yewobiaa gbe wo ale be “yewoanya ne ameawo bua wo ɖokuiwo be yewole subɔsubɔha aɖe me.” Wogblɔ kpee be “ameawo ƒe nyawo koe yewotsɔna bua akɔntae, ke menye kpeɖodzi aɖeke o.” Gake míawo ya mía dometɔ siwo gblɔa mawunya na amewo eye wonaa dɔ sia ŋuti kɔnta koe míebuna be wonye Yehowa Ðasefowo, ke menye ame siwo gblɔna ko be yewonye Ðasefowo o.

a Subɔsubɔƒe dzea egɔme tso September 1 va se ɖe ƒe si kplɔe ɖo ƒe August 31. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 2015 ƒe subɔsubɔƒea dze egɔme tso September 1, 2014 va se ɖe August 31, 2015.