Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 15, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Yehowa Ðasefowo Le Gbeƒã Ðem Dukɔwo Dome Takpekpe Siwo Woawɔ

Yehowa Ðasefowo Le Gbeƒã Ðem Dukɔwo Dome Takpekpe Siwo Woawɔ

NEW YORK—Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒãe be yewoawɔ ŋkeke etɔ̃ dukɔwo dome takpekpewo le du gã etɔ̃ me le xexea me godoo eye adze egɔme tso June 2014 me va se ɖe January 2015 me. Takpekpe siawo adze egɔme le Amerika-dukɔa me eye emegbe woawɔe le Australia, Ecuador, England, Germany, Greece, Mexico, South Korea kple Zimbabwe. Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe siawo ayi edzi le ɣeyiɣi siwo me woanɔ woƒe ƒe sia ƒe nutome gã takpekpewo hã wɔm le takpekpewɔƒe suewo.

Dukɔwo Dome Takpekpewo adze egɔme le June 6, 2014 dzi le du si nye Ford Field me le Detroit si le Michigan le Amerika. Wokpɔ mɔ be ame 45,500 akpɔ gome le wɔna sia me, eye ame siawo dometɔ 2,500 atso duta.

Ame siwo tso dukɔ vovovowo me akpɔ gome le dukɔwo dome takpekpe siawo me eye dutanyanyuigblɔlawo hã ade takpekpe siawo le teƒe aɖewo. Aƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York, gblɔ be: “Míaƒe Dukɔwo Dome Takpekpewo vivia ame nu eye wonye dzidzɔwɔna si wòle be ame nade. Míekpɔ mɔ be ame bubuwo hã ava wɔ ɖeka kpli mí ne míeva ƒo ƒu abe ƒomewo kple xɔlɔ̃wo ene hena wɔna tɔxɛ siawo.”

Takpekpe siawo ƒe tanyae nye “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Aƒetɔ Brown gblɔ be, “wɔnaa ƒe akpa vevitɔwo aku ɖe tanya vevi si le Biblia si kple Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse vevi si nye be woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me eye Yesu Kristoe nye Fiaɖuƒe ma ƒe Fia la ŋu. Nyateƒee, takpekpea aɖee fia be Mawu Fiaɖuƒea le dzi ɖum ƒe alafa ɖekae nye esia.”

Ðasefowo le ɖoɖo aɖe dem to me atsɔ akpe woƒe aƒelikawo be woade takpekpe si woawɔ le woƒe nutoa me. Abe ale si ko Ðasefowo wɔnɛ ɖaa ene la, womaxɔ ga ɖe vava ta o, eye womadzɔ ga le amewo si hã o.

Kpɔ ŋkeke kple teƒe siwo woawɔ ƒe 2014 “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Nutome Gã Takpekpea le le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee. Nyadzɔdzɔgblɔlawo ate ŋu ado ka kple Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe wo ŋu bene woaxɔ Ðasefowo teƒenɔla si woakpɔ ne wodi be yewoava lé takpekpea me wɔnawo la ƒe ŋkɔ kple nyatakaka bubuwo.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000