Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER 12, 2014
SOUTH KOREA

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Ðasefowo Ðe Biblia Ðe Go Le Seoul Ƒe Bɔlƒoƒe Gã

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Ðasefowo Ðe Biblia Ðe Go Le Seoul Ƒe Bɔlƒoƒe Gã

Dɔdzikpɔhaa me tɔ David Splane ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ɖe go le Koreagbe me.

SEOUL​—Yehowa Ðasefowo ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ɖe go le “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Dukɔwo Dome Takpekpe me le Seoul le Korea. Wowɔ wɔnaa le Seoul Ƒe Bɔlƒoƒe Gã le September 6-8, 2014 dzi. Ame 56,867 siwo kpɔ gome le wɔnaa me le bɔlƒoƒe sia kple ame 59,091 siwo kpɔ gome le eme le Busan, Daejeon, Gwangju, Jeju, Suwon kple Yeosu to videokadodowo dzi la dometɔ ɖe sia ɖe xɔ Biblia ɖeka femaxee. Takpekpea valawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Joon-yeong Choi gblɔ be: “Takpekpea ƒe akpa si womaŋlɔ be kpɔ gbeɖe o lae nye akpa si woɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ɖe go le.”

Vavala 56,000 kple edzivɔwo se vivi na wɔna si wotu ɖe Biblia dzi

Ðasefowo tso Canada, Finland, Philippines, Poland (Pologne) kple Amerika va takpekpea le Seoul. Dae-il Hong, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Korea, gblɔ be: “Míewɔ dɔ kutrikukutɔe tsɔ dzra ɖo ɖe hehexɔxɔ ƒe ɖoɖo wɔdɔɖeamedzi sia ŋu, eye takpekpea ƒe wɔnawo gbɔ nu siwo míenɔ mɔ kpɔm na la ŋu sãsãsã. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be wowɔ takpekpe tɔxɛ sia le mía gbɔ.”

Biblia ƒe nɔnɔme siwo wokpa tsɔ ɖo atsyɔ̃ na bɔlƒoƒea.

Vavala siwo nɔ Seoul ƒe bɔlƒoƒea ƒe nu ku esi wova kpɔe be sigbeɖe nyɔnyrɔxɔƒewoe Biblia ƒe nɔnɔme siwo wokpa tsɔ ɖo atsyɔ̃ na bɔlƒoƒea la dometɔ etɔ̃ aɖewo nye. Wonyrɔ ame 630 le Seoul eye wonyrɔ ame 596 bubuwo le takpekpewɔwɔƒe bubuawo. Ale wɔ ame siwo katã wonyrɔ la ƒe agbɔsɔsɔme va nye 1,226.

Nyɔnyrɔxɔƒe siwo nye Biblia ƒe nɔnɔme siwo wokpa.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Korea: Dae-il Hong, tel. +82 31 690 0033