Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Ŋuti Numekugbalẽ

Biblia Ŋuti Numekugbalẽ

Insight on the Scriptures alo Étude perspicace nye Biblia ŋuti numekugbalẽ bɔbɔe si ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse Biblia me nyatiwo gɔme nyuie wu. Agbalẽ sia nye dɔwɔnu nyui aɖe si nàte nu azã atsɔ aku nu me ne èle Biblia srɔ̃m le ɖokuiwò si. Àte ŋu azã agbalẽ sia atsɔ aku nu me tso nu gbogbo aɖewo ŋu, esiawo dometɔ aɖewoe nye nya siwo ku ɖe nu siwo gbɔna ŋu:

  • amewo

  • teƒewo

  • atiwo kple numemiewo

  • lãwo

  • nudzɔdzɔ ɖedzesiwo

  • Biblia me nyawo

  • nɔnɔme nyuiwo kple nɔnɔme gbegblẽwo

  • nyagbe siwo wozã le gbe gbãtɔ siwo me woŋlɔ̃ Biblia ɖoa me

  • Biblia gbalẽ ɖe sia ɖe

Àte ŋu akpɔ Biblia ŋuti numekugbalẽ sia le yevugbe me le Gbetakpɔxɔ INTERNET DZI AGBALẼDZRAÐOƑE, alo àte ŋu awɔ eƒe babla eveawo ƒe PDF ƒe kɔpi femaxee.