Dzo kpo yi emenuwo dzi

Biblia Bliboa Ƒe Totoɖeme

Biblia Bliboa Ƒe Totoɖeme

Tso blema kea, Biblia la nye agbalẽ si woma wu eye ame geɖe kpɔa ŋudzedze ɖe exexlẽ ŋu ŋutɔ. Gake nu ka tututu ŋue agbalẽ xɔŋkɔ sia ƒo nu tsoe?

Agbalẽ gbadza si nye The Bible—What Is Its Message? alo La Bible : quel est son message ? nye Biblia biboa ƒe totoɖeme, eye ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàse nyati vevi si ŋu Biblia ku ɖo la gɔme. Agbalẽ gbadza sia to Biblia me nudzɔdzɔwo ɖe eme tso nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze dzi le 1 Mose ƒe Agbalẽ Gbatɔ̃ me va se ɖe etsɔmemɔkpɔkpɔ dodzidzɔname si ŋu Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tsoe. Agbalẽ gbadza sia ƒo nu tso ɣeyiɣi siwo me nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo yi edzi la ŋu. Foto dzeaniwo kple nyabiase siwo ŋu woate ŋu ade ŋugble le la hã le eme.

Xlẽ The Bible—What Is Its Message? alo La Bible : quel est son message ? le yevugbe me le Internet dzi.