Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye “Fiaɖuƒe La Ƒe Safuiwo”?

Nu Kae Nye “Fiaɖuƒe La Ƒe Safuiwo”?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 “Dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo,” tsi tre ɖi na ŋusẽ si woatsɔ aʋu mɔ be amewo nate ŋu “ayi ɖe Mawu Fiaɖuƒe la me.” (Mateo 16:19; Dɔwɔwɔwo 14:22) a Yesu tsɔ “dziƒofiaɖuƒe la ƒe safuiwo” na Petro. Esia fia be wona ŋusẽ Petro be wòafia nuteƒewɔlawo be mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu wo si be woayi ɖe Fiaɖuƒe la me le dziƒo, ne woxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la.

Ame kawoe Petro zã safuiawo na?

 Petro zã ŋusẽ si Mawu nae la tsɔ ʋu mɔ na ame hatsotso etɔ̃ aɖewo be woage ɖe Fiaɖuƒe la me:

  1.   Yudatɔwo kple Yudatɔ siwo zu Kristotɔwo. Le Yesu ƒe ku megbe kpuie la, Petro de dzi ƒo na ameha aɖe si nye Yudatɔ siwo va zu xɔsetɔwo be woaxɔ Yesu, ame si Mawu tia be wòanye Fiaɖuƒe la ƒe Fia. Petro fia nu si woawɔ be woakpɔ ɖeɖe la wo. Eto esia dzi ʋu mɔ na wo be woayi ɖe Fiaɖuƒe la me, eye ame akpewo “xɔ eƒe nya la.”​—Dɔwɔwɔwo 2:38-41.

  2.   Samariatɔwo. Emegbe woɖo Petro ɖe Samariatɔwo gbɔ. b Egazã Fiaɖuƒea ƒe safui ɖeka esi eya kpakple apostolo Yohanes woyi “ɖado gbe ɖa ɖe wo ta be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe” la. (Dɔwɔwɔwo 8:14-17) Esia ʋu mɔ na Samariatɔwo be woayi ɖe Fiaɖuƒe la me.

  3.   Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo. Ƒe etɔ̃ kple afã le Yesu ƒe ku megbe la, Mawu ɖee fia Petro be mɔnukpɔkpɔ asu Dukɔwo me tɔwo (ame siwo menye Yudatɔwo o) hã si be woage ɖe Fiaɖuƒe la me. Petro zã safuiawo dome ɖeka esi wògblɔ nya nyuia na Dukɔwo me tɔwo, eto esia dzi ʋu mɔ na wo be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la, azu Kristotɔwo eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si woanye Fiaɖuƒea gomekpɔlawo.​—Dɔwɔwɔwo 10:30-35, 44, 45.

Nu kae wòfia be ‘woayi ɖe Fiaɖuƒe la me’?

 Ame siwo anye Yesu ƒe hatidziɖulawo le dziƒo ye “ayi ɖe Fiaɖuƒe la me.” Biblia gblɔe ɖi be ‘woanɔ fiazikpuiwo dzi’ eye “woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.”​—Luka 22:29, 30; Nyaɖeɖefia 5:9, 10.

Susu totro siwo le amewo si ku ɖe Fiaɖuƒea ƒe safuiwo ŋu

 Susu totro: Petro ye atso nya me le ame si ayi dziƒo la ŋu.

 Nyateƒea: Biblia gblɔ be Kristo Yesu ye “woɖo be wòadrɔ̃ ʋɔnu agbagbeawo kple kukuawo,” ke menye Petro o. (2 Timoteo 4:1, 8; Yohanes 5:22) Le nyateƒe me la, Petro ŋutɔ gblɔ be Yesu ye “Mawu ɖo be wòanye agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃la.”​—Dɔwɔwɔwo 10:34, 42.

 Susu totro: Dziƒotɔwo lalana be Petro natso nya me le ɣeyiɣi si wòazã Fiaɖuƒea ƒe safuiawo ŋu.

 Nyateƒea: Esi Yesu nɔ nu ƒom tso Fiaɖuƒea ƒe safuiwo ŋu la, egblɔ na Petro be: “Nu sia nu si nàbla le anyigba dzi la anɔ babla xoxo le dziƒowo, eye nu sia nu si nàtu le anyigba dzi la anɔ tutu xoxo le dziƒowo.” (Mateo 16:19) Togbɔ be ame aɖewo se nya sia gɔme be Petro ƒe nyametsotsowo dzie woalɔ̃ ɖo le dziƒo hã la, Helagbe me dɔwɔnya siwo wozã fia be Petro ƒe nyametsotsowo awɔ ɖeka kple esiwo wowɔ xoxo le dziƒo; Petro mado ŋgɔ atso nya me le anyigba dzi o. c

 Biblia ƒe akpa bubu fia be Petro bɔbɔa eɖokui ɖe dziƒo te le Fiaɖuƒea ƒe safuiwo zazã me. Le kpɔɖeŋu me, ewɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo dzi esime wònɔ safui etɔ̃lia zãm.​—Dɔwɔwɔwo 10:19, 20.

a Ɣeaɖewoɣi la, Biblia zãa nya “safui” wòkuna ɖe ŋusẽ alo ɖoƒe si le ame si la ŋu.​—Yesaya 22:20-22; Nyaɖeɖefia 3:7, 8.

b Samariatɔwo ƒe subɔsubɔ to vovo na Yuda-subɔsubɔ gake wotu woƒe nuwɔna kple nufiafia aɖewo ɖe Mose ƒe Sea dzi.

c Kpɔ Mateo 16:19 ƒe numeɖeɖe le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ƒe Nusɔsrɔ̃ Biblia me.