Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Kuxi kawoe Herodes do goe esime wònɔ asi trɔm le Yerusalem gbedoxɔa ŋu?

Togbɛ dzie Salomo tu Yerusalem gbedoxɔa ɖo, eye le esia ta, eɖo gli kɔkɔwo ɖe togbɛa ƒe ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe gome ale be woate ŋu awɔ gbadzaƒe aƒo xlã gbedoxɔa godoo ava kpe. Herodes di be yeatu gbedoxɔ si ƒe atsyɔ̃ aƒo Salomo tɔ ta, eya ta eɖoe be yeatrɔ asi le gbedoxɔa ŋu ahana wòalolo wu.

Herodes ƒe xɔtuɖaŋuwɔlawo keke gbadzaƒe si le gbedoxɔa ƒe dziehe gome la ɖe enu. Eye wokeke gbadzaƒe si le anyiehe gome la hã ɖe enu abe meta 32 ene. Be woate ŋu awɔ esia la, woɖo kpe gãgãwo tso togbɛa ƒe abu me, eye woɖo gli nyadri aɖe tsɔ ɖo liƒo nɛ. Glia kɔkɔ le teƒe aɖewo meta 50 sɔŋ.

Herodes dze agbagba be yeagaɖia Yudatɔwo nu alo ado kplamatsɛ subɔsubɔdɔ kple vɔsa siwo yia edzi le gbedoxɔa me o. Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be Herodes na hehe nunɔla Yudatɔwo gɔ̃ hã wozu gliɖolawo kple atikpalawo, ale be dɔwɔla siwo medze ayi kɔkɔeƒeawo o la nagayi teƒe mawo o.

Herodes mete ŋu wu dɔa nu hafi ku o. Kaka ƒe 30 K.Ŋ. naɖo la, asitɔtrɔ le gbedoxɔa ŋu xɔ ƒe 46 xoxo. (Yohanes 2:20) Herodes ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi, Agripa II, ye va wu dɔa nu le ƒe alafa gbãtɔ ƒe domedome.

Nu ka tae Malta ƒukpoa dzi tɔwo susu be amewulae apostolo Paulo nye?

Ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe mawunɔ (le miame) le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe mawunɔ ƒom

Anɔ eme be Helatɔwo ƒe mawusubɔsubɔdzixɔsewo nɔ Maltatɔ aɖewo si. Bu nya si Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa gblɔ le nu si dzɔ esime tɔdziʋu si me Paulo nɔ la va si ke le Malta ƒukpoa gbɔ hegbã la ŋu kpɔ. Wodo dzo be ame siwo nɔ tɔdziʋua me wògbã la naƒu. Ke esi apostoloa lɔ nake wuwluiwo kɔ ɖe dzoa me la, da vɔ̃ɖi aɖe xatsa ɖe eƒe asi ŋu. Ale ƒukpoa dzi tɔwo gblɔ be: “Amewula kokokoe ame sia nye, eye togbɔ be edo le ƒua me dedie hã la, Ʋɔnu Dzɔdzɔe Drɔ̃la la meɖe mɔ nɛ be wòayi edzi anɔ agbe o.”Dɔwɔwɔwo 28:4.

Helagbe me nya si gɔme woɖe be “Ʋɔnu Dzɔdzɔe Drɔ̃la” ye nye “di’ke.” Nya sia ate ŋu afia ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le gɔmesese gbadzaa nu. Ke hã le Helatɔwo ƒe xotutu nu la, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ ƒe mawunɔ ƒe ŋkɔe nye Dike. Wogblɔna be eyae kpɔa amegbetɔwo ƒe nyawo gbɔ eye wòɖea nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo le ɣaɣla la gblɔna na mawu si nye Zeus, ale be woahe to na agɔdzelaa. Eya ta numekugbalẽ aɖe gblɔ be Maltatɔwo anya susu be: “Togbɔ be Paulo do le ƒua me dedie hã la, eƒe nu gbegblẽ wɔwɔa mele ɣaɣla o, eye mawunɔ Dike ƒe asi tui azɔ . . . to da vɔ̃ɖi la dzi.” Gake ameawo trɔ susu esi wokpɔe be vɔ̃ aɖeke medzɔ ɖe Paulo dzi o.