Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Aleke blema tɔdziʋukpalawo kpaa woƒe ʋuwoe be tsi nagage ɖe wo me o?

Lionel Casson, si nye blema tɔdziʋuwo ŋutinunyala la ƒo nu tso nu si Roma tɔdziʋukpalawo wɔna ne wotre nu ɖe tɔdziʋua ƒe ʋuƒowo ƒe kpeƒewo vɔ megbe la ŋu. Egblɔ be zi geɖe la, “wosia aŋɔ, alo bosomi kple aŋɔ siaa, ɖe ʋuƒoawo ƒe kpeƒekpeƒewo alo ɖe ʋu bliboa me kpakple ekɔgo siaa.” Blema Akadiatɔwo kple Babilontɔwo tsɔa aŋɔ trea woƒe tɔdziʋuwo xoxoxo hafi Romatɔwo va te ezazã.

Aŋɔ Tsrolotɔ Sia Ƒomevi Bɔ Ðe Du Siwo Ŋu Biblia Ƒo Nu Tsoe La Me

Woƒo nu tso aŋɔ zazã le mɔ sia tɔgbi nu ŋu le Hebri Ŋɔŋlɔawo me le 1 Mose 6:14. Edze ƒãa be Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “aŋɔ” la nye tomemi si dzina tso anyigba tume le dzɔdzɔme nu.

Aŋɔ sia ƒomevi eve ye li—tsrolotɔ kple sesẽtɔ. Tsrolotɔa ye blema tɔdziʋukpalawo zãna; ɖeko wokunɛ sina na woƒe ʋuawo. Ne wosii na ʋua eye wòƒu vɔ la, ewɔnɛ be tsi megena ɖe ʋua me o.

Aŋɔ bɔ ɖe du siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la me. “Aŋɔʋe geɖewo” nɔ Sidim-gbadzaƒe si le Ƒu Kukua ƒe nutowo me.1 Mose 14:10.

Aleke wotrɔa asi le tɔmelã ŋu le blema be wòagagblẽ o?

Tɔmelã nye nuɖuɖu vevi aɖe tso blema ke. Yesu ƒe apostoloawo dometɔ aɖewo dea tɔƒo le Galilea-ƒua dzi hafi va de asi mɔzɔzɔ me kplii. (Mateo 4:18-22) Anɔ eme be teƒe aɖewo nɔ anyi koŋ, siwo te ɖe ƒua ŋu, afi si wotrɔa asi le lã si woɖena le ƒua me la ƒe ɖewo ŋu le.

Blema Egipte Tɔƒodelawo Ƒe Nɔnɔme Si Wokpa

Ame aɖewo gale aɖaŋu siwo ŋu dɔ tɔƒodelawo anya wɔ le blema Galilea tsɔ kpɔ tɔmelã ta be wòagagblẽ o la ŋu dɔ wɔm le teƒe aɖewo egbea. Gbã la, woɖea lãa ƒe dɔmenuwo ƒua gbe eye wokpalana lãa. Agbalẽ si nye Studies in Ancient Technology ɖɔ ale si wowɔnɛ ale: “Wotigia dze ɖe eƒe ta me, nu me, kple dɔ me, eye wosisinɛ ɖe eŋuti katã. Woɖoa lãwo ɖi, wua dze ɖe edzi, tsyɔa nui, gaɖoa bubu ɖe edzi, wua dze ɖe edzi hetsyɔa nui, eye wowɔnɛ nenema zi gbɔ zi geɖe. Wogblẽnɛ ɖi ŋkeke 3 va ɖo 5, eyome wotrɔa agba bliboa bua anyi, eye wogagblẽnɛ ɖi ŋkeke 3 va ɖo 5 ake. Ne wole tɔmelãa siam alea la, etsyɔna, eye dzea ɖonɛ nyuie. Ne wosiae nyuie alea vɔ la, eƒuna kplatsaa.”

Womenya ɣeyiɣi didi si tɔmelã si ŋu wotrɔ asi le alea la xɔna hafi gblẽna ya o. Ke hã esi wònye be Egiptetɔwo ɖoa tɔmelã ƒuƒu ɖe keke Siria ke ta la, efia be asitɔtrɔ le tɔmelã ŋu alea nana wònɔa anyi eteƒe didina.