GBETAKPƆXƆ March 2013 | Yesu Ƒe Tsitretsitsi La—Vi Kae Wòaɖe Na Wò?

Ðe Yesu ƒe tsitretsitsia aɖe vi na wò le mɔ aɖe nu egbea?

NYATI SI LE AKPAA DZI

Yesu Ƒe Tsitretsitsi La—Ðe Wòdzɔ Nyateƒea?

Esi wònye be Yesu ƒe tsitretsitsia nye Biblia ƒe nufiafia vevi aɖe ta la, ehiã be míanya nenye be edzɔ vavã.

NYATI SI LE AKPAA DZI

Yesu Ƒe Tsitretsitsia Ana Amewo Nakpɔ Agbe Mavɔ!

Bu eŋu kpɔ ko be àte ŋu anɔ agbe si nuwuwu manɔe na o, si me vevesese, fukpekpe, alo blanuiléle manɔ o.

Ènyaa?

Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo dzraa ame kuku ɖo hena ɖiɖi? Ðe woɖi Yesu abe ale si Yudatɔwo ɖia ame kukuwoe enea?

OUR READERS ASK

Ðe Yesu Do Ŋugbe Na Nu Vlo Wɔlaa Be Ava Nɔ Agbe Le Dziƒoa?

Yesu do ŋugbe na nu vlo wɔlaa be: “Ànɔ Paradiso me kplim.” Eƒe nyaa gɔme ɖe?

AGBEMEŊUTINYA

“Mekpɔe, Ke Nyemese Egɔme O”

Olivier do go kuxi tɔxɛwo, le esi wònye tokunɔ ta. Xlẽ nu tso ale si Yehowa kpe ɖe eŋui la ŋu.

DRAW CLOSE TO GOD

“Se Kae Nye Gbãtɔ Le Wo Katã Dome?”

Woate ŋu atsɔ nya ɖeka pɛ ko aɖɔ nu si Mawu di tso mía si.

TEACH YOUR CHILDREN

Petro Kple Anania Da Alakpa—Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Eme?

Xlẽ nu tso nu si tae wotsɔe ke ame ɖeka gake wometsɔe ke ame kemɛa o ŋu.

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Nu ka tae woyɔ Yesu be Mawu ƒe Vi ɖo? Ɣekaɣie wowɔe?

Internet Dzi Nu Bubuwo

Kristotɔwoe Yehowa Ðasefowo Nyea?

Taflatsɛ kpɔ ale si míeto vovo na subɔsubɔha bubu siwo hã woyɔna be Kristotɔwoe la ɖa.