Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Afi kae wokpɔ ga le tsɔ wɔ subɔsubɔdɔwoe le Yehowa ƒe gbedoxɔa me le blema Yerusalem?

Nu ewolia nana koŋ ye wotsɔ kpɔ gbedoxɔmedɔ vovovoawo ŋuti gazazãwo gbɔ. Gake wozã adzɔga ƒomevi bubuwo hã. Le kpɔɖeŋu me, esi wonɔ avɔgbadɔa tum la, Yehowa gblɔ na Mose be wòaxɔ klosalo sekel afã ƒe adzɔ le Israel vi ɖe sia ɖe si ƒe ŋkɔ wode agbalẽ me la si, wòanye nu “woadzɔ na Yehowa.”—2 Mose 30:12-16.

Edze ƒãa be eva zu kɔnu na Israel vi ɖe sia ɖe be wòaxe gbedoxɔmedzɔ home aɖe koŋ ƒe sia ƒe. Adzɔ siae Yesu gblɔ na Petro be wòatsɔ gaku si woakpɔ le tɔmelã aɖe ƒe nu me la axe.—Mateo 17:24-27.

Ƒe aɖewoe nye esia va yi la, woke ɖe klosalo gaku si wotsɔ xea gbedoxɔmedzɔ le Yerusalem la dometɔ eve ŋu. Gaku siawo dometɔ ɖeka nye esi wotso le Tiro le ƒe 22 M.Ŋ. me, eye ƒe alafa gbãtɔ me tsimɔ xoxo aɖe mee wofɔe le. Wota Melkart, alo Baal, si nye Tirotɔwo ƒe mawugã la, ƒe ta ɖe gaku sia ƒe akpa ɖeka eye wota hɔ̃ aɖe si dze ɖe meli ƒe tagbɔ hã ɖe akpa evelia. Gaku evelia, si wofɔ le gbedoxɔtoa ƒe glikpo gbagbãwo me la nye esi wotso le Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Romatɔwo ŋu ƒe ƒe gbãtɔa me, le ƒe 66 kple 67 M.Ŋ. dome. Wota gbedoxɔmekplu kple yevuboɖati ƒe alɔ si ŋu tsetse fẽ etɔ̃ le ɖe edzi, eye woŋlɔ “Sekel Afã” kple “Yerusalem Kɔkɔe” hã ɖe edzi. Nufialagã Gabriel Barkay gblɔ tso gaku siawo siwo ŋu woke ɖo la ŋu be “dzesi aɖewo le wo dzi si ɖee fia be dzo fiã wo kpɔ, ɖewohĩ anye dzo si tsrɔ̃ Gbedoxɔ Evelia le ƒe 70 M.Ŋ. me ye.”

Aleke gbegbe xɔtudɔ siwo Babilon fia Nebukadnezar wɔ la de ŋgɔe?

Míexlẽ Nebukadnezar ŋutɔ ƒe numenya le Biblia me, le Daniel ƒe agbalẽa me, be: “Ðe menye esia nye Babel gã, si metsɔ nye ŋusẽ triakɔ la tsoe, ne wòanye fia nɔƒe kple nye atsyɔ̃ ƒe bubu oa?” (Daniel 4:27) Ðe blema du sia nye du gã aɖe nyateƒea?

Ŋutinyaŋlɔlawo gblɔ be Nebukadnezar tu gbedoxɔwo, fiasãwo, eye wòɖo gli ƒo xlã dua hetso abɔ dzeani aɖe ɖe to ŋu. Xɔ tsrala aɖe, si kɔ abe meta 70 sɔŋ ene, hã nɔ trɔ̃subɔgbedoxɔ gãtɔ si nɔ Babilon dua titina la ƒe xɔwo dome. Gake le agbalẽ si nye Babylon—City of Wonders ƒe nya nu la, “[Nebukadnezar] ƒe xɔtudɔ siwo de ŋgɔ wue nye Gbɔlɔmɔ Gã la kple Ishtargbo la.” Wowɔ dzata siwo le zɔ ɖem kalẽtɔe la ƒe nɔnɔmetatawo ɖe gli ŋu ɖe Gbɔlɔmɔ Gã si va do ɖe Ishtargboa nu la ƒe go eveawo dzi keŋ tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ. Agbalẽ ma ke gblɔ tso Ishtargboa, si nye agbo gãtɔ kekeake le Babilon la ŋu be: “Wofa kpe dadzo blɔwo ɖe eŋu keŋ eye wowɔ nyitsu kple ʋɔ driba alafa geɖewo ƒe nɔnɔmetatawo ɖe edzi tsɔ ɖo atsyɔ̃ nɛ, si wɔe be wòzu nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe na ame sia ame si ɖi tsa va fiadua me.”

Le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, blemaduwo nɔƒe kulawo va ke ɖe Gbɔlɔmɔ Gã la kple Ishtargbo la ƒe kpe kakɛ akpe geɖewo ŋu, eye wodze agbagba gbugbɔ kpe kakɛ siawo ɖo heda ɖe Pergamon Blemanudzraɖoƒe si le Berlin, Germany.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Eƒe lolome ŋutɔŋutɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foto Dzigbetɔ: Clara Emit, Courtesy of Israel Antiquities Authority Foto Etetɔ: Zev Radovan

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Ishtargbo si wogbugbɔ ɖo