Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Wobu Paradiso Gbãtɔ Lae

Ale Si Wobu Paradiso Gbãtɔ Lae

Na Sɔhɛwo

Ale Si Wobu Paradiso Gbãtɔ Lae

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.XLẼ 1 MOSE 3:1-24.

Alekee nèsusu be Xawa anya wɔ nu gbã esi da la te nuƒoƒo nɛ?

․․․․․

Esi wònye be ɖe Adam kple Xawa ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃a ɖe, alekee nèsusu be woanɔ sesem le wo ɖokuiwo me, le nya siwo le kpukpui 7-10 la nu?

․․․․․

Kpɔe ɖaa le susu me be alekee Adam kple Xawa nyanyã ɖa le Eden bɔa me anɔ, abe ale si woƒo nu tso eŋu le kpukpui 22-24 ene hã?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Akpa kae Xawa ƒe ŋkuwo wɔ le eƒe nu vɔ̃ me dzedzea me? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 6.)

․․․․․

Nu kae na ati la va ‘biã ŋu na’ Xawa? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 4 kple 5.)

․․․․․

Nu kae anya ʋã Adam wòwɔ ɖeka kple Xawa le nu vɔ̃a wɔwɔ me? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 6.)

․․․․․

Aleke Adam kple Xawa ƒe nuwɔnaa gblẽ nu le ƒomedodo si anɔ ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome le dzidzime siwo katã ava ɖe wo yome me la ŋui? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 16.)

․․․․․

Aleke wòdze ƒãae be masɔmasɔ ɖo Adam kple Xawa dome le nu vɔ̃ wɔwɔ vɔ megbe? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 12.)

․․․․․

Afɔ kae Yehowa ɖe enumake bene yeatsɔ akpɔ nyaa gbɔ ne yeƒe tameɖoɖo nava eme? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 15.)

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI: . . .

Afɔku siwo le nu si dzro ame ŋutɔ ko wɔwɔ me.

․․․․․

Ale si ŋku ate ŋu anyɔ dzodzro vɔ̃ ɖe ame mee.

․․․․․

Fɔbubu ame bubuwo ɖe míaƒe vodadawo ta ƒe toflokonyenye.

․․․․․

NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․