Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

 Ènyaa?

Nu ka tae Biblia yɔa gbɔdɔnuwɔna gbɔmewo tɔna ɖe alakpamawu Baal subɔsubɔ ŋu?

Vidzidzi ƒe mawu koŋue Kanaantɔwo ƒe mawu Baal nye. Esubɔlawo xɔe se be Baal ye nana yewoƒe agblewo wɔna nyuie eye lãhawo dzina ɖe edzi. Eya tae numekugbalẽ si nye Manners and Customs in the Bible ɖe nu me be “woɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi hena gomekpɔkpɔ le gbɔdɔnuwɔna blibawo me le woƒe tadeaguƒewo bene wòana yewoƒe ahom mawu Baal kple srɔ̃a Asera nadɔ kple wo nɔewo ale be yewoƒe agblewo nawɔ nu eye yewoƒe lãhawo nadzi ɖe edzi.”

Kanaantɔwo xɔe se be ne kuɖiɖi kple ku ƒe mawu Mot va kpe Baal dzi le kuɖiɣiwo la, Baal dzona yi ɖanɔa to me ʋĩi. Ke hã, woxɔe se be ne tsi te dzadza la, ekema efia be Baal trɔ gbɔ le ŋusẽ me henaa anyigba wɔa nu eye agbenɔnɔ dzea edzi nyuie. Kanaantɔwo ɖua azã na Baal ƒe tɔtrɔgbɔ alea hewɔa gbɔdɔnuwɔna gbɔmewo. Esia na míese nu si tae Israel viwo ƒe kuku ɖe Baal-Peor ŋu na woƒo wo ɖokuiwo ɖe “ahasiwɔwɔ me kple Moab-nyɔnuwo” la gɔme.—4 Mose 25:1-3.

Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ be agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖi “yɔdo siwo wosi akalo na”?

Yesu ʋu go agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe alakpanuwɔwɔwo hegblɔ na wo be: “Mieɖi yɔdo siwo wosi akalo na, siwo nya kpɔ vavã le gota, gake wo me yɔ fũu kple ame kukuwo ƒe ƒuwo kple makɔmakɔnyenye ɖe sia ɖe ƒomevi.” (Mateo 23:27) Enye numame na Yudatɔwo be woɖoa atsyɔ̃ na woƒe yɔdokpewo hesia akalo na wo, le tsidzaɣiwo ƒe nuwuwu, le dzinu Ada, si doa ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia, ƒe ŋkeke 15 lia dzi. Gake enuenu la, tsidzadza va klɔa akalo si wosi na kpeawo la ɖa.

Le The Jewish Encyclopedia ƒe nya nu la, wosia akalo na yɔdowo bene woadze nyuie be woatsɔ akpɔ “amedzro siwo zɔa mɔa le Ŋutitotoŋkekenyui ɖuɣi” la ta be woƒe ŋuti nagaka yɔdoawo ŋu o, le esi esia ana wo ŋu makɔ o ta. Mose ƒe sea gblɔ le 4 Mose 19:16 be ame sia ame si aka asi ame kuku, ameƒu alo yɔdo ŋu la, eŋu mekɔ o ŋkeke adre. Ðiƒoƒo ame ɖokui alea ana Israel viwo madze akpɔ gome le tadedeagu dzadzɛ nuwɔnawo me o, ne wokpɔ gome le eme madzemadzee alea la, ke wodze na ku. (3 Mose 15:31) Yesu gblɔ nya siawo ŋkeke ʋɛ aɖewo do ŋgɔ na Ŋutitotoŋkekenyuia; eya ta ƒe sia ƒe ƒe akalosisi na yɔdowo ƒe nya la anya nɔ susu me na eƒe nyaselawo. Nu si Yesu wɔnɛ ye nye be ale si ame siawo siwo tsia tsitre ɖe ye ŋu le subɔsubɔnyawo me dzena le gota la to vovo kura tso ame siwo wonye ŋutɔŋutɔ la gbɔ, eye be hadede kpli wo aƒo ɖi ye yomedzelawo le gbɔgbɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzikedzo ƒe mawu Baal ƒe akalokpe, ƒe alafa 14 alo 13 lia D.M.Ŋ.

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Musée du Louvre, Paris