Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ablɔɖe Vavã Na Mayawo

Ablɔɖe Vavã Na Mayawo

Ablɔɖe Vavã Na Mayawo

WONYA Mayawo le woƒe dɔ siwo wowɔ le blema la ta. Ƒe sia ƒe la, modzakaɖetsaɖilawo zɔa mɔ yia Mexico ƒe Yucatán Ƒukpo Afã la dzi ɖakpɔa piramid gãwo (xɔ ƒomevi aɖewo siwo tame le tsutsũe), abe esiwo le Chichén Itzá kple Cobá ene. Mayawo xɔ ŋkɔ le woƒe mɔɖaŋununya, kple ale si wokpɔ dzidzedze le agbalẽŋɔŋlɔ, akɔntabubu, kpakple ɣletiviŋutinunya siaa me ta. Woto nuŋɔŋlɔ deŋgɔ aɖewo siwo le abe nutatawo ene, xexlẽdzesi si nye “0,” kple ŋkeke 365 ƒe ɣletigbalẽ aɖe vae.

Le subɔsubɔnyawo gome ya la, nuwo to vovo kura. Mayawo subɔa mawu geɖewo. Wosubɔa ɣe, ɣleti, tsidzadza, bli, kple nu bubu geɖewo. Woƒe nunɔlawo doa vevie ɣletivimefakaka. Le woƒe tadedeaguwɔnawo me la, wozãa lifi kple nɔnɔmewɔwɔwo, wotsɔa hɛ nɔa wo ɖokuiwo sim, eye wokɔa ʋu ɖi hetsɔa amewo saa vɔe, vevietɔ gamenɔlawo, kluviwo, kple ɖeviwo.

Spaintɔwo Ƒe Vava

Ame siawo ƒomevie Spaintɔwo va kpɔ esime wova ɖo nuto mawo me le ƒe alafa 16 lia ƒe gɔmedzedze me. Taɖodzinu evee nɔ Spaintɔ siwo va ɖu Mayawo dzi si: gbãtɔe nye be anyigbawo kple kesinɔnuwo nasu yewo si, evelia, be yewoana Mayawo natrɔ dzi me azu Katolikotɔwo, ale be yewoana ablɔɖe wo tso trɔ̃subɔsubɔnuwɔna siwo me wowɔa ŋutasẽnu siwo gbɔ eme le la me. Ðe Spaintɔ siwo va ɖu Mayawo dzi la na wokpɔ subɔsubɔblɔɖe vavã, alo kpɔ ablɔɖe bubu ƒomevi aɖea?

Spaintɔ siwo dome Katolikoha ƒe nunɔlawo hã nɔ la xɔ Mayawo ƒe agblenyigbawo le wo si. Evɔ tso gbe aɖe gbe ke la, agblenyigba siawo dzie Mayawo dea agble ɖo, eye wotsoa atiwo, ŋlɔa gbewo hetɔa dzo wo hafi doa nukuwo. Agblenyigba siawo xɔxɔ le Mayawo si he fukpekpe gã aɖe va wo dzi, eye wòde adikã woa kple Spaintɔwo dome. Wo dzi ɖulawo ɖo asi woƒe tsido goglowo hã dzi, evɔ tsido siawo koŋue nye afi siwo wokpɔa tsi tsonɛ le Yucatán ƒukpo bliboa dzi. Tsɔ kpe ɖe dziɖuɖua ƒe adzɔ si zu agba ɖe Mayawo dzi xoxo ŋu la, sɔlemehaa zii ɖe wo dzi be ŋutsu sia ŋutsu nanɔ adzɔ si ƒe home nye real 12 kple afã * xem ƒe sia ƒe, eye nyɔnu sia nyɔnu hã nanɔ real 9 xem, eye esia wɔe be woƒe fukpekpeawo gado gã ɖe edzi. Spaintɔ siwo xɔ anyigbawo le wo si la wɔ nɔnɔme sesẽ ma ŋu dɔ hena woawo ŋutɔwo ƒe viɖe. Gbã la, woxea ga si sɔlemehaa ka na Mayawo la ɖe wo nu, emegbe wozinɛ ɖe wo dzi be woawɔ dɔ va se ɖe esime wowɔ dɔ ɖe fe si wonyi le wo ŋu la nu keŋkeŋ. Esia na be Mayawo va zu woƒe kluviwo.

Nunɔlawo xɔa ga ɖe sɔlemewɔnawo abe tsideta, srɔ̃ɖeɖe, kple ameɖiɖi ene ta. Mayawo ƒe agblenyigbawo xɔxɔ, adzɔwo xɔxɔ le wo si kple gaxɔxɔ ɖe sɔlemewɔnawo ta wɔe be sɔlemehaa kpɔ kesinɔnu geɖe, evɔ Mayawo ya zu ame dahewo. Wobu Mayawo be wonye ame siwo si aʋatsodzixɔsewo nɔ, eye wonye ame manyanuwo tso dzɔdzɔme. Esia wɔe be sɔlemehakplɔlawo kple ame bubu siwo nɔ ŋusẽnɔƒewo kpɔe be esɔ be yewoaƒo wo atsɔ aɖɔ wo ɖo ahana woaɖe asi le aʋatsodzixɔsewo ŋu.

Mayawo Kple Spaintɔwo Dome Ʋa La

Esi nɔnɔmea megava nya nɔ tsɔtsɔm na Mayawo o la, wogbe sɔlemehaa ƒe adzɔwo xexe, woɖe wo viwo ɖa le Katoliko sukuwo me, wogbe katekismo dede hegbe dɔwɔwɔ le agbleawo hã me tsɔ tsi tsitre ɖe Spaintɔwo ŋu. Gake ɖeko ema gblẽ nyaa ɖe edzi wu. Nɔnɔmea va ɖo eƒe sesẽaƒe le ƒe 1847 me—esi Spaintɔwo ɖu wo dzi ƒe 300 aɖewo megbe. Mayawo ho aʋa ɖe “yevuawo” ŋu, eye esiae he Mayawo kple Spaintɔwo dome ʋa la vae.

Aglãdzelaawo ƒe ŋgɔnɔlawo zã atitsoga aɖe si woyɔ be Atitsoga Ƒonu la, si megbe ame aɖe bena ɖo henɔa nu ƒom wòdzena abe atitsoga lae le nua ƒom ene, tsɔ dea dzi ƒo na Mayawo be woawɔ aʋa la va se ɖe ku me ke. Aʋa la mekpa Mayawo kura o. Esime dziɖuɖua ɖe gbeƒãe be aʋa la ke le ƒe 1853 me la, wowu Maya siwo nɔ Yucatán la dometɔ 40 le 100 me. Ke hã, aʋa suesuesuewo gayia edzi le wo dome ɣeaɖewoɣi, eye esia yi edzi hena ƒe 55. Mlɔeba la, Mayawo te ŋu va do le Spaintɔwo ƒe teteɖeanyi te, eye dziɖuɖua trɔ ma anyigbaa na Mayawo. Ke ɖe wokpɔ subɔsubɔblɔɖe hã?

Womekpɔ Ablɔɖe Vavã O

Katolikotɔnyenye si Spaintɔ amedziɖulawo he vae, kpakple Mayawo kple Spaintɔwo dome ʋa la dometɔ aɖeke mehe ablɔɖe vavã vae na Mayawo o. Va se ɖe egbea la, Mayawo gakpɔtɔ lé subɔsubɔ tsakatsaka, si nye kɔnu siwo wowɔna do ŋgɔ na Spaintɔwo ƒe vava kple Roma Katoliko kɔnu siwo wotsaka, la me ɖe asi.

Esi agbalẽ si nye The Mayas—3000 Years of Civilization nɔ nu ƒom tso Maya siwo li egbea ŋu la, egblɔ be: “Mayawo kpɔtɔ dea ta agu na dzɔdzɔmenu siwo wosubɔna le blema la kple tɔgbui kukuwo le agblewo me, agadowo me, kple towo dzi, . . . eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wosubɔa ame kɔkɔewo le sɔlemexɔwo me.” Eya ta wogblɔna be mawu si ŋkɔe nye Quetzalcoatl, alo Kukulcán lae nye Yesu, eye ɣletimawunɔ lae nye Maria Ðetugbui Nɔaƒe la. Gakpe ɖe eŋu la, wotsɔ tadedeagu na atitsoga la ɖɔ li tadedeagu na ceiba ti la, eye amewo gakpɔtɔ dea tsi atitsoga la abe ati gbagbee wònye ene. Wometaa Yesu ƒe nɔnɔme ɖe atitsogawo dzi o, ke boŋ ceiba seƒoƒowoe wotsɔ ɖoa atsyɔ̃ na wo.

Wokpɔ Ablɔɖe Vavã Mlɔeba!

Le ƒe ʋɛ siwo va yi me la, Yehowa Ðasefo siwo le Mexico la te Biblia fiafia dɔ gã aɖe wɔwɔ le Mayawo ƒe nutoawo me. Wotaa Biblia srɔ̃gbalẽwo abe magazine sia ene ɖe Mayagbe me be woatsɔ akpe ɖe wo ŋu woase tame si Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu la gɔme. Nu kae do tso eme? Esime wonɔ nyati sia ŋlɔm la, Fiaɖuƒegbeƒãla 6,600 siwo nye Mayagbedolawoe le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 241 siwo le nutoa me la me. Ðe wònɔ bɔbɔe na Mayawo be woaɖe asi le wo tɔgbuiwo ƒe dzixɔsewo ŋu ale be woate ŋu axɔ Biblia me nyateƒea ade emea?

Avu bliboe wònye na Maya siwo si dzi vavã le la. Marcelino kple srɔ̃a Margarita bua wo ɖokuiwo Katolikotɔ dovevienuwo. Ƒe sia ƒe la, be woade bubu tɔxɛ atitsoga la ŋu la, wokɔnɛ tso woƒe sɔlemexɔa me tsɔ yina ɖe woƒe aƒe me eye wowua lãwo tsɔ saa vɔe, emegbe woa kple woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ɖaa vɔsalãwo ɖuna. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yehowa Ðasefowo va wo gbɔ le aƒe me, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo. Wogblɔ be: “Míede dzesii be nu si srɔ̃m míenɔ lae nye nyateƒea, gake míesusui be ne míeɖe asi le míaƒe tsã dzixɔsewo ŋu la, gbɔgbɔawo ava wɔ nu vevi mí.” Ke hã, woyi Biblia sɔsrɔ̃a dzi. Marcelino gblɔ be: “Vivivi la, Biblia me nyateƒea de míaƒe dzi gbɔ. Esia na be dzi ɖo mía ƒo míeƒoa nu na míaƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo tso nu siwo srɔ̃m míele le Biblia me ŋu. Dzi le mía dzɔm azɔ be míevo tso aʋatsodzixɔse siwo wɔ mí kluviwo va yi la si me. Nu si ve mí koe nye be míedze egɔme kaba o. Le esia ta la, míedi be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe afia Biblia me nyateƒe wɔnukuawo amewo.”

Alfonso, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 73, nye Katolikotɔ dovevienu aɖe. Le woƒe nutoa me la, exɔa ŋgɔ na subɔsubɔzãwo ɖuɖu siwo me wowɔa Misa, ɖua ɣe henaa nuɖuɖu kple aha vavalawo katã le. Le azã mawo me la, amewo wɔa avu kple nyitsuwo. Egblɔ be: “Zi geɖe la, kaka azã mawo nawu enu la, amewo mua aha henɔa kɔ dam.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be azã siawo ɖuɖu doa dzidzɔ nam hã la, menɔ sesem le ɖokuinye me be nanewo mele edzi yim nyuie le nye subɔsubɔhaa me o.” Yehowa Ðasefowo va ɖe gbeƒã na Alfonso, eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Togbɔ be lãme menɔ esi o hã la, ete kpekpewo dede le Fiaɖuƒe Akpata me. Fifia eɖe asi le eƒe subɔsubɔnuwɔna tsãtɔwo katã ŋu, eye wòwɔa mɔnukpɔkpɔ ɖe sia ɖe ŋu dɔ tsɔ ƒoa nu tso eƒe dzixɔse yeyea ŋu na ame siwo va srãnɛ kpɔ le aƒe me.

Esiawo nye Maya siwo si dzi vavã le siwo si subɔsubɔblɔɖe vavã va su la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. Ɛ̃, piramid gã siwo le Yucatán la tulawo ƒe dzidzimeviwo gakpɔtɔ le afi sia va se ɖe egbe. Wogadoa wo degbea kokoko. Wo dometɔ geɖe nɔa anyixɔ siwo wotsɔ be gbã me abe wo tɔgbuiwo ke ene. Wodea bli kple ɖeti gble. Eye wogakpɔtɔ zãa woƒe agbledemɔnu xoxo, si nye atiwo tsotso kple gbewo ŋɔŋlɔ ahatɔ dzo wo hafi aƒã nukuwo la. Gake fifia la, Mawu ƒe Nya la me nyateƒea na ablɔɖe Maya geɖewo tso alakpasubɔsubɔ kple aʋatsodzixɔse ƒe kluvinyenye me. Enye dzidzɔ na wo be yewokpɔ Yesu ƒe nya wɔdɔɖeamedzi sia ƒe nyateƒenyenye dze sii be: “Miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la ana ablɔɖe mi.”—Yohanes 8:32.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Real nye ga si Spaintɔwo ɖuna tsã.

[Anyigbatata si le axa 13]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Nuto aɖe si dzi blema Mayawo kpɔ ŋusẽ ɖo

Mexico Ƒukɔme

MEXICO

Yucatán Ƒukpo Afã

Chichén Itzá

Cobá

BELIZE

GUATEMALA

HONDURAS

EL SALVADOR

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mayawo ƒe aƒedo aɖe, le Chichén Itzá

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Marcelino kple srɔ̃a Margarita le nya nyuia gblɔm na amewo le Yucatán