Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Egbegbe ‘Nukugbedadawo’—Mawu Gbɔe Wotsoa?

Egbegbe ‘Nukugbedadawo’—Mawu Gbɔe Wotsoa?

Egbegbe ‘Nukugbedadawo’—Mawu Gbɔe Wotsoa?

EBƆ le dukɔ aɖewo me be woakpɔ xɔsetamɔzɔlawo woaɖo ta woƒe teƒe kɔkɔewo, afi si ame geɖewo gblɔna be woda dɔléle siwo “womete ŋu dana o” la na yewo nukutɔe le. Le dukɔ bubu aɖewo me la, bokɔnɔwo gblɔna be yewozãa ŋusẽ siwo gbɔ amegbetɔwo tɔwo ŋu tsɔ daa dɔ na amewo. Eye le teƒe aɖewo hã la, sɔlemedelawo kpea ta le agbɔsɔsɔ me, eye le wɔnawo wɔɣi la, dɔnɔwo tia kpo tso woƒe bunɔkekewo me, eye bubuwo tsɔa woƒe atizɔtiwo ƒua gbe henɔa gbɔgblɔm be woda gbe le yewo ŋu.

Zi geɖe la, ame siwo gblɔna be yewodaa dɔ na amewo nukutɔe la nyea subɔsubɔha vovovo me tɔwo, eye edzɔna zi geɖe be wotsoa wo nɔewo nu be wonye xɔsegbelawo, alakpatɔwo, kple trɔ̃subɔlawo. Ke nyabiaseae nye be, Ðe Mawu wɔa nukunuwo to subɔsubɔha gbogbo siwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu la dzia? Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be: “Mawu menye nyamanyamawɔwɔ ƒe Mawu o, ke ŋutifafa ƒe Mawu boŋ.” (1 Korintotɔwo 14:33) Eya ta ɖe ‘nukugbedada’ mawo tso Mawu gbɔ nyateƒea? Nukugbedala aɖewo gblɔna be Yesu ƒe ŋusẽe yewozãna tsɔ daa dɔe. Na míalé ŋku ɖe ale si Yesu da dɔ na amewoe la ŋu kpɔ.

Ale Si Yesu Da Dɔ Na Amewoe

Ale si Yesu da dɔ na amewo la to vovo kura tso ale si amewo daa dɔ na amewoe egbea la gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, Yesu da gbe le ame sia ame si va egbɔ be wòakpe ɖe ye ŋu la ŋu. Metiaa amehawo dometɔ aɖewo ko daa dɔ na wo heɖoa ame susɔeawo ɖe aƒe me woƒe dɔawo madamada na wo o. Gakpe ɖe eŋu la, Yesu da gbe le amewo ŋu keŋkeŋ, eye le wo katã kloe me la, edanɛ na wo enumake. Biblia gblɔ be: “Ameha blibo la nɔ didim be yewoaka asi eŋu, elabena ŋusẽ nɔ go dom le eme nɔ dɔ dam na wo katã.”Luka 6:19.

Egbea la, ne xɔsegbedalawo mete ŋu da dɔ na ame aɖe o la, wobua fɔ dɔnɔa be esi xɔse mele esi o tae yewomete ŋu da dɔa nɛ o, gake menɔ alea le Yesu ya gome o. Eda dɔ na ame aɖewo siwo mexɔ eya amea dzi se o gɔ̃ hã. Le kpɔɖeŋu me, Yesu te ɖe ŋkuagbãtɔ aɖe ŋu da dɔ nɛ, togbɔ be ŋutsua mebiae be wòada dɔ na ye hafi o hã. Yesu biae emegbe be: “Èle Amegbetɔvi la dzi xɔm le sesema?” Ŋutsu la ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, ame kae nye ame ma, ne maxɔ edzi ase?” Yesu gblɔ nɛ be: “Ame si le nu ƒom kpli wò la, eyae.”—Yohanes 9:1-7, 35-38.

Ðewohĩ àbia ɖokuiwò be, ‘Ne mehiã be xɔse nanɔ amewo si hafi Yesu nada dɔ na wo o ɖe, ekema nu ka tae Yesu gblɔna na ame siwo ŋu wòda gbe le la zi geɖe be: “Wò xɔse na nèhaya”?’ (Luka 8:48; 17:19; 18:42) Yesu gblɔa nya ma tsɔ ɖenɛ fiana be yedaa gbe le ame siwo xɔse ʋã wote ɖe ye ŋu la ŋu, gake mɔnukpɔkpɔ ma toa ame siwo gbe be yewomate ɖe ye ŋu o la ŋu. Menye xɔse si nɔ ame siwo haya si lae da dɔa na wo o; Mawu ƒe ŋusẽe na wohaya. Biblia gblɔ tso Yesu ŋu be: “Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple ŋusẽ si ami nɛ, eye wòyi ɖato anyigba blibo la katã dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na ame siwo katã Abosam te ɖe anyi la; elabena Mawu nɔ kplii.”—Dɔwɔwɔwo 10:38.

Zi geɖe la, edzena abe ga wɔa akpa vevi aɖe le egbegbe yeaɖi xɔsegbedadawo me ene. Wonya xɔsegbedalawo be wobi ɖe gadzɔdzɔ le amewo si me. Wogblɔ be xɔsegbedala aɖe te ŋu dzɔ Amerika dɔlar miliɔn 89 le amewo si le ƒe ɖeka me le xexea me godoo. Sɔlemehawo hã kpɔa viɖe geɖe tso xɔsetamɔzɔla siwo zɔa mɔ yia woƒe teƒe kɔkɔewo bene woada dɔ na yewo la gbɔ. Gake Yesu ya mexɔ ga le ame siwo wòda dɔ na la si kpɔ gbeɖe o. Ɣeaɖeɣi la, ena nuɖuɖu wo gɔ̃ hã. (Mateo 15:30-38) Esime Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woayi aɖaɖe gbeƒã la, egblɔ na wo be: “Mida gbe le dɔnɔwo ŋu, mifɔ ame kukuwo ɖe tsitre, mina kpodɔlélawo ŋu nakɔ, minya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe. Faa miexɔe, faa minae.” (Mateo 10:8) Ke nu ka tae xɔsegbedala siwo li egbea ƒe gbedada to vovo tso Yesu tɔwo gbɔ nenema gbegbe ɖo?

“Nukugbedalawo” —Afi Kae Woƒe Ŋusẽa Tso?

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ɖɔkta bibi aɖewo wɔ numekuku tso xɔsegbedalawo ƒe nyawo ŋu. Nu ka ŋue woke ɖo? Le London ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Daily Telegraph ƒe nya nu la, ɖɔkta aɖe si le England, si zã ƒe 20 tsɔ ku nu me tso xɔsegbedadawo ŋu la gblɔ be: “Ðɔktawo mekpɔ kpeɖodzi ɖeka hɔ̃ hã si ɖee fia be ame siwo gblɔna be woda dɔ na yewo nukutɔe la kpɔ dɔyɔyɔ nyateƒe o.” Ke hã, ame geɖewo kana ɖe edzi vevie be nu kɔkɔewo, teƒe kɔkɔewo, alo xɔsegbedalawo da dɔ na yewo. Ðe wòate ŋu anye be ɖe woble woa?

Le Yesu ƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me la, egblɔ be subɔsubɔhakplɔla ameflulawo agblɔ be: “Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe . . . míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?” Ke hã, aɖo eŋu na wo be: “Nyemenya mi kpɔ o! Mite ɖa le gbɔnye, mi sedzimawɔlawo.” (Mateo 7:22, 23) Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso afi si ŋusẽ si ame mawo gblɔna be ele yewo si la tso ŋu la, exlɔ̃ nu be: “Sedzimawɔla la ƒe anyinɔnɔ la to Satana ƒe dɔwɔwɔ dzi, le ŋusẽdɔwɔwɔ kple amebeble ƒe dzesiwo kple nukunuwo, kpakple madzɔmadzɔnyenye ƒe beble ɖe sia ɖe me.”—2 Tesalonikatɔwo 2:9, 10.

Gawu la, “gbedada” siwo me wozãa nu kɔkɔewo, legbawo, kple nɔnɔmewɔwɔwo le la mate ŋu atso Mawu gbɔ o. Nu ka tae? Elabena Mawu ƒe Nya la de se tẽe be, “Misi le trɔ̃subɔsubɔ nu.” Eye wògaxlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi le trɔ̃wo ŋu.” (1 Korintotɔwo 10:14; 1 Yohanes 5:21) “Gbedada” mawo nye Abosam ƒe ayemɔ aɖe si wòzãna tsɔ hea amewo ɖa tso tadedeagu vavã la gbɔ. Biblia gblɔ be: “Satana ŋutɔ yia edzi trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.”—2 Korintotɔwo 11:14.

Nu Si Tae Yesu Kple Apostoloawo Da Dɔ Na Amewo

Nukugbedada vavã siwo ŋu nya woŋlɔ ɖe Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la ɖee fia kɔtɛ be Mawu gbɔe Yesu kple apostoloawo tso. (Yohanes 3:2; Hebritɔwo 2:3, 4) Yesu ƒe nukugbedadawo da megbe na eƒe gbedeasia hã. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “[Eyi] ɖato Galilea blibo la katã, nɔ nu fiam le woƒe ƒuƒoƒewo henɔ gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la, eye wònɔ dɔléle ɖe sia ɖe ƒomevi kpakple lãmegbegblẽ ɖe sia ɖe ƒomevi dam le dukɔ la dome.” (Mateo 4:23) Yesu ƒe ŋusẽdɔwo—siwo dometɔ aɖewoe nye gbedada le amewo ŋu, nuɖuɖunana ame gbogbo aɖewo, ŋusẽkpɔkpɔ ɖe dzɔdzɔmenuwo dzi, kple ame kukuwo gɔ̃ hã fɔfɔ ɖe tsitre—ɖe nu siwo gbegbe wòava wɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la fia. Nya nyui ka gbegbee nye esi!

Ŋusẽdɔ alo gbɔgbɔa ƒe nunana mawo nu yi esi Yesu kple apostoloawo kpakple ame siwo wotsɔ ŋusẽ mawo na la ku. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne nyagbɔgblɔɖi ƒe nunanawo li la, woava ɖe wo ɖa; ne gbegbɔgblɔ bubuwo dodo li la, wo nu ava yi; ne sidzedze [si Mawu ɖe fia] ƒe nunana aɖe li la, woava ɖee ɖa.” (1 Korintotɔwo 13:8) Nu ka tae? Esi ŋusẽdɔ mawo, siwo dome nukugbedada hã nɔ, ɖo woƒe taɖodzinu si nye be woaɖo kpe edzi be Yesue nye Mesia la, eye be Kristo hamea ŋue Mawu va nɔ ŋudzedze kpɔm ɖo, gbɔ vɔ la, womegahiã o; ‘woɖe wo ɖa.’

Ke hã, nufiame vevi aɖe le Yesu ƒe nukugbedadawo me na mí egbea. Ne míeléa to ɖe nu siwo Yesu fia ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu la ŋu heɖenɛ fiana be míexɔ wo dzi se la, míate ŋu anɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu ƒe nyagblɔɖi si nye be, ‘Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o’ la ava eme le gbɔgbɔ me kple ŋutilã me siaa.—Yesaya 33:24; 35:5, 6; Nyaɖeɖefia 21:4.