Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ehiã Be Woaɖe Mí!

Ehiã Be Woaɖe Mí!

Ehiã Be Woaɖe Mí!

TSI ɖe tomekakuƒe aɖe si te ɖe Pittsburgh ŋu, le Pennsylvania, U.S.A., le vo me. Tomenukula asieke ɖatsi teƒe xaxɛ aɖe le toa me, afi si yi to meta 73 sɔŋ, si tsia mede o. Le ŋkeke etɔ̃ megbe la, woɖe wo va go ta dedie. Alekee wowɔ ɖe wo?

To tomenukuƒea ƒe anyigbatata kple mɔ̃ si xɔa mɔfiame tso yamenutomemɔ̃ si ƒoa xlã anyigbaa gbɔ ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, ame siwo ɖe wo la ɖe do si ƒe kekeme nye sentimeta 65 yi ɖe toa me ʋĩ heɖiɖi gadza lɔbɔe aɖe ɖo ɖe wo. Gadza siae wotsɔ ɖe tomenukula siawo do go ɖekaɖeka tso teƒe xaxɛ ma, si azu woƒe yɔdo hafi la, va go ta. Dzi dzɔ wo katã, woƒe dzi dze eme, eye woda akpe geɖe ɖe woƒe ɖeɖea ta.

Ðewohĩ madzɔ be mía dometɔ akpa gãtɔ nava xaxa ɖe to me abe tomekakula asieke mawo ene, alo ku naʋẽ ɖe mí le afɔku dziŋɔ aɖe me, gbeɖe ya o. Ke hã, ehiã be woaɖe mí katã, elabena mía dometɔ aɖeke mate ŋu asi le dɔléle, amegãkuku, kple ku nu o. Blemafofo wɔnuteƒe Hiob, gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ. Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna; esina abe vɔvɔli ene, eye metɔna ɖi o.” (Hiob 14:1, 2) Egbea, si nye ƒe 3,500 kloe tso esime wògblɔ nya siawo gɔ̃ hã la, wogakpɔtɔ nye nyateƒe kokoko, elabena mía dometɔ kae ate ŋu asi le agbe ƒe nuwuwu wɔnublanui, si nye ku, la nu? Afi ka kee míeɖale o, alo aleke kee míeɖakpɔa míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ nyuie o, ehiã be woaɖe mí tso fukpekpe, amegãkuku, kple ku si me.

Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple ame bubuwo le agbagba dzem vevie be yewoana amegbetɔ ƒe agbenɔƒe nadidi ɖe edzi wu ale si wòle fifia. Numekuha aɖe gblɔ be yewoƒe taɖodzinue nye “be yewoaɖu ku ƒe ametsɔtsrɔ̃ yakatsyɔ” dzi, eye “be yewoakpe ɖe habɔbɔa me tɔwo ŋu woakpɔ dzidzedze le agbagba si dzem wole be amegbetɔ nagaku gbeɖe o la me.” Gake va se ɖe fifia la, womete ŋu to dzɔdzɔmeŋutinunya deŋgɔwo kple didi vevie si le wo me be yewoakpɔ dzidzedze la dzi na amegbetɔ ƒe agbenɔƒe didi wu ƒe 70 alo 80 siwo ŋu Mose ƒo nu tso anye ƒe 3,500 sɔŋue nye esia la o.—Psalmo 90:10.

Èɖalɔ̃ ɖe Hiob ƒe nyawo dzi alo mèlɔ̃ ɖe wo dzi o, ne ƒewo nya va le yiyim ko la, ɖikeke meli o be wò hã ‘nuwò ava yi abe vɔvɔli ene,’ àgblẽ xɔ̃wòwo, ƒowòmetɔwo, wò aƒe, kple nu siwo katã nète ŋu wɔ la ɖi, eye nuwò ayi le ku me. Blema Israel fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.”—Nyagblɔla 9:5.

Nyateƒenya wɔnublanui si Biblia ɖe ɖe goe nye be “ku ɖu fia” ɖe amegbetɔƒomea dzi abe ŋutasẽdziɖula ene. Ɛ̃, kue nye futɔ mamlɛtɔ si si me wòhiã be woaɖe amegbetɔƒomea tso. (Romatɔwo 5:14; 1 Korintotɔwo 15:26) Ameɖela siwo xɔ hehe nyuitɔ kekeake le xexea me, siwo si dɔwɔnu nyuitɔ kekeake le la gɔ̃ hã mate ŋu aɖe wò tso ku si me zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu gbeɖe o. Gake ɖeɖe ma tututu ƒe ɖoɖoe Amegbetɔwɔla, Yehowa Mawu, ya wɔ.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Photo by Gene J. Puskar-Pool/Getty Images