Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Yesu Ƒe Ku Ate Ŋu Aɖe Wò

Ale Si Yesu Ƒe Ku Ate Ŋu Aɖe Wò

 Ale Si Yesu Ƒe Ku Ate Ŋu Aɖe Wò

ANƆ abe ƒe 2,000 kloe enye esia, le Yudatɔwo ƒe Ŋutitotoŋkekenyui dzi, le ƒe 33 M.Ŋ. me la, ŋutsu maɖifɔ aɖe ku ɖe ame bubuwo ta. Ame kae nye ŋutsu ma? Yesu Nazaretetɔ lae. Eye ame kawoe eƒe ku sia si ɖeke mesɔ kpli o la aɖe vi na? Amegbetɔƒomea katãe. Mawunyakpukpui nyanyɛ aɖe ƒo nu tso agbeɖeɖe ƒe vɔsa sia ŋu kpuie be: ‘Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexea me bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena ame sia ame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.’—Yohanes 3:16, Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La—Le Eʋegbe Me.

Togbɔ be ame geɖe nya mawunyakpukpui ma nyuie hã la, wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe se nu si wòfia la gɔme. Wobiana be: ‘Nu ka ta wòhiã be Kristo natsɔ eɖokui asa vɔ ɖe mía ta? Aleke ame ɖeka ƒe ku ate ŋu aɖe ameƒomea katã tso ku, si akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi tegbee hafi la, si me?’ Biblia na biabia siawo ƒe ŋuɖoɖo fakɔname siwo me kɔ.

Ale Si Ku Wɔ Va Le Fia Ðum Ðe Amegbetɔƒomea Dzi

Ame aɖewo xɔe se be ɖe wowɔ amegbetɔwo be woanɔ anyigba dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe, ato fukpekpewo me, akpɔ dzidzɔ ʋɛ aɖe, eye woaku ahato eme aɖanɔ agbe le teƒe si nyo wu. Nuŋububu sia le fiafiam be, ku nye tameɖoɖo si le Mawu si na ameƒomea la ƒe akpa aɖe. Gake Biblia ya ɖee fia be susu bubu kura tae ku le nu gblẽm le amegbetɔwo ŋu ɖo. Egblɔ be: “To ame ɖeka dzi nu vɔ̃ ge ɖe xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va, eye ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti la.” (Romatɔwo 5:12) Mawunyakpukpui sia ɖee fia be nu vɔ̃ tae míekuna ɖo. Ke ame kae nye “ame ɖeka” ma si dzi nu vɔ̃ me tsonu wɔnublanuiawo to kaka ɖe amegbetɔƒomea dome?

Numekugbalẽ aɖe gblɔ be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo dometɔ akpa gãtɔ xɔ edzi se be teƒe ɖekae amegbetɔwo katã dzɔ tso, eye Biblia ɖee fia eme kɔ ƒãa be teƒe ɖeka mae nye—“ame ɖeka” la. (The World Book Encyclopedia) Míexlẽ le 1 Mose 1:27 be: “Mawu wɔ ame ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.” Eya ta Biblia gblɔ be atsu kple asi gbãtɔa nye ŋutikɔkɔe ƒe atsyɔ̃nu si Mawu Ŋusẽkatãtɔ la tsɔ ƒo eƒe nu wɔwɔwo ta.

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa gagblɔ nya bubu geɖewo tso amegbetɔ ƒe agbe ŋu le esi Yehowa  Mawu wɔ atsu kple asi gbãtɔa vɔ megbe. Eɖe dzesi ŋutɔ be, Mawu meƒo nu tso ku ŋu le go bubu aɖeke me le nuŋlɔɖi ma katã me o, negbe esime wògblɔ be ku anye woƒe tomaɖomaɖo me tsonu ko. (1 Mose 2:16, 17) Edi be amegbetɔwo nanɔ agbe le paradisonyigba dzeani aɖe dzi le dzidzɔkpɔkpɔ kple lãmesẽ me tegbee. Menye eƒe didi wònye be amegãkuku kple ku nagblẽ nu le wo ŋu o. Ekema aleke ku wɔ va kpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea katã dzi?

Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔa ƒe ta 3 lia ƒo nu tso ale si atsu kple asi gbãtɔa ɖoe koŋ gbe toɖoɖo woƒe Agbenala, Yehowa Mawu, la ŋu. Eya ta Mawu he to na wo abe ale si wòna wonya do ŋgɔ ene. Egblɔ na ŋutsua be: “Anyi nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!” (1 Mose 3:19) Vivivi la, tomaɖola eveawo va ku mlɔeba abe ale si Mawu gblɔe ene.

Gake menye atsu kple asi gbãtɔ sia ŋu koe woƒe tomaɖomaɖoa gblẽ nu le o. Woƒe tomaɖomaɖoa gblẽ agbe deblibo si me woƒe dzidzimeviwo ase vivi le hafi la ƒe mɔnukpɔkpɔa dome. Yehowa bu amegbetɔ siwo katã woava dzi ɖe anyigba dzi emegbe la katã hã ŋu esime wògblɔ na Adam kple Xawa be: “Midzi, ne miasɔ gbɔ, eye miayɔ anyigba la dzi, eye mianye agbo ɖe edzi, miaɖu ƒumelãwo kple dziƒoxe dzodzoewo kple lã, siwo katã zɔna le anyigba dzi la dzi!” (1 Mose 1:28) Anye ne vivivi la, amegbetɔwo axɔ anyigba la katã dzi ahakpɔ dzidzɔ manyagblɔ le agbe me eye womaku akpɔ o hafi. Gake wo tɔgbui Adam—“ame ɖeka” la—tsɔ wo dzra wozu nu vɔ̃ ƒe kluviwo, si wɔe be womate ŋu asi le ku nu gbeɖe o. Apostolo Paulo, ŋutsu gbãtɔa ƒe dzidzimeviwo dometɔ ɖeka, ŋlɔ bena: “Ŋutilãmeme, si wodzra ɖe nu vɔ̃ te, ye nye ya menye.”—Romatɔwo 7:14.

Abe ale si ko gbevu nudomegblẽlawo gblẽa aɖaŋunu xɔasi tɔxɛwo dome le egbeŋkekeawo mee ene la, nenema kee Adam to eƒe nu vɔ̃ wɔwɔa me gblẽ nu le Mawu ƒe nu wɔwɔ wɔnuku, si nye amegbetɔƒomea, la ŋu vevie. Adam ƒe viwo hã va dzi viwo, emegbe woxɔ tɔgbuiyɔviwo, eye amegbetɔwo yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Dzidzime ɖe sia ɖe me tɔwo tsina, dzia viwo, eye emegbe wokuna. Nu ka tae wo katã kuna? Elabena wo katã wodzɔ tso Adam me. Biblia la gblɔ be: “Ame ɖeka ƒe vodadae na ame geɖewo ku.” (Romatɔwo 5:15) Nu wɔnublanui siwo do tso Adam ƒe nugbegblẽ le eya ŋutɔ ƒe ƒomea ŋu alea mee nye dɔléle, amegãkuku, nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi, kple ku gɔ̃ hã. Mí katã míenye ƒome ma me tɔwo.

 Apostolo Paulo ƒo nu tso nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔ madeblibowo, si eya ŋutɔ hã nye, le la kple woƒe avuwɔwɔ kple nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi teɖeɖiameŋuawo ŋu, le lɛta si wòŋlɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma la me. Efa konyi be: “Oo, nye nublanuitɔ! Ame kae aɖem tso ŋutilã sia si ana maku la si me?” Ðe biabia sia mele vevie ŋutɔ oa? Ame kae aɖe Paulo, kple ame bubu siwo katã hiã na ɖeɖe la, tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me? Paulo ŋutɔ ɖo biabiaa ŋu be: “Akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!” (Romatɔwo 7:14-25) Ɛ̃, mía Wɔla la wɔ ɖoɖo be yeaɖe mí to Via, Yesu Kristo, dzi.

Yesu Ƒe Wɔƒe Le Mawu Ƒe Ameƒomea Ðeɖe Me

Yesu ŋutɔ ƒo nu tso eƒe wɔƒe le amegbetɔƒomea ɖeɖe tso nu vɔ̃ ƒe kluvinyenye vɔ̃ɖia me ŋu. Egblɔ be: ‘Amegbetɔvi la va be yeatsɔ yeƒe agbe ana tafee ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) Aleke Yesu ƒe agbe nye tafe na míi? Aleke eƒe ku la ɖea vi na míi?

Biblia gblɔ le Yesu ŋu be “nu vɔ̃ mele eŋu o” eye “[woɖee] ɖa tso nu vɔ̃ wɔlawo ŋu.” Yesu ɖo to Mawu hewɔ ɖe eƒe Sewo dzi bliboe le eƒe agbe me katã. (Hebritɔwo 4:15; 7:26) Eya ta menye tomaɖomaɖo kple nu vɔ̃ me tsonue Yesu ƒe kua nye, abe ale si wònɔ le Adam gome ene, o. (Xezekiel 18:4) Ke boŋ Yesu lɔ̃ faa ku ku si medze na hafi o bene yeate ŋu awɔ ye Fofo ƒe lɔlɔ̃nu le amegbetɔƒomea ɖeɖe tso nu vɔ̃ kple ku si me me. Abe ale si míegblɔe do ŋgɔ ene la, Yesu lɔ̃ faa ‘va be yeatsɔ yeƒe agbe ana tafee ɖe ame geɖewo ta.’ Lɔlɔ̃, si ɖeke mesɔ kpli o, ye ʋã Yesu wòlɔ̃ faa “[ɖɔ] ku kpɔ ɖe ame sia ame ta.”—Hebritɔwo 2:9.

Agbe si Yesu tsɔ sa vɔe la sɔ pɛpɛpɛ kple agbe si Adam bu esime wòwɔ nu vɔ̃. Viɖe kae do tso Yesu ƒe kua me? Yehowa xɔ vɔsa sia si “sɔ ɖe enu ɖe amewo katã ta” la ŋudzedzekpɔkpɔtɔe. (1 Timoteo 2:6) Nya lae nye be, Mawu zã asixɔxɔ si le Yesu ƒe agbe ŋu gbugbɔ ƒle, alo tsɔ ɖe, amegbetɔƒomea tso nu vɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me.

Biblia ƒo nu tso lɔlɔ̃ gã sia si mía Wɔla la ɖe fia ŋu enuenu. Paulo ɖo ŋku edzi na Kristotɔwo be “ho gã aɖee wotsɔ ƒle mi.” (1 Korintotɔwo 6:20; 7:23) Petro ŋlɔ bena menye sika alo klosalo ye Mawu tsɔ ƒle Kristotɔwo o, ke boŋ Via ƒe ʋue wòtsɔ ɖe wo tso ku ƒe mɔ la dzi. (1 Petro 1:18, 19) Yehowa wɔ ɖoɖo be yeaɖe amegbetɔwo tso ku, si akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi tegbee hafi la si me, to Kristo ƒe tafevɔsaa dzi.

Àna Kristo Ƒe Tafea Naɖe Vi Na Wòa?

Apostolo Yohanes ŋlɔ tso viɖe siwo gbegbe dona tso Kristo ƒe tafea me ŋu be: “[Yesu Kristo] nye avulévɔsa ɖe míaƒe nu vɔ̃wo ta, ke hã, menye ɖe mía tɔ ɖeɖe ko ta o, ke ɖe xexe blibo la hã tɔ ta.” (1 Yohanes 2:2) Ɛ̃, Kristo ƒe tafea ƒe viɖewo ƒe mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na ameƒomea katã. Ðe wòfia be ame sia ame akpɔ viɖe tso Yesu ƒe tafevɔsa xɔasi sia me naneke mawɔmawɔea? Ao. Ðo ŋku tomekakula siwo xaxa ɖe to  me la ɖeɖe, si ŋuti míeƒo nu tso le nyati gbãtɔa me dzi. Ame siwo ɖe wo la ɖiɖi gadza aɖe ɖo ɖe wo le toa me, gake ele be wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋutɔ nage ɖe gadzaa me. Le mɔ ma ke nu la, ame siwo di be Kristo ƒe tafevɔsaa naɖe vi na yewo la mate ŋu anɔ anyi ko naneke mawɔmawɔe ahanɔ Mawu ƒe yayrawo lalam o. Ehiã be woɖe afɔ aɖewo.

Nu kae Mawu di tso wo si? Yohanes 3:36 gblɔ be: “Ame si ɖenɛ fiana be yexɔ Vi la dzi se la, agbe mavɔ le esi; ame si meɖoa to Vi la o la makpɔ agbe o, ke boŋ Mawu ƒe dɔmedzoe tsia edzi.” Mawu di tso mía si be míaxɔ Kristo ƒe vɔsaa dzi ase. Ke hã, egabia nu geɖe wu tso mía si. Biblia gblɔ be: “Ne míeyi edzi wɔa [Yesu ƒe] sewo dzi la, emae nana míenyana be míeva dze sii.” (1 Yohanes 2:3) Edze ƒãa azɔ be nu vevi si wòhiã be míawɔ hafi akpɔ ɖeɖe tso nu vɔ̃ kple ku si mee nye be míaxɔ Kristo ƒe tafea dzi ase ahawɔ Kristo ƒe sededewo dzi.

Mɔ vevi ɖeka si dzi míato aɖe Yesu ƒe tafea dzi xɔxɔse afiae nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe kua ŋu to ŋkuɖoɖo eƒe kua dzi abe ale si wòde eƒe see ene me. Hafi Yesu naku la, woa kple eƒe apostolo wɔnuteƒeawo woɖu kpɔɖeŋunu aɖe ɖekae, eye wògblɔ na wo be: “Minɔ esia wɔm hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19) Yehowa Ðasefowo dea asixɔxɔ xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo si le woa kple Mawu ƒe Vi la dome ŋu ale gbegbe, eye wowɔna ɖe eƒe sedede ma dzi. Le ƒe sia me la, woawɔ Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo le Memleɖa, March 22 lia dzi, le ɣeɖoto megbe. Míele kpewòm dzidzɔtɔe be nàva wɔ ɖeka kpli mí le wɔna tɔxɛ sia me, abe ale si Yesu de see ene. Àte ŋu abia Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me woagblɔ gamea kple teƒe si woawɔe le na wò. Ne ède Ŋkuɖodzia ƒe wɔnawo wɔƒe la, àgasrɔ̃ nu geɖe tso nu siwo wòhiã be nàwɔ be Kristo ƒe tafea naɖe wò tso Adam ƒe nu vɔ̃a me tsonu vɔ̃ɖiawo me la ŋu.

Egbea, ame ʋɛ aɖewo koe kpɔ asixɔxɔ gã si gbegbe le vɔsa si wo Wɔlaa kple Via wowɔ hena wo ɖeɖe tso tsɔtsrɔ̃ me la ŋu dze sii. Dzidzɔ tɔxɛ manyagblɔ aɖe sua ame siwo ɖea tafea dzi xɔxɔse fiana la si. Apostolo Petro ŋlɔ tso ehati Kristotɔwo ŋu be: “Mieɖenɛ fiana be yewoxɔ [Yesu dzi] se, eye mietsɔ dzidzɔ manyagblɔ si me ŋutikɔkɔe le la le aseye tsom, esi miexɔa miaƒe xɔse ƒe teƒeɖoɖo, si nye miaƒe luʋɔwo ɖeɖe la ta.” (1 Petro 1:8, 9) Ne ètu lɔlɔ̃ na Yesu Kristo ɖo eye nèɖea eƒe tafevɔsaa dzi xɔxɔse fiana la, dzidzɔ ayɔ wò agbe me fũu, eye ànɔ mɔ kpɔm na ɖeɖe tso nu vɔ̃ kple ku si me.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yesu tsɔ eƒe agbe na tsɔ xe fe si sɔ la ɖe Adam ƒe nu vɔ̃ me tsonuawo ta

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Woawɔ Yesu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi wɔnawo le Memleɖa, March 22, 2008, dzi, le ɣeɖoto megbe