Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Josephus Ŋutɔe Ŋlɔea?

Josephus Ŋutɔe Ŋlɔea?

Le Flavius Josephus, si nye ŋutinyaŋlɔla le ƒe alafa gbãtɔ me, ƒe agbalẽ si nye Jewish Antiquities, Babla 20 lia me la, eƒo nu tso “Yakobo” ƒe ku ŋu eye wògblɔ be “enye Yesu, ame si woyɔna be Kristo la, nɔvi.” Agbalẽnyala geɖe lɔ̃ ɖe edzi be Josephus ye ŋlɔ nya siawo. Gake ɖewo ke ɖi nya bubu si wògblɔ ku ɖe Yesu ŋu le eƒe agbalẽ ma ke me. Nuŋlɔɖi ma, si woyɔna be Testimonium Flavianum, gblɔ be:

“Ɣemaɣi la, Yesu, ame si nya nu ŋutɔ la nɔ nukudɔwo wɔm—eyɔyɔ be ame mede edeƒe hafi o. Enye nufiala si ƒe nyawo dea dzi gbɔ na nyateƒea xɔlawo. Ehe Yudatɔwo kple Dukɔwo me tɔ geɖewo ɖe eɖokui ŋu. Eyae nye Kristo [la]; eye esi míaƒe ame ŋkutawo ƒoe ɖe Pilato nu wògblɔ be woaklãe ɖe atitsoga ŋu la, ame siwo lɔ̃e tso gɔmedzedzea me la megblẽe ɖi o, elabena eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke etɔ̃agbe esi wofɔe ɖe tsitre, abe ale si tututu Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔ esia kple nyagblɔɖi akpe bubu geɖewo ɖi tso eŋu la ene; ke etɔ siwo woyɔna be Kristotɔwo kpɔtɔ li va se ɖe egbegbe.”—Josephus—The Complete Works, si gɔme William Whiston ɖe.

Tso ƒe alafa 16 lia ƒe nuwuwu ke la, ame siwo xɔe se be Josephus ye ŋlɔ nya siawo kple ame siwo mexɔe se o la ʋli nya le wo nɔewo dome vevie. Franseawo ƒe blemaŋutinyaŋlɔla, Serge Bardet, dze agbagba be yeakpɔ ta na nya si ʋlim amewo le ƒe alafa geɖee nye esia la. Eŋlɔ nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖe eƒe agbalẽ aɖe me; agbalẽa ƒe tanyae nye Le Testimonium Flavianum—Examen historique considérations historiographiques (Testimonium Flavianum La Ƒe Ŋutinya Me Kuku Tsitotsito).

Menye Kristotɔe ŋutinyaŋlɔla Josephus nye o. Yudatɔwo ƒe ŋutinyaŋlɔlae wònye; eya ta nu si he nyaʋiʋlia vɛ koŋue nye ale si wòyɔ Yesu be eyae nye “Kristo la.” Le Bardet ƒe numekuku me la, egblɔ be asitɔnudzinyakui si Josephus zã la “sɔ pɛpɛpɛ ɖe ale si woŋlɔa amewo ƒe ŋkɔ le Helagbe me nu.” Bardet gblɔ kpee be, le Yudatɔ siwo nye Kristotɔwo gome la, “Christos si Josephus zã la menye nu wɔmoya aɖeke o,” evɔ esia tututue nye nya vevi “si dzi ɖikela akpa gãtɔ ŋe aɖaba ƒu vodadatɔe.”

Ðe wòanye be ameflula aɖee ŋlɔ nya mawo be wòadze abe Josephus ƒe nuŋlɔɖiwoe wonye enea? Bardet wɔ numekuku le ŋutinya kple nuŋlɔɖiawo ŋutɔ ŋu eye wòƒo nya ta be esia manya wɔ o, elabena “atsyã si Josephus tsɔ ŋlɔa nui la le etɔxɛ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu asrɔ̃e pɛpɛpɛ nenema gbegbe o.”

Ke nu ka ƒe ɖi kem amewo kpɔtɔ le? Bardet ke ɖe nyaa ƒe ke ŋu, eye wògblɔ be, “amewo le ɖi kem le Testimonium la ŋu wu blemanuŋlɔɖi bubuawo katã le esi wotsɔ nya ɖe Testimonium la ŋu ta ko.” Egblɔ kpee be “amewo ŋutɔ ƒe nukpɔsusu” dzie wonɔ te ɖo le nya hem le ƒe alafa geɖe siawo katã me le esi womedi be yewoaxɔ nyateƒenya sia dzi ase be Yesue nye Kristo la o ta.

Míenya ne Bardet ƒe numekuku siawo ana agbalẽnyalawo natrɔ nukpɔsusu si le wo si ku ɖe Testimonium Flavianum la ŋu ya o. Gake esia kpɔ ŋusẽ ɖe Pierre Geoltrain, si nya nu tso Yudatɔ siwo srɔ̃ blema Helatɔwo ƒe kɔnuwo kpakple Kristotɔ gbãtɔwo ƒe ŋutinya ŋu la dzi. Tsã la, meda asi ɖe Testimonium la dzi kura o, eye wòɖua fewu le ame siwo xɔ emenyawo dzi se la ŋu gɔ̃ hã. Gake etrɔ susu. Egblɔ be Bardet ƒe numekukuae na yetrɔ susu. Geoltrain gblɔ be, “tso fifia la, ame aɖeke megate kpɔ be yeake ɖi Josephus ƒe nuŋlɔɖiawo azɔ o.”

Kpeɖodzi si de ŋgɔ wu bubu ɖe sia ɖe dzie Yehowa Ðasefowo ya nɔ te ɖo xɔe se be Yesue nye Kristo la—eyae nye Biblia la ŋutɔ me nyawo.—2 Tim. 3:16.