Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Nyuie Be Nàgazã Biblia Abe Afakagbalẽ Ene O

Kpɔ Nyuie Be Nàgazã Biblia Abe Afakagbalẽ Ene O

“MAWU ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu.” (Heb. 4:12) To nya siawo dzi la, apostolo Paulo ɖe eme be ŋusẽ le Mawu ƒe nya la ŋu be wòaʋã amewo ƒe dzi eye wòatrɔ woƒe agbenɔnɔ.

Gake susu totro va su amewo si ku ɖe Biblia me gbedeasia ƒe ŋusẽ ma ŋu tso esime xɔsegbegbe si ŋu nya wogblɔ ɖi la va xɔ aƒe ɖi le apostoloawo ƒe ku megbe. (2 Pet. 2:1-3) Ɣeyiɣi aɖe megbe la, sɔlemehaŋgɔnɔlawo va fiaa nu be akunyawɔwɔ ƒe ŋusẽwo le Mawu ƒe Nya la me. Nufialagã Harry Y. Gamble ŋlɔ nu tso “Kristotɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo zazã le akunyawɔwɔ me” ŋu. Eŋlɔ bena, le ƒe alafa etɔ̃lia me la, Sɔlemeha Fofo si woyɔna be Origen gblɔ be “nya kɔkɔewo sese ɖe to me ɖeɖe dzaa ɖea vi le mɔ aɖewo nu: ne ŋusẽ le nyawo ŋu le trɔ̃subɔlawo ƒe akunyawɔwɔ me la, aleke gbegbe ŋusẽ anɔ ŋɔŋlɔawo me nya siwo tso Mawu gbɔ la ŋue nye esi.” John Chrysostom si nɔ agbe le ƒe alafa enelia ƒe nuwuwu la ŋlɔ bena “abosam matee kpɔ be yeate ɖe aƒe aɖe si me Nya Nyui Gbalẽawo dometɔ aɖe le la ŋu o.” Egblɔ hã be ame aɖewo tsɔa Nya Nyui Gbalẽawo ƒe akpa aɖe kua kɔ abe atiblɛ sesẽ aɖe ene. Nufialagã Gamble gblɔ kpee be Katolikotɔwo ƒe mawunyaŋununyala Augustine bui be “mɔɖeɖe li be ame natsɔ Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa ade eƒe suɖui te ada ta ɖe edzi ne ta le eɖum”! Alea ye wòdzɔe be wova zãa Biblia me nyawo na akunyawɔwɔ. Ðe nàbu Biblia be enye atiblɛ alo aklamagbalẽ si ate ŋu akpɔ tawò tso vɔ̃ mea?

Ðewohĩ, mɔ aɖe si bɔ ŋutɔ, si nu wozãa Biblia le mɔ gbegblẽ nu, ye nye ezazã abe afakagbalẽ ene. Nu kae esia fia? Efia agbalẽ aɖe alo, zi geɖe la, Biblia la, ʋuʋu zi ɖeka adze eƒe axa ɖe sia ɖe dzi eye woaxlẽ nya ɖe sia ɖe si ŋkua nya kli gbã ko kple susu be nya ma ana mɔfiame si hiã. Le kpɔɖeŋu me, le Nufialagã Gamble ƒe nya nu la, Augustine se ɖevi aɖe ƒe gbe gbe ɖeka le aƒe si te ɖe eŋu la me wònɔ gbɔgblɔm be: “Tsɔe nàxlẽe, tsɔe nàxlẽe.” Augustine xɔe se be Mawu ƒe sededee nye ema be yeaʋu Biblia eye yeaxlẽ nya gbãtɔ si yeƒe ŋku nya kli ko.

Èsee kpɔ be, ne ame aɖewo le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, wodoa gbe ɖa na Mawu eye eyome woʋua Biblia zi ɖeka dzea axa aɖe dzi kple susu be kpukpui gbãtɔ si yewoƒe ŋku nya kli ko la akpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ kuxia gbɔa? Togbɔ be susu nyui aɖee anya nɔ wo si hã la, menye mɔ ma dzie wòle be Kristotɔwo nato adi mɔfiafia tso Ŋɔŋlɔawo me o.

Yesu ka ɖe edzi na eƒe nusrɔ̃lawo be yeaɖo “kpeɖeŋutɔ . . . , si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la” ɖe wo. Eyi edzi gblɔ be: “Eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.” (Yoh. 14:26) Nya siawo to vovo sãsãsã tso Biblia zazã abe afakagbalẽ ene gbɔ, elabena esia ya mebiana be Ŋɔŋlɔawo me sidzedze aɖe nasu ame si o.

Biblia zazã abe afakagbalẽ ene kple le mɔ bubu siwo mesɔ o nu bɔ ŋutɔ. Gake Mawu ƒe Nya la ƒo nu tsi tre ɖe afakaka ŋu. (3 Mose 19:26; 5 Mose 18:9-12; Dɔw. 19:19) “Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu,” gake ele be míanya ezazã nyuie. Biblia me sidzedze vavãtɔ ye naa ame ƒe agbe nyona ɖe edzi, ke menye Biblia zazã abe afakagbalẽ ene ye o. Esi sidzedze sia va su ame geɖe si la, ekpe ɖe wo ŋu wova le agbe nyui nɔm, woɖe asi le agbenɔnɔ siwo gblẽa nu le ame ŋu la ŋu, wodo ŋusẽ woƒe ƒomegbenɔnɔ, eye ƒomedodo nyui va le woa kple Biblia Ŋlɔla dome.